Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Ɣekaɣie ɣletivimefakalawo va kpɔ Yesu ɖa?

Mateo gblɔ na mí le eƒe Nya Nyui Gbalẽa me be, “ɣletivimefakala aɖewo tso ɣedzeƒenutowo me va” kpɔ Yesu ɖa, eye wotsɔ nunanawo ɖe asi va nae. (Mateo 2:1-12) Biblia megblɔ ɣletivimefakala alo “nunyala” neni si va kpɔ Yesu ɖevi la ɖa o, eye kpeɖodzi aɖeke meli be wo ame etɔ̃e va abe ale si ame geɖe xɔe se ene o; Biblia meyɔ wo ŋkɔwo hã o.

Biblia aɖe (New International Version Study Bible) gblɔ tso Mateo 2:11 ŋu be: “Togbɔ be ame geɖe xɔe se be Nunyalaawo va kpɔ Yesu ɖa esime wònɔ lãnuɖunu me le zã si me wodzii, abe alẽkplɔlawo ke ene hã la, menye nenemae o. Ɣleti aɖewo le edzidzi megbe hafi wova, esime wònye ‘ɖevi’ le ‘eƒe me.’” Nu si ɖo kpe esia dzie nye be, esime Herodes nɔ didim be yeana woawu Yesu la, ede se be woawu ŋutsuvi siwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema o la katã le Betlexem kple eƒe nutowo katã me. Enɔ te ɖe “ale si wòbia ɣeyiɣi la tsitotsito tso ɣletivimefakalaawo gbɔe la” dzi bu ƒe si wòaxɔ ɣemaɣi.—Mateo 2:16.

Ne ɖe ɣletivimefakalawo va kpɔ Yesu ɖa le zã si me wodzii, eye wotsɔ sika kple nunana xɔasi bubuawo vae la, anye ne Maria mana xevi eve pɛ le gbedoxɔa me le Yerusalem le ŋkeke blane megbe esi wòkɔ Yesu yi afi ma o. (Luka 2:22-24) Ðoɖo siae nɔ anyi le Sea me na ame dahe siwo mate ŋu ana alẽ o. (3 Mose 12:6-8) Eya ta edze ƒãa be emegbe hafi wotsɔ nunana mawo vae, eye anya kpe ɖe Yesu ƒe ƒomea ŋu le ganyawo gome esime wonɔ Egipte.—Mateo 2:13-15.

Nu ka tae wòxɔ ŋkeke ene hafi Yesu va ɖo Lazaro ƒe yɔdoa gbɔ?

Edze abe Yesu ŋutɔe ɖoe nenema ene. Nu ka tae míate ŋu agblɔe nenema? Bu nuŋlɔɖi si le Yohanes ta 11 lia ŋu kpɔ.

Esi Lazaro, Yesu xɔlɔ̃ si nɔ Betania, dze dɔ vevie la, nɔvianyɔnuwo ɖo du ɖe Yesu. (Kpukpui 1-3) Afi si Yesu nɔ ɣemaɣi kple Betania dome nye ŋkeke eve aɖewo ƒe mɔzɔzɔ. (Yohanes 10:40) Edze ƒãa be Lazaro ku le ɣeyiɣi si me nyaa va ɖo Yesu gbɔ lɔƒo. Nu kae Yesu wɔ? “Egatsi afi si wònɔ la ŋkeke eve,” eye emegbe edze Betania mɔ. (Kpukpui 6, 7) Aleae wòdzɔe be esi wòtsi afi ma ŋkeke eve hafi dze ŋkeke eve ƒe mɔa zɔzɔ gɔme ta la, exɔ ŋkeke ene le Lazaro ƒe ku megbe hafi wòva ɖo.—Kpukpui 17.

Do ŋgɔ na ɣemaɣi la, Yesu fɔ ame kuku eve ɖe tsitre—efɔ wo dometɔ ɖeka ɖe tsitre esi amea nya ku teti ko, eye wòfɔ evelia ya ɣeyiɣi aɖe le amea ƒe ku megbe. (Luka 7:11-17; 8:49-55) Ðe wòate ŋu afɔ ame si ku ŋkeke ene, eye eƒe ŋutilã te gbegblẽ xoxo la, ɖe tsitrea? (Kpukpui 39) Enyo be míade dzesii be Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be, Yudatɔ aɖewo xɔe se be “mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be woate ŋu afɔ ame si ku ŋkeke ene la ɖe tsitre o, elabena ɣemaɣi la, eƒe ŋutilã tea gbegblẽ, eye eƒe luʋɔ, si wosusu be enɔa agba sam le ŋutilãa dzi hena ŋkeke etɔ̃ la, hã dzona.”

Ne ɖikeke le ame siwo ƒo ƒu ɖe yɔdoa to la dometɔ aɖewo me la, ekema eteƒe madidi o, woakpɔ ale si Yesu kpɔ ŋusẽ ɖe ku dzi la adze sii. Esi Yesu tsi tsitre ɖe yɔdo si nu woʋu la to la, edo ɣli sesĩe be: “Lazaro lee, do va!” Tete “ame si ku la do va.” (Kpukpui 43, 44) Eya ta tsitretsitsi lae nye mɔkpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ si li na ame kukuwo, ke menye alakpadzixɔse si bɔ be, ame ƒe luʋɔ yia edzi nɔa agbe ye o.— Xezekiel 18:4; Yohanes 11:25.