Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Alé Wò Ðe Te!

Yehowa Alé Wò Ðe Te!

“Yehowa alée ɖe te le dɔba dzi.”—PSALMO 41:3.

HADZIDZI: 23, 138

1, 2.Nu kae Mawu wɔ na amewo le blema, eye nu ka ŋue ame geɖe buna egbea?

NE ÈDZE dɔ vevie la, ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be, ‘Ðe mahaya?’ Ate ŋu adzɔ be wò ƒometɔ alo xɔlɔ̃ aɖe dze dɔ eye mènya nenye be atsi agbe o. Mí katã míedina be mía kple ame siwo míelɔ̃ la míanɔ lãmesẽ me. Biblia ƒo nu tso ame aɖewo siwo dze dɔ eye wodi vevie be yewoanya ne yewoahaya la ŋu. Kpɔɖeŋu ɖekae nye Fia Ahaziya, si nye Ahab kple Izebel viŋutsu. Esime fia la dze afɔku la, etsi dzi nenye be yeagate ŋu atso ɖe yeƒe afɔwo dzi ake. Kpɔɖeŋu bubue nye Siria Fia Ben-Hadad, si dze dɔ vevie eye wòbia nenye be yeƒe lãme asẽ.—2 Fiawo 1:2; 8:7, 8.

2 Biblia gblɔ na mí be le blema la, Yehowa to nukumɔwo dzi da dɔ na amewo eye wòto eƒe nyagblɔɖilawo dzi fɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. (1 Fiawo 17:17-24; 2 Fiawo 4:17-20, 32-35) Egbea, ame geɖe siwo le dɔ lém la bua eŋu ne Mawu ato mɔ aɖe nu ada dɔ na yewo hã.

3-5. Nu kae Yehowa kple Yesu ate ŋu awɔ, eye biabia kawo mee míadzro?

3 Ŋusẽ le Yehowa si be wòatsɔ dɔléle ahe to na ame loo alo be wòada dɔ na ame. Le kpɔɖeŋu me, etsɔ dɔ vɔ̃ he to na Farao si nɔ anyi le Abraham ŋɔli kpakple Mose nɔvinyɔnu Miriam. (1 Mose 12:17; 4 Mose 12:9, 10; 2 Samuel 24:15) Eye ne Israel-viwo mewɔ nuteƒe o la, etea ŋu kplɔa “dɔléle kple dɔvɔ̃” ƒua wo. (5 Mose 28:58-61) Gake le nudzɔdzɔ bubuwo hã me la, Yehowa ɖe dɔlélewo ɖa le eƒe amewo dome. (2 Mose 23:25; 5 Mose 7:15) Eyɔ dɔ wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã tẽe. Ame ɖekae nye Hiob, esi wòdze dɔ vevie hedi ku be yeaku la, Yehowa yɔ dɔe.—Hiob 2:7; 3:11-13; 42:10, 16.

4 Míeka ɖe edzi vevie be ŋusẽ le Yehowa si be wòada dɔ na dɔnɔwo katã. Yesu hã ate ŋu awɔ esia. Esime wònɔ anyigba dzi la, eyɔ dɔ kpodɔlélawo kple ame siwo ŋu anyidzedɔ nɔ. Eda dɔ na ŋkuagbãtɔwo kple lãmetututɔwo hã. (Xlẽ Mateo 4:23, 24; Yohanes 9:1-7) Yesu ƒe nukunu siawo na míele mɔ kpɔm na nu nyui geɖe siwo wòawɔ na mí le xexe yeyea me la vevie. Ɣemaɣie “dua me tɔ aɖeke magblɔ be, ‘Mele dɔ lém’ o.”—Yesaya 33:24.

5 Ke ne mía dometɔ aɖe dze dɔ vevie la, ɖe míanɔ mɔ kpɔm be Yehowa alo Yesu nayɔ dɔ mí nukutɔe fifia? Eye nu ka ŋue wòle be míade ŋugble le ne míele dɔdamɔnu aɖe tiam?

ÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU LE DƆLÉƔI

6. Nu kae Biblia gblɔ tso nukunu siwo ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔ ŋu?

6 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yehowa kɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe Kristotɔwo dzi eye wòna ŋusẽ wo dometɔ aɖewo be woawɔ nukunuwo. (Dɔwɔwɔwo 3:2-7; 9:36-42) Wotea ŋu daa dɔ na amewo hedoa gbe bubuwo hã nukutɔe. (1 Korintotɔwo 12:4-11) Gake ɣeyiɣi aɖe megbe la, nukunu mawo nu va yi abe ale si Biblia gblɔe ene. (1 Korintotɔwo 13:8) Eya ta egbea míegakpɔa mɔ be Mawu nada dɔ na míawo ŋutɔ alo míaƒe lɔlɔ̃tɔwo nukutɔe o.

Yehowa nya nu siwo me tom esubɔlawo le, eye maŋlɔ wo be akpɔ o

7. Aleke Psalmo 41:3 me nyawo faa akɔ na mí?

7 Gake ne wò lãme gblẽ la, Yehowa afa akɔ na wò ahalé wò ɖe te abe ale si wòwɔe na esubɔla siwo nɔ anyi le blema ene. Fia David gblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye ame si bua ame tsɛ ŋu; Yehowa axɔ nɛ le xaxaɣi. Yehowa adzɔ eŋu, eye wòaxɔe ɖe agbe.” (Psalmo 41:1, 2) David ƒe nya siawo mefia be ame nyui siwo nɔ anyi ɣemaɣi, siwo kpena ɖe ame tsɛwo ŋu la, maku akpɔ o. Ke aleke Yehowa axɔ na ame nyui la? David gblɔ be: “Yehowa alée ɖe te le dɔba dzi; àɖɔli eƒe aba keŋkeŋ le eƒe dɔléɣi.” (Psalmo 41:3) Yehowa nya nu siwo me tom esubɔlawo le, eye maŋlɔ wo be akpɔ o. Ade dzi ƒo na wo ahana nunya wo. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa wɔ míaƒe ŋutilã la be wòate ŋu ayɔ dɔ eɖokui vivivi.

8. Le Psalmo 41:4 me la, nu kae David bia Yehowa be wòawɔ na ye esime wònɔ dɔ lém vevie?

8 Le Psalmo 41 ma ke me la, David ƒo nu tso ɣeyiɣi si me wòdze dɔ vevie si na wògbɔdzɔ hetsi dzi le eɖokui me ŋu. Edze abe ɣemaɣie via Absalom nɔ agbagba dzem be yeaxɔ fiazikpuia le esi ene. David ƒe lãme gblẽ vevie eya ta mete ŋu kpe akɔ kple Absalom o. Enyae nyuie be nu vɔ̃ɖi si yewɔ kple Bat-Seba gbɔe yeƒe ƒomekuxi siawo tso. (2 Samuel 12:7-14) Eya ta nu kae wòwɔ? Edo gbe ɖa be: “Oo Yehowa, ve nunye. Da gbe le ŋunye, elabena mewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò.” (Psalmo 41:4) David nya be Yehowa tsɔ yeƒe nu vɔ̃a ke ye, eya ta eka ɖe edzi be alé ye ɖe te le yeƒe dɔba dzi. Gake ɖe David nɔ mɔ kpɔm be Yehowa nada dɔ na ye nukutɔea?

9. (a) Nu kae Yehowa wɔ na Fia Hizkiya? (b) Nu kae David ya di be Yehowa nawɔ na ye?

9 Ele eme be ɣeaɖewoɣi Mawu tianɛ be yeayɔ dɔ amewo ya. Le kpɔɖeŋu me, esime Fia Hizkiya dze dɔ de kuku ge la, Yehowa yɔ dɔe. Hizkiya ƒe lãme sẽ eye wòganɔ agbe ƒe 15 kpee. (2 Fiawo 20:1-6) Gake David ya menɔ mɔ kpɔm na nukunu o. Ke boŋ enɔ mɔ kpɔm be Mawu akpe ɖe ye ŋu abe ale si ko wòkpena ɖe “ame si bua ame tsɛ ŋu” la ŋui ene. Ƒomedodo nyui nɔ David kple Yehowa dome, eya ta enɔ bɔbɔe nɛ be wòabia Yehowa be wòafa akɔ na ye ahalé ye ɖe te le yeƒe dɔba dzi. Edo gbe ɖa hã be yeƒe ŋutilã nawɔ eƒe dɔ ne yeahaya. Míawo hã míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa nenema.—Psalmo 103:3.

10. Nu kae dzɔ ɖe Trofimo kple Epafrodito dzi, eye nu kae míesrɔ̃ tso eme?

10 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, menye Kristotɔwo katãe woda dɔ na nukutɔe o togbɔ be apostolo Paulo kple apostolo bubuwo yɔa dɔ dɔnɔwo hã. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 14:8-10.) Apostolo Paulo da dɔ na Publio fofo si nɔ asrãdɔ lém eye wònɔ kpeta hã dem. Paulo “do gbe ɖa, da eƒe asiwo ɖe edzi, eye wòyɔ dɔe.” (Dɔwɔwɔwo 28:8) Gake ɖe Paulo yɔ dɔ ame nyanyɛ ɖe sia ɖea? Ao. Paulo kple exɔlɔ̃ Trofimo wozɔ mɔ yi nya nyui gblɔƒe le duta. (Dɔwɔwɔwo 20:3-5, 22; 21:29) Esi Trofimo dze dɔ la, Paulo meyɔ dɔe o. Le Trofimo ƒe dɔlélea ta la, mete ŋu yi mɔzɔzɔa dzi kple Paulo o, ke boŋ etsi Mileto be yeƒe lãme nasẽ gbɔ hafi. (2 Timoteo 4:20) Paulo xɔlɔ̃ bubu si ŋkɔe nye Epafrodito hã dze dɔ vevie de kuku ge kloe. Gake Biblia megblɔ be Paulo da gbe le eŋu o.—Filipitɔwo 2:25-27, 30.

AÐAŊUÐOÐO KAE NÀSE?

11, 12. Nu kae míenya tso Luka ŋu, eye aleke wòkpe ɖe Paulo ŋui?

11 Atikewɔlae Luka nye, eye ezɔa mɔ kple Paulo. (Dɔwɔwɔwo 16:10-12; 20:5, 6; Kolosetɔwo 4:14) Anɔ eme be ewɔa atike na Paulo kple ame bubuwo ne wodze dɔ le woƒe nya nyui gbɔgblɔdɔa me. (Galatiatɔwo 4:13) Abe ale si Yesu gblɔe ene la, “ame siwo le dɔ lém” hiã gbedala.—Luka 5:31.

Ele be míakpɔ nyuie ne ame aɖe ɖo aɖaŋu na mí le lãmesẽnyawo ŋu

12 Menye ame si nɔa aɖaŋu ɖom na amewo tso lãmesẽnyawo ŋue Luka nye o. Atikewɔla si xɔ hehee wònye. Biblia megblɔ afi si wòsrɔ̃ atikewɔwɔ le alo ɣeyiɣi si me wòsrɔ̃e o. Gake egblɔ be Paulo ɖo Luka ƒe gbedonamewo ɖe Kolose nɔviwo. Eya ta anɔ eme be dɔdadasrɔ̃suku aɖe si le Laodikea, si nye dugã aɖe si gogo Kolose ye Luka xɔ hehea le. Esi Luka nɔ eƒe Nyanyuigbalẽa kple Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ŋlɔm la, ezã nya siwo atikewɔlawo zãna. Esi wònye dɔ sia wɔlae wònye ta la, eƒo nu tso ame siwo ŋu Yesu da gbe le la dometɔ geɖe ŋu.

13. Hafi míaɖo aɖaŋu alo axɔ aɖaŋuɖoɖo aɖe ku ɖe atikewɔnyawo ŋu la, nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui?

13 Egbea mía nɔvi aɖeke mate ŋu ada dɔ na mí nukutɔe o. Gake esi wodi vevie be yewoakpe ɖe mía ŋu ta la, wo dometɔ aɖewo aɖo aɖaŋu na mí ne míebia wo o gɔ̃ hã. Aɖaŋu siawo dometɔ aɖewo megblẽ o. Paulo hã wɔ esia esi wòɖo aɖaŋu na Timoteo be wòanɔ wain vi aɖe nom. Elabena dɔmeɖui nɔ fu ɖem na Timoteo, le tsi ƒoɖi aɖe si wòanya no ta. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) (Xlẽ 1 Timoteo 5:23.) Ke hã ele be míaɖɔ ŋu ɖo. Nɔvi aɖe ate ŋu aƒoe ɖe mía nu be míano yevutike alo ameyibɔtike aɖe, alo be míaɖu nuɖuɖu aɖewo alo atsri ɖewo. Ðewohĩ agblɔ be atike sia tututue xɔ na yeƒe ƒometɔ aɖe si nɔ nɔnɔme ma tɔgbi me. Gake esia mefia be anyo na ame sia ame o. Mina wòanɔ susu me na mí be ne ame gbogbo aɖewo zã atike alo dɔdamɔnu aɖe wòɖe vi na wo hã la, ate ŋu agblẽ nu geɖe le ame aɖe ya ŋu.—Xlẽ Lododowo 27:12.

BU NUWO ŊU NYUIE

14, 15. (a) Ame kawo ŋue wòle be míakpɔ nyuie le? (b) Nufiame kae le Lododowo 14:15 me na mí?

14 Mí katã míedi vevie be míanɔ lãmesẽ me ale be míate ŋu awɔ dɔ geɖe na Yehowa ahakpɔ dzidzɔ le agbe me. Gake esi míede blibo o ta la, míadze dɔ godoo. Ne míaƒe lãme gblẽ la, míawo ŋutɔe atia dɔdamɔnu si sɔ na mí. Nublanuitɔe la, ame aɖewo alo dɔwɔƒe aɖewo gblɔna be yewokpɔ dɔléle aɖe ƒe atike, evɔ wònye ga ko dim wole. Woagblɔ be ame gbogbo aɖewo zã yewoƒe atikea wòda dɔ na wo. Ne míedze dɔ la, míedina be míate atike ɖe sia ɖe si ate ŋu ana míaƒe lãme nasẽ ne míanɔ agbe didi la kpɔ. Gake ‘vuvɔ mewɔa ame wodzea dzo me o’ ɖe! Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Ðekemanyala xɔa nya sia nya dzi sena, ke aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo katã ŋu.”—Lododowo 14:15.

Ele be míaɖɔ ŋu ɖo eye míagaxɔ nya sia nya ko dzi ase o

15 Ne míedze aɖaŋu alo dze nunya la, míaxɔ nya sia nya ko dzi ase o, vevietɔ ne ame si le nyaa gblɔm na mí mexɔ hehe gbagbe aɖeke o. Àte ŋu abia ɖokuiwò be: ‘Ame sia gblɔ be nunyiametike sia, gbe sia, alo nuɖuɖu sia kpe ɖe ame geɖe ŋu, gake ɖe meka ɖe edzi be atike mae da dɔ na ameawoa? Ne exɔ na ame aɖewo hã la, aleke mawɔ anya ne anyo na nye hã? Esi wònye be ‘ta menɔa anyi klo ɖɔa kuku o’ ta la, ɖe manyo be maku eme ahabia kpekpeɖeŋu tso ame siwo nya nu tso nye dɔlélea ŋu nyuie gbɔ oa?’—5 Mose 17:6.

16. Nu ka ŋue wòle be míabu ne míele nya me tsom le lãmesẽnyawo ŋu?

16 Ele be ‘míaɖɔ ŋu ɖo’ ne míele nya me tsom le dɔdamɔnu alo dodokpɔ siwo dzi míalɔ̃ ɖo ŋu. (Tito 2:12) Esia le vevie ŋutɔ nenye be dɔdamɔnua alo dodokpɔa wɔ moya. Ðe ame si gbɔ meyi ate ŋu aɖe ale si wòle dodokpɔa wɔ gee kple ale si tututu atikea wɔa dɔe mea? Ðe eƒe numeɖeɖea wɔ nukua? Ðe atikewɔla bubuwo hã da asi ɖe dɔdamɔnu alo dodokpɔ sia dzia? (Lododowo 22:29) Ðewohĩ amea agblɔ be dukɔ didi aɖe mee wokpɔ atike sia tsoe eye ɖɔkita siwo le afi sia menya nu tso eŋu haɖe o. Gake ɖe kpeɖodzi aɖe li be atikea daa dɔ ma nyateƒea? Ame aɖewo hã agblɔ tso atike aɖe ŋu be nu ɣaɣla aɖe le eme alo ŋusẽ aɖe le megbe nɛ. Afɔku le eme. Ðo ŋku edzi be Mawu xlɔ̃ nu mí be míagazã vivimeŋusẽwo o.—5 Mose 18:10-12; Yesaya 1:13.

‘MINƆ ANYI SESĨE’

17. Nu kae mía dometɔ ɖe sia ɖe dina?

17 Dɔdzikpɔha si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ɖo lɛta ɖe nɔviwo le hamewo me hegblɔ nu siwo wòle be woatsri. Dɔdzikpɔhaa gblɔ le lɛtaa ƒe nuwuwu be: “Ne miete mia ɖokui ɖa kura tso nu siawo ŋu la, ekema eme anyo na mi. Minɔ anyi nyuie!” (Dɔwɔwɔwo 15:29) Togbɔ be ɖeko wozã nya mamlɛ siawo abe gbedoname ene hã la, eɖoa ŋku edzi na mí be esɔ be míadi be míanɔ lãmesẽ nyui me.

Togbɔ be míedi be míanɔ lãmesẽ me hã la, Yehowa subɔsubɔ koŋ ŋue míaƒe susu nɔna (Kpɔ memama 17)

18, 19. Nu kae míele mɔ kpɔm na le xexe yeyea me?

18 Míekpɔe be míate ŋu aƒo asa na dɔléle keŋkeŋ o elabena míede blibo o. Eye ne míedze dɔ la, míekpɔa mɔ be Yehowa nada dɔ na mí nukutɔe o. Ke boŋ míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Mawu ada dɔ na mí keŋkeŋ la vevie. Le Nyaɖeɖefia 22:1, 2 la, apostolo Yohanes ƒo nu tso ‘agbetsi’ kple ‘agbeti’ siwo ayɔ dɔ ame sia ame la ŋu. Menye gbetike siwo nom míele fifia alo atike aɖe si míava no le xexe yeyea me ŋu nya gblɔm wole o. Ke boŋ ‘agbetsi’ kple ‘agbeti’ la tsi tre ɖi na nu siwo katã Yehowa kple Yesu awɔ na mí be míanɔ agbe tegbetegbee.—Yesaya 35:5, 6.

19 Míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi dodzidzɔname ma vevie ŋutɔ. Gake fifia la, míeka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mía dometɔ ɖe sia ɖe eye wònya fu siwo katã kpem míele la nyuie. Abe David ene la, míexɔe se bliboe be Yehowa magblẽ mí ɖi akpɔ le míaƒe dɔba dzi o. Alé ame siwo katã wɔa nuteƒe nɛ la ɖe te!—Psalmo 41:12.

^ mm. 13 Agbalẽ aɖe gblɔ be, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo de dzesii be dɔlékui si hea dɔmeɖui sesẽ vɛ kpakple dɔlékui bubu aɖewo tea ŋu kuna kaba ne wokɔ wain ɖe wo dzi.—The Origins and Ancient History of Wine.