Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Da Akpe Ðe Yehowa Ƒe Nunanawo Ta

Da Akpe Ðe Yehowa Ƒe Nunanawo Ta

YEHOWA nye Mawu dɔmenyotɔ. (Yakobo 1:17) Nu siwo katã wòwɔ le xexea me la ɖo kpe esia dzi. Ewɔ ɣletivi gbogbo manyaxlẽwo ɖe dziƒo eye wòwɔ nu miemie dzeani hamehamewo ɖe anyigba la dzi.—Psalmo 65:12, 13; 147:7, 8; 148:3, 4.

Psalmo 104 ŋlɔlaa kpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo katã Yehowa wɔ ŋu eye wòkpa ha tsɔ kafui heda akpe nɛ. Ne èxlẽ psalmo ma la, ɖe wò hã nèdaa akpe na Mawu abe hakpalaa enea? Egblɔ be: “Madzi ha na Yehowa le nye agbe me katã; madzi kafukafuha na nye Mawu zi ale si mele agbe.” (Psalmo 104:33) Wò hã èwɔa esia?

DƆMENYONYO ƑE KPƆÐEŊU NYUITƆ

Yehowa di be míasrɔ̃ yeƒe dɔmenyonyo. Eye wògblɔ susu vevi si tae la na mí. Eƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wògblɔ be: “Xlɔ̃ nu ame siwo nye kesinɔtɔwo le fifi nuɖoanyi sia me be, woagado wo ɖokuiwo ɖe dzi o, eye woagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aziɔ ɖe kesinɔnu siwo dzi womate ŋu aka ɖo o la ŋu o, ke boŋ ɖe Mawu, ame si naa nuwo katã mí fũu be wòado dzidzɔ na mí la ŋu. Gblɔ na wo be woawɔ nyui, woanye kesinɔtɔwo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, woaʋu asi me, . . . ale be woadzra kesinɔnu ɖo ɖi dedie na wo ɖokuiwo, wòanye gɔmeɖoanyi nyui na etsɔ si gbɔna, be woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.”—1 Timoteo 6:17-19.

Le agbalẽ evelia si Paulo ŋlɔ na Korintotɔwo me la, eƒo nu tso nu si wòle be wòaʋã mí míana nu ŋu. Egblɔ be: “Ame sia ame newɔ abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o, elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.” (2 Korintotɔwo 9:7) Ne míena nu ame la, ame kae wòɖea vi na? Paulo gblɔ be eɖea vi na amewo elabe míekpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo, gake ‘nudonavila megbea asi ɖuɖɔ o,’ eya ta Yehowa yraa míawo hã ɖe eta.—2 Korintotɔwo 9:11-14.

Eyome Paulo he susu yi Mawu ƒe dɔmenyo gãtɔ dzi esi wògblɔ be: “Woada akpe na Mawu le eƒe nunana faa si wu gbɔgblɔ la ta.” (2 Korintotɔwo 9:15) Yehowa ƒe “nunana faa” la ƒe ɖewoe nye nu nyui siwo katã wɔm wòle na mí to Yesu Kristo dzi. Nya aɖeke meli míatsɔ aɖɔ asixɔxɔ si gbegbe le nunana sia ŋu wòade edeƒe o.

Aleke míaɖee afia be míedaa akpe ɖe nu nyui siwo katã wɔm Yehowa kple Yesu le na mí ta? Míewɔa esia ne míezãa míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, ga kple nunɔamesiwo le Yehowa subɔsubɔ me, eye míekpena ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu tso eyama ŋu. Míate ŋu anyo dɔme alea míeɖanye kesinɔtɔwo loo alo ame dahewo o.—1 Kronika 22:14; 29:3-5; Luka 21:1-4.