Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mawu Fiaɖuƒea Le Ame Ƒe Dzi Mea?

Ðe Mawu Fiaɖuƒea Le Ame Ƒe Dzi Mea?

Exlẽlawo Bia Be

Ðe Mawu Fiaɖuƒea Le Ame Ƒe Dzi Mea?

Ame geɖe xɔe se egbea be, nyabiase ma ƒe ŋuɖoɖoe nye ɛ̃. Le kpɔɖeŋu me, numekugbalẽ aɖe (The Catholic Encyclopedia) gblɔ be: “Mawu Fiaɖuƒe lae nye Mawu ƒe dziɖuɖu le míaƒe dziwo me.” Sɔlemehakplɔla geɖe fiaa nu alea. Biblia ƒe nufiafiae wònye ŋutɔŋutɔ be Mawu Fiaɖuƒea le amegbetɔwo ƒe dzi mea? Afi kae dzixɔse sia dzɔ tso?

Ame aɖewo susuna be Yesu ŋutɔ ƒe nyawoe na amewo susui be Mawu Fiaɖuƒea le amegbetɔwo ƒe dzi me. Nyateƒee, Yesu gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Mawu fiaɖuƒe la le mia dome.” (Luka 17:21) Biblia aɖewo gblɔ le afi sia be: “Mawu fiaɖuƒe la le mia me.” Nya si Yesu gblɔ la gɔme ɖeɖe tututue nye ema? Ðe wònɔ gbɔgblɔm be Mawu Fiaɖuƒe la le amegbetɔwo ƒe dzi mea?

Gbã la, mina míade ŋugble tso nu si amegbetɔ ƒe dzi nye ŋu. Ne Biblia ƒo nu tso kpɔɖeŋudzi ŋu la, efiana ame si ame nye le ememe, nu si ʋãa ame wòbua tame, wɔa nu, alo ɖea seselelãme aɖewo ɖe go. Gbɔgblɔ be Mawu Fiaɖuƒe, si nye nu deŋgɔ ma gbegbe, le amegbetɔ ƒe dzi me—le kpɔɖeŋu me, le ale si wòtrɔa amewo woɖɔa ʋui ta—la anya se ya, gake ɖe susu le emea?

Biblia gblɔ na mí be: ‘Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye.’ (Yeremiya 17:9) Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Ememe, amegbetɔwo ƒe dzi me, ye susu vɔ̃wo doa go tso: agbe gbegblẽ nɔnɔwo, fififiwo, amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo, ŋubiabiãwo, nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo.” (Marko 7:20-22) Bu eŋu kpɔ: Ðe menye nyateƒe be, amegbetɔ nu vɔ̃ mewo ƒe dzi mee nu siwo doa nuxaxa na ame, si le xexea me egbea la tso oa? Ekema aleke wòate ŋu adzɔe be, Mawu Fiaɖuƒe deblibo la nanɔ teƒe ma? Nya la koe nye be, ale si ko womate ŋu akpɔ gbowo le srẽwo dzi o la, nenema kee Mawu Fiaɖuƒea hã mate ŋu anɔ ame ƒe dzi me o.—Mateo 7:16.

Evelia, bu ame siwo Yesu nɔ nya siwo le Luka 17:21 gblɔm na la, ŋu kpɔ. Kpukpui si do ŋgɔ nɛ xlẽ be: “Ke esi Farisitɔwo biae be ɣekaɣie Mawu fiaɖuƒe la ava hã la, eɖo eŋu na wo.” (Luka 17:20) De dzesii be Farisitɔwo lé fu Yesu. Yesu gblɔ na alakpanuwɔla mawo eme kɔ nyuie be, womele Mawu Fiaɖuƒe la me yi ge o. (Mateo 23:13) Ne Farisitɔwo mele Mawu Fiaɖuƒea me yi ge o ɖe, ekema ɖe Fiaɖuƒea ate ŋu anɔ woƒe dzi mea? Manya wɔ o ɖe! Ekema nu kae Yesu wɔnɛ?

Biblia geɖe ɖe Yesu ƒe nya siawo gɔme pɛpɛpɛ wòwɔ ɖeka kple ale si Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ɖe eme. Wo dometɔ aɖewo ɖe egɔme be, Fiaɖuƒe la le “mia dome,” alo “mia titina.” Gɔmesese ka nue Mawu Fiaɖuƒea nɔ ame mawo, siwo dome Farisitɔwo hã nɔ ɣemaɣi la, dome le? Nya lae nye be, Yesue nye ame si Yehowa Mawu ɖo be wòanye Fiaɖuƒea ƒe Fia. Yesu si gbɔna Fia nye ge la nɔ ame mawo dome le afi ma. Efia nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu, eye wòwɔ nukunuwo gɔ̃ hã, eye wòto esia me na wokpɔ nu si Fiaɖuƒea ava wɔ. Eya ta Fiaɖuƒea nɔ wo dome vavã.

Eya ta eme kɔ be, Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖe susu si nye be, Mawu Fiaɖuƒea le amegbetɔwo ƒe dzi me la dzi o. Ke boŋ enye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ, si ahe tɔtrɔ gãwo ava anyigba dzi, abe ale si ko nyagblɔɖilawo gblɔe ɖi ene.—Yesaya 9:5, 6; Daniel 2:44.