Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Mele Ŋutifafa Me Kple Mawu Kpakple Nɔnye Azɔ

Mele Ŋutifafa Me Kple Mawu Kpakple Nɔnye Azɔ

NƆNYE biam kple dziku be: “Nu ka koŋ tae mègadi be yeasubɔ mía tɔgbuiwo o? Mènyae be woawo tae nèle agbe ɖo oa? Ko màgada akpe aɖeke na wo oa? Aleke wɔ nàtsɔ dekɔnu si mía tɔgbuitɔgbuiwo gblẽ ɖi na mí aƒu gbe nenema? Ne ègbe be yemasubɔ mía tɔgbuiawo oa, ke èle gbɔgblɔm be míaƒe subɔsubɔa nye bometsinu.” Esi Dada gblɔ nya siawo vɔ ko la, eto avi.

Ɣleti aɖewo do ŋgɔ na nudzɔdzɔ sia la, Yehowa Ðasefowo do Biblia sɔsrɔ̃ ɖe Dada gbɔ. Medi be yeasrɔ̃ nua o, gake be wòade bubu wo ŋu ta la, ewɔ ɖoɖo be woasrɔ̃e kplim boŋ. Ke fifia edo dziku ɖe ŋunye, evɔ mewɔ esia ɖe ŋunye kpɔ o, elabe mebɔbɔa ɖokuinye heɖoa toe ɣesiaɣi. Gake nyemate ŋu aɖo toe le nya sia ya me o le esi medi be mado dzidzɔ na Yehowa ta. Menɔ bɔbɔe nam kura o, gake Yehowa do ŋusẽm.

MESRƆ̃ NU TSO YEHOWA ŊU

Buddhatɔwoe míaƒe ƒomea nye abe Japantɔ akpa gãtɔ ke ene. Gake esi Yehowa Ðasefowo srɔ̃ nu kplim ɣleti eve pɛ ko la, meva ka ɖe Biblia dzi be enye nyateƒe. Esi mesrɔ̃e be Fofo aɖe le asinye le dziƒo la, medi vevie be manya eyama nyuie. Le gɔmedzedzea la, nye kple Dada míeɖoa dze tso nu siwo srɔ̃m menɔ ŋu dzidzɔtɔe. Eye medze kpekpeawo dede gɔme le Fiaɖuƒe Akpata me le Kwasiɖagbewo. Esi mesrɔ̃ nua yi ŋgɔ vie la, megblɔ na Dada be nyemagate ŋu akpɔ gome le Buddhatɔwo ƒe kɔnuwo me o. Eƒe mo trɔ enumake. Egblɔ kple vevesese be, “Ŋukpe blibo wònye be ƒomea me tɔ aɖe nagbe mía tɔgbuiwo subɔsubɔ.” Ede se nam be madzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃ kple kpekpeawo dede. Nye mo koe da tu! Nyemekpɔ mɔ be agblɔ nya sia o. Menye danye si menyae nye esia o.

Papa hã wɔ ɖeka kple Dada. Mesrɔ̃e le Efesotɔwo ta 6 lia me be Yehowa di be maɖo to dzinyelawo. Medi be manɔ ŋutifafa me kple ƒomea ake, eya ta mebui be ne meɖo to wo la, woawo hã woaɖo tom mlɔeba. Ɣemaɣi menɔ dzadzram ɖo na sukudodokpɔ ŋɔŋlɔ, eya ta melɔ̃ be mawɔ ɖe dzinyelawo ƒe gbe dzi ɣleti etɔ̃. Medo ŋugbe na Yehowa be ne ɣeyiɣi ma nya de ko la, magadze kpekpeawo dede gɔme.

Gake mekui wòɖuɖu! Gbã, mesusui be le ɣleti etɔ̃ megbe la, didi si nɔ menye be masubɔ Yehowa la akpɔtɔ anɔ menye. Gake ɖe nye kplii dome ƒomedodoa me gbɔdzɔ boŋ. Evelia, Papa kple Dada gawɔ avu ŋkubiãtɔe wu be madzudzɔ Yehowa subɔsubɔ kura.

KPEKPEÐEŊU KPLE TSITRETSIÐEŊU

Medo go Ðasefo geɖe siwo hã ƒe ƒometɔwo le tsitre tsim ɖe wo ŋu la le Fiaɖuƒe Akpataa me. Woka ɖe edzi nam be Yehowa ado ŋusẽm. (Mateo 10:34-37) Wogblɔ be nye ƒometɔwo ate ŋu ava srɔ̃ nyateƒea ne meyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa. Meɖoe be maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eya ta meƒo koko nɛ vevie be wòakpe ɖe ŋunye.

Fifia nye ƒometɔwo va zã ayemɔ bubuwo. Dada ɖea kuku nam vevie be madzudzɔ nua sɔsrɔ̃, eye wòdea ŋugble kplim. Zi geɖe la, ɖeko meɖoa asi nu. Ne mebe make nu la, glãka ko míayi hehe ge le esi mía dometɔ ɖe sia ɖe bu be ye tɔe nye dediea ta. Emegbe meva de dzesii be ne ɖe mebua Dada ƒe seselelãme kple dzixɔsewo ŋu la, anye ne nuwo aka ɖe eme vie wu. Dzinyelawo ɖoa aƒemedɔ gbogbo aɖe nam ale be nyemagado go o. Ɣeaɖewoɣi kaka magbɔa, wodoa agbo ɖe nunye, alo womekaa nuɖuɖu dana ɖi nam o.

Dada bia amewo be woakpe ɖe ye ŋu ne matrɔ susu. Esamam na nye sukunufiala, gake medze edzi o. Dada kplɔm yi eƒe dɔmemegã gɔ̃ hã gbɔ be wòaƒo nu nam ne makpɔe be sɔlemehawo katã nye tofloko. Eƒoa ka na míaƒe ƒometɔ bubuwo ɖea kuku na wo kple avi be woaxɔ na ye. Esia te ɖe dzinye ŋutɔ. Gake ne meyi kpekpe la, hamemetsitsiwo dea dzi ƒo nam be ne Dada le nu si le dzɔdzɔm gblɔm na ƒometɔwo la, ɖase boŋ ɖim wòle na wo.

Dzinyelawo di be made yunivɛsiti ne makpɔ dɔ gã aɖe awɔ. Gake nyahehe vivivo wɔe be míete ŋu kpɔ ta na nya sia o, eya ta eva hiã be maŋlɔ lɛta geɖewo na wo atsɔ aɖe taɖodzinu si le asinye me na wo. Dzi ku Papa gbe ɖeka ale gbegbe be wògblɔ be, “Ne èsusu be yeate ŋu akpɔ dɔ aɖe awɔa, ke mena wò ètsɔ ɖeka pɛ ko, ne menye nenema oa, àkpɔ ɖokuiwò le agboa godo.” Medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye. Le ŋufɔke tututu esi míenɔ gbeadzi la, nɔvinyɔnu eve bia tso asinye be mava nɔ nu fiam yewo viwo ne yewoanɔ fe xem nam. Gake nu bliboa le dɔme vem na Papa, eya ta megadea nu ŋunye kura o. Dada gblɔ gɔ̃ hã be anyo na ye wu be manye hlɔ̃dola wu be manye Yehowa Ðasefo.

Yehowa kpe ɖe ŋunye meɖɔ nye susu ɖo eye meɖe afɔ nyuitɔ

Ɣeaɖewoɣi mebua tame nenye be Yehowa adi be matsi tre ɖe dzinyelawo ŋu alea gbegbe. Eya ta medo gbe ɖa na Yehowa, eye mede ŋugble le nya siwo Biblia gblɔ tso eƒe lɔlɔ̃ ŋu la ŋuti. Ale meva se egɔme be esi dzinyelawo lɔ̃m hetsi dzi ɖe ŋunye tae wole tsitre tsim ɖe ŋunye ɖo. Yehowa kpe ɖe ŋunye meɖɔ nye susu ɖo eye meɖe afɔ nyuitɔ. Azɔ hã, zi ale si mele gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me la, zi nenemae wòle nunye vivim. Meva ɖoe be mazu gbesiagbe mɔɖela.

MƆÐEÐEDƆA WƆWƆ

Esi nɔvinyɔnu aɖewo se be medi be mawɔ mɔɖeɖedɔa la, woɖo aɖaŋu nam be malala ne dzinyelawo ƒe dzi nadze eme gbɔ. Medo gbe ɖa bia nunya, meku nu me hede ŋugble le susu siwo ta medi be mawɔ mɔɖeɖedɔa ŋu, eye meɖo dze tso eŋu na nɔvi kpɔnuteƒewo. Metso nya me be mawɔ nu si ado dzidzɔ na Yehowa. Mekpɔe be ne melala ɣeyiɣi aɖe hafi dze mɔɖeɖedɔa gɔme gɔ̃ hã la, dzinyelawo atsi tsitre ɖe ŋunye kokoko.

Medze mɔɖeɖedɔa gɔme esi menɔ sekɛndrisuku (lycée) ƒe xɔ mamlɛa me. Esi mewɔ mɔɖeɖedɔa vie la, medi be mayi aɖawɔ dɔ le nuto siwo me gbeƒãɖelawo hiã le wu. Gake ‘vi menyea mĩ ɖe tɔa ƒe ata dzi wòtsɔa hɛ kpanɛ o,’ eya ta Papa kple Dada gbe be nyemegaʋu le aƒea me o. Esia na melala ʋuu xɔ ƒe 20. Eye mebia be alɔdzedɔwɔƒea naɖom ɖe Japan ƒe anyiehe, afi si gogo nye ƒometɔwo, ale be Dada nagatsi dzi fũu o.

Dzi dzɔm ŋutɔ be mekpe ɖe nye Biblia nusrɔ̃vi geɖe ŋu le afi ma woɖe adzɔgbe xɔ nyɔnyrɔ. Mesrɔ̃ Eŋlisigbe be mate ŋu awɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me. Dzo si le mɔɖela vevi eve siwo le míaƒe hamea me la me kple ale si wokpe ɖe ame geɖe ŋu ʋãm medi be nye hã mazu mɔɖela vevi. Ɣemaɣi dada dze dɔ vevie zi eve, eye metrɔ yi aƒe ɖakpɔ edzi. Esia wɔ nuku nɛ, eye eƒe nuwɔwɔ ɖe ŋunye ka ɖe eme vie.

YEHOWA YRAM GEÐE

Ƒe adre megbe la, mɔɖela vevi siwo ŋu meƒo nu tsoe dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Atsushi, ŋlɔ lɔlɔ̃gbalẽ ɖo ɖem. Edi be yeaɖe srɔ̃, eye wòdi be yeanya ne melɔ̃ ye. Ŋutsu kple nyɔnu dome lɔlɔ̃ menɔ menye na Atsushi gbã o, eye nyemebui ɖe eya hã ŋu o. Ɣleti ɖeka megbe la, meɖo agbalẽa ŋu nɛ be adzɔ dzi nam be manyae nyuie. Míeva kpɔe be míaƒe taɖodzinuwo sɔ. Mí katã míedi be míayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi, eye míelɔ̃ faa be míawɔ dɔ sia dɔ si wode mía si. Eya ta emegbe míeɖe mía nɔewo. Dzi dzɔm ŋutɔ be Papa, Dada kple ƒometɔ bubuwo va míaƒe srɔ̃ɖeƒea.

Nepal

Le esia megbe kpuie esi míekpɔtɔ nɔ mɔɖeɖedɔ wɔm la, woɖo Atsushi nutome sue dzikpɔla teƒenɔla. Emegbe mí ame evea míezu mɔɖela veviwo eye eyome woɖo srɔ̃nye nutome sue dzikpɔla. Esi míesubɔ hame siwo katã le míaƒe nutome suea me zi gbãtɔ teti ko la, alɔdzedɔwɔƒea ƒo ka na mí. Wobia mí nenye be míalɔ̃ aʋu ayi Nepal aɖawɔ dzikpɔkpɔdɔa le afi ma.

Subɔsubɔ le dukɔ vovovo me na mesrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu

Metsi dzi ɖe ale si dzinyelawo awɔ nui ne wose be meʋu yina didiƒe ŋu. Ewɔ nuku nam be esi meƒo ka na Papa la, egblɔ be, “Teƒe nyui aɖee nye ema nèyina.” Kwasiɖa ɖeka do ŋgɔ la, Papa xɔlɔ̃ aɖe na agbalẽ aɖe si ku ɖe Nepal ŋuti lae, eye Papa gblɔ le eɖokui me be anye teƒe nyui aɖe si yeate ŋu aɖi tsa ayi.

Míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esime míenɔ Nepaltɔ siwo doa vivi ɖe ame ŋu dome. Emegbe wotsɔ Bangladesh hã kpe ɖe míaƒe nutome suea ŋu. Togbɔ be ete ɖe Nepal ŋu hã la, afi ma to vovo kura. Míekpɔ nu vovovowo teƒe le míaƒe subɔsubɔdɔa me. Ƒe atɔ̃ megbe la, wogbugbɔ ɖo mí ɖe Japan afi si míekpɔtɔ le dzikpɔkpɔdɔa wɔm le.

Mesrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu esime míenɔ subɔsubɔm le Japan, Nepal kple Bangladesh. Dukɔ siawo ƒe dekɔnu, nɔnɔme kple agbenɔnɔ to vovo tso wo nɔewo gbɔ. Ame sia ame le etɔxɛ. Mekpɔ ale si Yehowa léa be na ame ɖe sia ɖe, xɔnɛ alɔeve, kpena ɖe eŋu heyranɛ la teƒe.

Nyemate ŋu ada akpe na Yehowa avɔ gbeɖe o. Eʋu mɔ nam meva dze sii hele eƒe dɔ wɔm eye wòna srɔ̃ŋutsu Kristotɔ gbati aɖem. Mawu kpe ɖe ŋunye mewɔ tiatia nyuiwo le agbe me, eye fifia kadodo nyui le nye kplii kpakple nye ƒometɔwo hã dome. Yehowa ve nunye be nye kple Dada míegava zu xɔlɔ̃ veviwo. Dzi le dzɔyem be mele ŋutifafa me kple Mawu kpakple nɔnye azɔ.

Míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nutome sue dzi kpɔkpɔ dɔa me