Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Gɔmeɖeɖe Si Me Agbe Le!

Biblia Gɔmeɖeɖe Si Me Agbe Le!

“Mawu ƒe nya la le agbe.”—HEBRITƆWO 4:12.

HADZIDZI: 37, 116

1. (a) Dɔ kae Mawu de Adam si? (b) Aleke Mawu ƒe amewo le gbegbɔgblɔ ƒe nunanaa zãm tso ɣemaɣi va ɖo fifia?

YEHOWA MAWU na gbegbɔgblɔ ƒe nunana mí amegbetɔwo. Mawu de dɔ asi na Adam le Eden-bɔa me be wòatsɔ ŋkɔ na lãwo katã. Adam tsɔ ŋkɔ si ŋu gɔmesese le la na lã ɖe sia ɖe. (1 Mose 2:19, 20) Mawu ƒe amewo le gbegbɔgblɔ ƒe nunanaa zãm tsɔ le Yehowa kafum hele eŋunya gblɔm na amewo tso ɣemaɣi va ɖo fifia. Eye ƒe aɖewoe nye esia la, míele nunana sia zãm tsɔ le Biblia gɔme ɖem ale be ame geɖe nava srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu.

2. (a) Mɔfiame kawo dzie Xexe Yeye Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmitia zɔ ɖo le woƒe dɔa wɔwɔ me? (b) Nu ka ŋue míasrɔ̃ nu tsoe le nyati sia me?

2 Biblia gɔmeɖeɖe akpe geɖe ye li, gake ɖewo me nyawo de pɛpɛpɛ wu ɖewo. Be Xexe Yeye Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmitia naɖe Biblia gɔme wòade pɛpɛpɛ la, woɖoe be yewoazɔ ɖe mɔfiame vevi etɔ̃ siawo dzi: (1) Yewoade bubu Mawu ƒe ŋkɔa ŋu ahazãe le eƒe Nya la me le teƒe siwo katã wòdze le le nuŋlɔɖi gbãtɔawo me. (Xlẽ Mateo 6:9.) (2) Yewoaɖe gbe gbãtɔawo me nyawo gɔme tẽe, nya-ɖe-nya-nu, ne esia anya wɔ. Ne manya wɔ o la, ekema yewoaɖe gɔmesese si tututu le nyaa ŋu me wòade pɛpɛpɛ. (3) Yewoazã nya siwo gɔme amewo ase, eye exexlẽ nanɔ bɔbɔe na wo. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) (Xlẽ Nehemiya 8:8, 12.) Mɔfiame vevi etɔ̃ siawo ke dzie míaƒe gbegɔmeɖelawo zɔ ɖo heɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 130 me. Le nyati sia me la, míakpɔ ale si Eŋlisigbe me Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe si me wogbugbɔ to le ƒe 2013 me la gɔmeɖelawo kpakple ame siwo ɖe egɔme ɖe gbe bubuawo me wɔ mɔfiame siawo dzii.

BIBLIA SI DEA BUBU MAWU ƑE ŊKƆ ŊU

3, 4. (a) Blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ kawo mee Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo dze le? (b) Nu kae Biblia gɔmeɖela geɖe wɔ na Mawu ƒe ŋkɔa?

3 Wotsɔ Hebrigbe me xaxagbeɖiɖi ene ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔe, eye míeyɔnɛ zi geɖe be Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo. Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo dze le Hebrigbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ geɖewo, abe Ƒukukua Ƒe Agbalẽ Xatsaxatsawo ene, me. Edze le Helagbe me Septuagint (Septante) aɖewo hã me. Woŋlɔ agbalẽ siawo ƒe xoxotɔwo le keke ƒe 200 Do Ŋgɔ Na Yesu me ke, eye woŋlɔ mamlɛtɔawo le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli me. Ale si Mawu ƒe ŋkɔ dze zi geɖe le blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔwo me la wɔa nuku na ame geɖe.

Ale si Mawu ƒe ŋkɔ dze zi geɖe le blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔwo me la wɔa nuku na ame geɖe

4 Edze ƒãa be ele be Mawu ƒe ŋkɔ nanɔ Biblia me. Ke hã womezã Mawu ƒe ŋkɔ le Biblia gɔmeɖeɖe geɖe me o. Le kpɔɖeŋu me, ƒe eve le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Eŋlisigbe me tɔa ɖeɖe go megbe la, Biblia habɔbɔ aɖe hã ɖe American Standard Version si me wogbugbɔ to ɖe go. Wozã Mawu ƒe ŋkɔ le ƒe 1901 ƒe tataa me, gake womezãe le esi me wogbugbɔ to le ƒe 1952 me ya me o. Nu ka tae? Gbegɔmeɖela mawo susui be “mesɔ kura” be woazã Mawu ƒe ŋkɔ o. Biblia gɔmeɖela geɖe, esiwo ɖe egɔme ɖe Eŋlisigbe kple gbe bubuawo me siaa, to woƒe ʋe me.

5. Nu ka tae wòle vevie be woazã Mawu ƒe ŋkɔ le Biblia me?

5 Ðe nane gblẽ le eŋu ne gbegɔmeɖelawo mezã Mawu ƒe ŋkɔa oa? Ɛ̃! Elabe Yehowa, si nye Biblia Ŋlɔla, di be amewo nanya yeƒe ŋkɔ. Ele be gbegɔmeɖela nyui nanya taɖodzinu si gbɔ agbalẽ aɖe ŋlɔla di be yeaɖo, eye wòabu esia ŋu le eƒe gbegɔmeɖeɖea me. Mawunyakpukpui geɖewo ɖee fia be Mawu ƒe ŋkɔa le vevie nɛ ŋutɔ, eye wòdi be woade bubu eŋu. (2 Mose 3:15; Psalmo 83:18; 148:13; Yesaya 42:8; 43:10; Yohanes 17:6, 26; Dɔwɔwɔwo 15:14) Esi Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ Biblia la, ena woŋlɔ eƒe ŋkɔ ɖe eme zi akpe geɖe. (Xlẽ Ezekiel 38:23.) Eya ta gbegɔmeɖela siwo mezã Mawu ƒe ŋkɔa o la mede bubu Yehowa ŋu kura o.

6. Nu ka tae míezã Mawu ƒe ŋkɔa le teƒe ade bubu siwo womenɔ le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe tsãtɔ me o la?

6 Kpeɖodzi geɖe wu li egbea siwo ta wòle be míazã Yehowa ƒe ŋkɔa ɖo. Mawu ƒe ŋkɔa dze le Eŋlisigbe me Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe si me wogbugbɔ to le ƒe 2013 me la me zi gbɔ zi 7,216 sɔŋ. Esia fia be ŋkɔa dze le teƒe ade bubu siwo womenɔ le tata si do ŋgɔ nɛ me o. Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsa siwo ŋu woke ɖo ƒe ʋɛ aɖewoe nye esi va yi la dzie míekpɔ wo dometɔ atɔ̃ le. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Ŋkɔ atɔ̃ mawo dze le 1 Samuel 2:25; 6:3; 10:26; 23:14, 16. Adelia dze le Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:18, eye Biblia ƒe blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxo siwo ŋu kakaɖedzi le dzie míenɔ te ɖo tsɔe kpee.

7, 8. Ŋkɔ Yehowa gɔme ɖe?

7 Kristotɔ vavãwo kpɔe be ele vevie be yewoase Mawu ƒe ŋkɔa gɔme nyuie. Eƒe ŋkɔa ƒe gɔmeɖeɖe tẽe ye nye “Enana Wòvaa Eme.” * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Le ƒe siwo va yi me la, míezãa 2 Mose 3:14 si gblɔ be, “Mava Nye Nu Si Metia Be Manye,” le míaƒe agbalẽwo me tsɔ ɖea Mawu ƒe ŋkɔa gɔme. Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia tsãtɔ ɖe eme be Yehowa ŋutɔ tea ŋu va nyea nu sia nu si hiã be eƒe tameɖoɖo nava eme. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Gake esi míeta nyitsɔ laa ɖe nu me kpee be: “Togbɔ be gɔmesese sia hã le ŋkɔ Yehowa si hã la, mese ɖe nu si eya ŋutɔ tiae be yeazu ɖeɖe ko dzi o. Elɔ nu siwo wònana be wovaa eme le eƒe nuwɔwɔwo gome kple eƒe tameɖoɖo me vava gome hã ɖe eme.”

8 Yehowa nana eƒe nuwɔwɔwo va zua nu sia nu si wòdi be woanye. Le kpɔɖeŋu me, Mawu na Noa zu aɖakaʋukpala, Bezalel zu aɖaŋudɔwɔla bibi, Gideon zu aʋawɔla kalẽtɔ, eye Paulo zu dutanyanyuigblɔla. Eya ta gɔmesese vavã le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu na esubɔlawo, eye esia tae Xexe Yeye Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmitia zãe le gɔmeɖeɖe sia me ɖo.

9. Nu ka tae míaƒe ŋku biã ɖe Biblia gɔme ɖeɖe ɖe gbe bubuwo me ŋu?

9 Wole Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ɖem ɖa le Biblia gɔmeɖeɖe geɖewo me. Wozãa bubuŋkɔ “Aƒetɔ” alo “Mavɔmavɔtɔ” alo nutoa me mawu aɖe ƒe ŋkɔ boŋ ɖe eteƒe. Susu sia koŋ tae Dɔdzikpɔha la kpɔe be ele vevie ŋutɔ be Biblia si dea bubu Mawu ƒe ŋkɔ ŋu nasu gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ dolawo si. (Xlẽ Malaki 3:16.) Va se ɖe fifia la, míezã Yehowa ƒe ŋkɔ le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia siwo le gbegbɔgblɔ siwo wu 130 me la me, eye esia le ŋkɔa dom ɖe dzi.

GƆMEÐEÐE SI ME KƆ HEDE PƐPƐPƐ

10, 11. Nu kawoe ɖe fu na mí esi míenɔ Eŋlisigbe me Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe xoxoa gɔme ɖem ɖe gbe bubuwo me?

10 Míedo go kuxi aɖewo esi míenɔ Eŋlisigbe me Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe xoxoa gɔme ɖem ɖe gbe bubuwo me. Le kpɔɖeŋu me, wozã Hebrigbe me nya “Sheol” le Nyagblɔla 9:10 kple mawunyakpukpui bubu aɖewo me. Eŋlisigbe me Biblia geɖewo hã zã nya sia. Gake manya wɔ be woazã nya ma le degbe geɖewo me o, elabena gbea dolawo menya Hebrigbe me nya “Sheol” o. Mele woƒe nyagɔmeɖegbalẽwo me o, eye wo dometɔ aɖewo susui gɔ̃ hã be teƒe aɖe ŋkɔe. Le susu siawo ta la, woɖe mɔ na míaƒe gbegɔmeɖelawo be woaɖe Hebrigbe me nya “Sheol” kpakple Helagbe me nya “Hades” gɔme be “Yɔdo” alo “Tsiẽƒe.” Gɔmeɖeɖe sia de pɛpɛpɛ eye wòna nyaa me kɔ.

11 Hebri kple Helagbe me nya siwo wozãna na “luʋɔ” hã gɔme ɖeɖe ɖe gbe aɖewo me sesẽ. Le gbe siawo me la, nya “luʋɔ” fiaa ŋɔli alo nane si doa go le ame me le eƒe ku megbe. Be nuxlẽlawo nagatɔtɔ o la, woɖe mɔ na gbegɔmeɖelawo be woaɖe nya “luʋɔ” gɔme wòasɔ ɖe gɔmesese si le eŋu le kpukpui ɖe sia ɖe me nu. Woɖe gɔmesese vovovo siwo le nya “luʋɔ” ŋu me le yevugbe me Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe si ŋu numeɖeɖewo kpe ɖo la ƒe megbenyawo me. Azɔ hã míede nyatakaka vevi siwo ku ɖe Hebri kple Helagbe me nyawo ŋu la etenuŋɔŋlɔwo me, ale be Biblia me nyawo ŋutɔ xexlẽ kple wo gɔme sese nanɔ bɔbɔe.

Kɔmitia me tɔwo dzro nya akpe geɖe siwo míaƒe Biblia gɔmeɖelawo bia me

12. Tɔtrɔ bubu kawoe míewɔ le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe si le mía si fifia me?

12 Nya bubu geɖe siwo míaƒe gbegɔmeɖelawo bia la na míekpɔ Biblia me nya siwo gɔme amewo ate ŋu ase bubui. Eya ta le September 2007 me la, Dɔdzikpɔha la da asi ɖe edzi be woagbugbɔ ato Eŋlisigbe me tataa me. Kɔmitia me tɔwo dzro nya akpe geɖe siwo míaƒe Biblia gɔmeɖelawo bia me. Eye wotsɔ Eŋlisigbe me nya siwo zãm amewo le egbea ɖɔli nyagbe tsitsiwo, si wɔe be emenyawo xexlẽ kple wo gɔme sese va le bɔbɔe wu evɔ wòhede pɛpɛpɛ. Biblia siwo gɔme míeɖe ɖe gbe bubuwo me nyitsɔ laa hã kpe ɖe mía ŋu míetrɔ asi le Eŋlisigbe me tɔa ŋu nyuie wu.—Lododowo 27:17.

NƆVIWO ÐE ŊUDZEDZEKPƆKPƆ GÃ FIA

13. Aleke nɔvi geɖe ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe Biblia yeyea ŋu?

13 Aleke ame geɖe se le wo ɖokui me ɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia yeyea ŋu? Nɔvi akpe geɖe ɖo akpedalɛtawo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Biblia la le abe aɖaka si me sikanuwo yɔ fũu ene. Ne mele Yehowa ƒe nyawo xlẽm [le míaƒe Biblia yeyea me] la, ɖeko wòle abe ɖe mele ŋku lém ɖe sikanu ɖe sia ɖe ƒe akpa vovovowo kple eƒe amadedewo kpakple eƒe atsyɔ̃ ŋu ene. Ale si wozã nya bɔbɔewo tsɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo gɔme la kpe ɖe ŋunye meva nya Yehowa nyuie wu, eye wòva le nam abe fofonye si kpla asi kɔ nam eye wòle eƒe nya viviwo xlẽm nam ene.” Nɔvi geɖewo hã se le wo ɖokui me alea.

14, 15. Aleke nɔvi geɖe se le wo ɖokui me esi Xexe Yeye Gɔmeɖeɖea su wo si le wo degbe me?

14 Ame siwo menye Eŋlisigbedolawo o hã da akpe ɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ta. Nɔviŋutsu tsitsi aɖe si tso Sofia, le Bulgaria, gblɔ tso Bulgariagbe me tɔa ŋu be: “Ƒe geɖee nye esia mele Biblia xlẽm, gake nyemexlẽ gɔmeɖeɖe aɖeke si me nyawo gɔme sese le bɔbɔe eye wogena ɖe ame ƒe dzi me alea kpɔ o.” Nɔvinyɔnu Albaniatɔ aɖe hã gblɔ be: “Aleke Mawu ƒe Nyaa nya se le Albaniagbe mee nye esi! Dzidzɔ gã aɖee wònye nam be Yehowa le nu ƒom na mí le mía degbe me!”

15 Le dukɔ geɖe me la, Biblia xɔ asi eye ekpɔkpɔ sesẽ. Eya ta yayra gãe wònye be woama Biblia na amewo femaxee! Nyatakaka aɖe si míexɔ tso Rwanda gblɔ be: “Ƒe gbogbo aɖee nye esia la, ame siwo mía nɔviwo le Biblia srɔ̃m kplii la dometɔ geɖe meyi ŋgɔ le nyateƒea me o, elabe Biblia mele wo si o. Ga mele wo si woaƒle esi dzram sɔlemehawo le o. Azɔ hã wometea ŋu sea mawunyakpukpui aɖewo gɔme nyuie o, eye esia xea mɔ na woƒe ŋgɔyiyi.” Esi míeta Xexe Yeye Gɔmeɖeɖea le Rwandagbe me la, ƒome aɖe si me ƒewuivi ene le la gblɔ be: “Míeda akpe na Yehowa kple kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa tso dzi me ɖe Biblia si wona mí la ta. Míeda ahe kolikoli, eye ga meli míaƒle Biblia na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe o. Gake fifia Biblia le mía dometɔ ɖe sia ɖe si. Ƒome bliboa ƒoa ƒu xlẽa Biblia gbe sia gbe be míatsɔ ada akpe na Yehowa.”

16, 17. (a) Nu kae Yehowa di na eƒe amewo? (b) Nu kae wòle be míaɖoe kplikpaa awɔ?

16 Míayi edzi anɔ Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia gɔme ɖem ɖe gbe bubuwo me. Satana le nu sia nu si wòate ŋui wɔm be yeatɔ te dɔa, gake míenya be Yehowa di be yeƒe amewo katã nase yeƒe nyawo gɔme nyuie le wo degbe me. (Xlẽ Yesaya 30:21.) Eteƒe madidi o, “sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi, abe ale si tsi yɔ atsiaƒu mee ene.”—Yesaya 11:9.

17 Yi edzi nàwɔ nunana ɖe sia ɖe si tso Yehowa gbɔ, si ƒe ɖee nye Biblia yeye sia, ŋu dɔ nàtsɔ ado Mawu ƒe ŋkɔa ɖe dzi. Na Mawu naƒo nu na wò gbe sia gbe to eƒe Nya la dzi. Eye eya hã le klalo be yease mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe gbedodoɖa. Dzeɖoɖo kple Yehowa to mɔ siawo dzi akpe ɖe mía ŋu míanɔ si dzem eyama geɖe wu, eye míagalɔ̃e ɖe edzi.—Yohanes 17:3.

“Dzidzɔ gã aɖee wònye nam be Yehowa le nu ƒom na mí le mía degbe me!”

^ mm. 2 Kpɔ Megbenyawo A1 le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me kpakple nyati si nye “Aleke Nàwɔ Atia Biblia Gɔmeɖeɖe Nyuitɔ?” le May 1, 2008 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 6 Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo tsi wu Masoretwo ƒe Hebrigbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ la ƒe 1,000 kple edzivɔ.

^ mm. 7 Numekugbalẽ aɖewo ɖe eme alea, gake agbalẽnyalagãwo ƒe nu mesɔ le gɔmesese sia ŋu o.

^ mm. 7 Kpɔ yevugbe me Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe si ŋu numeɖeɖewo kpe ɖo, Megbenyawo 1A, “Ale Si Wozã Mawu Ƒe Ŋkɔa Le Hebri Ŋɔŋlɔawo Me,” axa 1561.