Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa, Mawu Si Lɔ̃na Faa Ƒoa Nu Na Mí

Yehowa, Mawu Si Lɔ̃na Faa Ƒoa Nu Na Mí

“Meɖe kuku, ɖo to, ne maƒo nu.”—HIOB 42:4.

HADZIDZI: 113, 114

1-3. (a) Nu ka tae Mawu ƒe gbegbɔgblɔ de ŋgɔ boo wu amegbetɔwo tɔ? (b) Nu kae míasrɔ̃ le nyati sia me?

YEHOWA di be nuwɔwɔ bubuwo hã nanɔ agbe ahakpɔ dzidzɔ abe ye ene, eya ta ewɔ mawudɔlawo eye emegbe ewɔ amegbetɔwo. (Psalmo 36:9; 1 Timoteo 1:11) Yehowa wɔ ame si apostolo Yohanes yɔ be “Nya la” gbã. (Yohanes 1:1; Nyaɖeɖefia 3:14) Yehowa ɖoa dze kple ame sia si wova yɔ be Yesu hegblɔa eƒe susu kple seselelãmewo nɛ. (Yohanes 1:14, 17; Kolosetɔwo 1:15) Apostolo Paulo gblɔ be gbegbɔgblɔ le mawudɔlawo hã si wotsɔna ƒoa nu kple wo nɔewo, si to vovo kura tso amegbetɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo gbɔ.—1 Korintotɔwo 13:1.

2 Yehowa nya nu sia nu tso mawudɔla miliɔn akpeakpeawo kple amegbetɔ siwo wòwɔ la ŋu. Etea ŋu sea ame miliɔn geɖewo ƒe gbedodoɖa le ɣeyiɣi ɖeka me hesea woƒe nyawo gɔme, gbe ka ke domee woɖale o. Yehowa yia edzi nɔa nu ƒom na mawudɔlawo henɔa mɔ fiam wo esime wòle gbedodoɖa gbogboawo sem. Eme kɔ be hafi Yehowa nate ŋu awɔ esiawo katã la, ele be eƒe susuwo kple gbegbɔgblɔ nade ŋgɔ boo wu amegbetɔwo tɔ. (Xlẽ Yesaya 55:8, 9.) Eya ta ne Mawu di be yeaƒo nu na amegbetɔwo la, edoa gbe si gɔme sese le bɔbɔe ale be woate ŋu ase nya si gblɔm wòle gɔme.

3 Le nyati sia me la, míasrɔ̃ ale si Yehowa ƒoa nu na mí amegbetɔwo le mɔ bɔbɔe nu. Míagakpɔ ale si wòtrɔa mɔ si dzi wòtona ƒoa nu na mí ne nɔnɔmeawo trɔ.

MAWU ƑOA NU NA AMEGBETƆWO

4. (a) Gbe ka mee Yehowa ƒo nu na Mose, Samuel kple David le? (b) Nya kawoe le Biblia me?

4 Anɔ eme be le Eden-bɔa me la, blema Hebrigbe aɖe mee Yehowa ƒo nu na ame gbãtɔ Adam le. Emegbe Yehowa ƒo nu kple amewo abe Mose, Samuel kple David ene. Togbɔ be woawo ŋutɔe ŋlɔ nyawo ɖe Hebrigbe me le woƒe nyagbewo kple nuŋɔŋlɔ ƒe atsyãwo me hãa, Mawu ƒe susuwoe woŋlɔ ɖi. Woŋlɔ nya siwo Yehowa ŋutɔ gblɔ tẽe kpakple ale si Mawu wɔ nu kple eƒe amewo la ŋuti nyawo ɖi. Le kpɔɖeŋu me, woŋlɔ nu tso Mawu ƒe amewo ƒe xɔse kple lɔlɔ̃ si le wo si na Mawu kpakple woƒe vodadawo kple nu siwo me womewɔ nuteƒe le o siaa ɖe Biblia me. Woŋlɔ nya siawo katã ɖi be wòaɖe vi na mí.—Romatɔwo 15:4.

Biblia ŋlɔlawo ŋlɔ nya siwo Yehowa ŋutɔ gblɔ tẽe kpakple ale si Mawu wɔ nu kple eƒe amewo la ŋuti nyawo ɖi

5. Hebrigbe me dzaa koe Mawu ƒo nu na amewo lea? Ðe eme.

5 Menye Hebrigbe me koe Yehowa ƒo nu kple amegbetɔwo le o. Kaka woaɖe asi le Israel-viwo ŋu le Babilon la, wo dometɔ aɖewo nɔ Aramgbe dom gbe sia gbe. Ðewomahĩ ema tae Daniel, Yeremiya kple Ezra woŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖewo ɖe Aramgbe me ɖo.—Kpɔ Ezra 4:8; 7:12; Yeremiya 10:11; kple Daniel 2:4 ƒe etenuŋɔŋlɔwo.

6. Nu ka tae woɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖe Helagbe me?

6 Aleksanda Gãtɔ ɖu xexea ƒe akpa gãtɔ dzi, si na be dukɔ geɖewo me tɔwo va nɔ Helagbe bɔbɔetɔ si woyɔna be Koine dom. Yudatɔ geɖewo hã dze Helagbe dodo gɔme si wɔe be wova ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖe Helagbe me mlɔeba. Woyɔ gɔmeɖeɖe sia be Septuagint (Septante). Esiae nye Biblia gɔmeɖeɖe gbãtɔ kple vevitɔwo dometɔ ɖeka. Numekulawo gblɔ be gbegɔmeɖela 72 ye wɔ dɔa. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Gbegɔmeɖelaawo dometɔ aɖewo ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔme nya-ɖe-nya-nu, evɔ bubuwo mewɔe alea o. Ke hã Yudatɔ Helagbedolawo kple Kristotɔwo siaa xɔe se be Septuagint la nye Mawu ƒe Nya.

7. Gbe kae Yesu do tsɔ fia nu eƒe nusrɔ̃lawo?

7 Anye Hebrigbee Yesu do esime wònɔ anyigba dzi. (Yohanes 19:20; 20:16; Dɔwɔwɔwo 26:14) Anɔ eme hã be ezã Aramgbe me nya aɖewo, siwo ame geɖe zãna ɣemaɣi. Eye ese blema Hebrigbe si Mose kple nyagblɔɖilawo do hã; woxlẽa woƒe nuŋlɔɖiwo le ƒuƒoƒewo kwasiɖa sia kwasiɖa. (Luka 4:17-19; 24:44, 45; Dɔwɔwɔwo 15:21) Gake togbɔ be Yesu ƒe ɣeyiɣia me tɔ aɖewo doa Helagbe kple Latingbe hã la, Biblia megblɔe nenye be Yesu do gbe mawo hã o.

8, 9. Nu ka tae Kristotɔ gbãtɔ geɖewo do Helagbe, eye nu kae esia fia mí tso Yehowa ŋu?

8 Hebrigbe ye Yesu yomedzela gbãtɔawo dona, gake le eƒe ku megbe la, eƒe nusrɔ̃lawo do gbe vovovowo. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 6:1.) Eye esi nya nyuia le kakam la, Kristotɔ geɖewo va nɔ Helagbe dom, ke menye Hebrigbe o. Esi ame akpa gãtɔ nɔ Helagbe dom ta la, Mateo, Marko, Luka kple Yohanes ŋlɔ woƒe agbalẽawo ɖe Helagbe me hafi mae na amewo. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Azɔ hã, apostolo Paulo ƒe lɛtawo kple Biblia gbalẽ bubuawo nɔ Helagbe me.

9 Ewɔ nuku ŋutɔ be, ne ame siwo ŋlɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo di be yewoayɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, Septuagint la me nyawoe wozãna zi geɖe. Evɔ menye ɣesiaɣie emenyawo sɔna ɖe Hebrigbe me tɔ gbãtɔa me nya sia nya nu pɛpɛpɛ o. Eya ta dɔ si gbegɔmeɖela madeblibowo wɔ la zu Biblia si le mía si egbea la ƒe akpa aɖe. Esia fia mí be Yehowa mebua gbegbɔgblɔ alo dekɔnu aɖe be ede ŋgɔ wu bubu o.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 10:34.

Mawu mebia tso mía si be míado gbe aɖe koŋ hafi ate ŋu adze si ye alo anya yeƒe tameɖoɖowo o

10. Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yehowa ƒoa nu na mí amegbetɔwoe me?

10 Míekpɔe be Yehowa trɔa mɔ si dzi wòtona ƒoa nu kple mí amegbetɔwo nenye be nɔnɔmeawo trɔ, elabe ‘ʋu kple ʋugbee yina ɖekae.’ Mebia tso mía si be míado gbe aɖe koŋ hafi ate ŋu adze si ye alo anya yeƒe tameɖoɖowo o. (Xlẽ Zakariya 8:23; Nyaɖeɖefia 7:9, 10.) Míesrɔ̃e hã be Yehowa na eƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ Biblia, gake eɖe mɔ na wo woŋlɔ eƒe susuwo le woawo ŋutɔ ƒe nyagbewo me.

MAWU KPƆ EƑE NYA LA TA

11. Togbɔ be amegbetɔwo doa gbe vovovowo hã la, nu ka tae esia meɖea fu na Yehowa o?

11 Togbɔ be gbe vovovowoe amegbetɔwo dona hã, esia meɖea fu na Yehowa kura o. Aleke míewɔ nya? Nya ʋɛ aɖewo ŋutɔ koe kpɔtɔ le gbe si tututu me Yesu gblɔ nya nyuia le la me le Biblia me. (Mateo 27:46; Marko 5:41; 7:34; 14:36) Yehowa na woŋlɔ Yesu ƒe nyawo heɖe wo gɔme ɖe Helagbe me, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖe wo gɔme ɖe gbe bubuwo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yudatɔwo kple Kristotɔwo gbugbɔ ŋlɔ Mawu ƒe Nya la zi gbɔ zi geɖe si na wokpɔ Mawu ƒe gbedeasi si le eme la ta. Wova ɖe agbalẽ siawo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ geɖewo me emegbe. Le ƒe 400 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) lɔƒo la, John Chrysostom gblɔ be woɖe Yesu ƒe nufiafiawo gɔme ɖe Syria, Egipte, India, Persia kple Etiopia gbewo kpakple gbe bubu geɖewo me.

12. Aleke amewo te kpɔ be yewoabú mo na Biblia?

12 Le ŋutinya katã me la, ame geɖewo te kpɔ be yewoabú mo na Biblia, eye woti ame siwo ɖe egɔme hemae la yome vevie. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 300 K.Ŋ. me lɔƒo la, Roma Fiagã Diocletian ɖe gbe be woagblẽ Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo katã li la dome. Anɔ abe ƒe 1,200 ene le esia megbe la, Aƒetɔ William Tyndale te Biblia gɔme ɖeɖe ɖe Eŋlisigbe me. Egblɔ be, ne Mawu na agbe didi ye la, yeadze agbagba be ŋutsuvi agbledela gɔ̃ hã nanya Biblia wu nunɔla. Woti Tyndale yome ale gbegbe be wòva hiã be wòasi tso England ayi Europa dukɔ bubu me hafi ate ŋu aɖe Biblia gɔme ahatae. Eye togbɔ be sɔlemehakplɔlawo wɔ avu ɖe sia ɖe be yewoatɔ dzo Tyndale ƒe Biblia gɔmeɖeɖeawo katã hã la, esu ame geɖe si. Mlɔeba la, wode ka ve na Tyndale hetɔ dzoe le ati ŋu. Ke hã, ‘wotrɔ tsi ƒo ɖe kpe ŋu,’ elabe womete ŋu tsrɔ̃ eƒe Biblia gɔmeɖeɖea o, eye gbegɔmeɖelawo va zã emenya geɖewo emegbe le King James Version Biblia la me.—Xlẽ 2 Timoteo 2:9.

13. Nu kae numekuku siwo wowɔ le Biblia-gbalẽ xoxo siwo woŋlɔ kple asi me la ɖe fia?

13 Ele eme be vodada kple vovototo suesue aɖewo le Biblia xoxo aɖewo me ya. Ke hã esi Biblia ŋuti nunyalawo ku nu me le asinuŋɔŋlɔgbalẽwo, asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛwo kple Biblia gɔmeɖeɖe xoxo akpe geɖewo me tsitotsito hetsɔ wo sɔ kple wo nɔewo la, wokpɔe be mawunyakpukpui ʋɛ aɖewo ko mee vovototo suesuewo le, eye womenye vodada gãwo o. Gake Biblia me gbedeasia ya metrɔ o. Numekuku siawo na Biblia nusrɔ̃vi akuakuawo ka ɖe edzi be Biblia si le yewo si egbea nye Yehowa ƒe Nya si eƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ vavã.—Yesaya 40:8. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

14. Aleke Biblia bɔ egbea?

14 Egbea woɖe Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 2,800 kple edzivɔ me, togbɔ be ame geɖewo ɖoe be yewoatsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ hã. Womeɖe agbalẽ bubu aɖeke gɔme alea kpɔ o. Eye togbɔ be ame geɖewo mexɔ Mawu dzi se o hã, eƒe Nya la kpɔtɔ nye agbalẽ si woma wu ɖe sia ɖe le ŋutinya me. Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo xexlẽ sesẽ eye ɖewo hã me nyawo mede tututu o, gake etsɔmemɔkpɔkpɔ kple agbe mavɔ ƒe gbedeasi bɔbɔe la le wo katã kloe me.

BIBLIA GƆMEÐEÐE YEYE VA HIÃ

15. (a) Tɔtrɔ kae míewɔ le míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ŋu tso ƒe 1919 me? (b) Nu ka tae woŋlɔa míaƒe agbalẽwo ɖe Eŋlisigbe me gbã?

15 Le ƒe 1919 me la, woɖo Biblia nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe wòzu “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela.” Ɣemaɣi la, Eŋlisigbe me koŋ ye kluvi nuteƒewɔlaa fiaa nu Mawu ƒe amewo le. (Mateo 24:45) Gake egbea, míele Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖem ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 700 me. Abe ale si Helagbe nɔ le blema ene la, egbea wozãa Eŋlisigbe le asitsatsa me hefianɛ le sukuwo me, eye ame geɖewo see. Eya ta woŋlɔa míaƒe agbalẽwo ɖe Eŋlisigbe me gbã hafi ɖea wo gɔme ɖe gbe bubuwo me.

16, 17. (a) Nu kae Mawu ƒe amewo hiã? (b) Aleke wokpɔ hiahiã ma gbɔe? (d) Nu kae Nɔviŋutsu Knorr di vevie?

16 Biblia dzie míetua míaƒe agbalẽwo me nyawo katã ɖo. Le gɔmedzedzea la, Mawu ƒe amewo zã King James Version Biblia si nu wowu le ƒe 1611 me. Ke hã Eŋlisigbe me nya siwo le eme do xoxo eye wo gɔme sese sesẽ. Eye teƒe ʋɛ aɖewo koe Mawu ƒe ŋkɔ dze le le eme, evɔ ŋkɔa dze le asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxowo me zi akpe geɖe. Azɔ hã, vodada kple nya bubu aɖewo siwo mele asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔwo me o la le Biblia gɔmeɖeɖe sia me. Eye kuxi siawo tɔgbi le Eŋlisigbe me Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo hã ŋu.

17 Edze ƒãa be Mawu ƒe amewo hiã Biblia gɔmeɖeɖe si me nyawo de pɛpɛpɛ eye egɔmesese le bɔbɔe. Eya ta woɖo Xexe Yeye Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmiti la, eye nɔvi siwo le kɔmitia me la ɖe Eŋlisigbe me Biblia ɖe go vivivi tso ƒe 1950 va se ɖe ƒe 1960 me. Woɖe babla adeawo dometɔ gbãtɔ ɖe go le takpekpe si wowɔ le August 2, 1950 dzi la me. Nɔviŋutsu Knorr gblɔ le takpekpe ma me be Mawu ƒe amewo hiã egbegbe Biblia gɔmeɖeɖe si de pɛpɛpɛ eye egɔmesese le bɔbɔe si akpe ɖe wo ŋu be woasrɔ̃ nyateƒea nyuie eme nakɔ na wo. Wohiã Biblia si amewo ate ŋu axlẽ ahase egɔme bɔbɔe abe ale si ko wònɔ le Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ƒe nuŋlɔɖi gbãtɔawo gome ene. Nɔviŋutsu Knorr ƒe didie nye be Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia nakpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu woava dze si Yehowa.

18. Nu kae do Biblia gɔme ɖeɖe ɖe ŋgɔ?

18 Kaka ƒe 1963 naɖo la, Nɔviŋutsu Knorr ƒe didia va eme. Woɖe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la gɔme ɖe Holland, Franse, Germania, Italia, Portugal kple Spania gbewo me. Le ƒe 1989 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa ɖo dɔwɔƒe yeye aɖe ɖe habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã la be wòado alɔ Biblia gɔmeɖelawo. Emegbe le ƒe 2005 me la, woɖe mɔ be woaɖe Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo me wotaa Gbetakpɔxɔ ɖo la me. Ema wɔe be Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia bliboa, alo eƒe akpa aɖe, le gbegbɔgblɔ 130 kple edzivɔ me fifia.

19. Nu ɖedzesi kae dzɔ le ƒe 2013 me, eye nu kae míasrɔ̃ le nyati si kplɔ esia ɖo me?

19 Eŋlisigbea trɔ tso esime woɖe Eŋlisigbe me Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe gbãtɔa ɖe go, eya ta eva hiã be woatrɔ asi le emenyawo ŋu. Le October 5 kple 6 lia, 2013 dzi la, wowɔ Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ si le Pennsylvania la ƒe takpekpe 129 lia. Ame 1,413,676 siwo tso dukɔ 31 me ye kpɔ gome le eme, wo dometɔ aɖewo nɔ takpekpewɔƒea eye ɖewo hã kpɔe to video-kadodo dzi. Dɔdzikpɔha me tɔ ɖeka ɖe gbeƒãe be woɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si me wogbugbɔ to la ɖe go le Eŋlisigbe me. Vavalawo kpɔ dzidzɔ ale gbegbe eye wo dometɔ aɖewo fa avi esi woxɔ wo tɔ. Esi nuƒolawo te mawunyakpukpuiwo xexlẽ le Biblia yeyea me la, nyaselawo katã kpɔe be gɔmeɖeɖe yeyea xexlẽ kple egɔmesese le bɔbɔe ŋutɔ. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míasrɔ̃ nu geɖe tso Eŋlisigbe me Biblia gɔmeɖeɖe yeye sia kple ale si míele egɔme ɖem ɖe gbe bubuwo me la ŋu.

^ mm. 6 Septuagint gɔmee nye “Blaadre.” Wogblɔ be ƒe 300 Do Ŋgɔ Na Yesu lɔƒo ye wote egɔmeɖeɖe eye wowu enu ƒe 150 megbe. Agbalẽnyalawo kpɔtɔ dea asixɔxɔ gɔmeɖeɖe ma ŋu egbea elabena ekpena ɖe wo ŋu wosea Hebrigbe me nya sesẽwo alo mawunyakpukpui blibowo gɔme.

^ mm. 8 me aɖewo susui be Hebrigbe mee Mateo ŋlɔ eƒe agbalẽa ɖo hafi wova ɖe egɔme emegbe ɖe Helagbe me, eye be ɖewohĩ eya ŋutɔe ɖe egɔme.

^ mm. 13 Kpɔ Megbenyawo A3 le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me; kple Agbalẽ si Nyo na Amesiame, axa 7-9, “Aleke Agbalẽ La Wɔ Gakpɔtɔ Li?”