Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Ava?

Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Ava?

Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Ava?

“AƑETƆ, ɖe nègbugbɔ le fiaɖuƒe la ɖom anyi na Israel le ɣeyiɣi sia mea?” (Dɔwɔwɔwo 1:6) Apostoloawo di vevie be yewoanya ɣeyiɣi si me Yesu aɖo eƒe Fiaɖuƒea anyi. Togbɔ be ƒe 2,000 aɖewoe nye esi va yi hã la, amewo gadi vevie kokoko egbea be yewoanya ɣeyiɣi si me Mawu Fiaɖuƒea ava.

Esi wònye Fiaɖuƒea ye nye nu vevi si ŋu Yesu ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ku ɖo ta la, ɖewohĩ àkpɔ mɔ be, aɖe nya sia me. Eye eɖe eme hã vavã! Egblɔ nya geɖe tso ɣeyiɣi ɖedzesi aɖe si wòyɔ be yeƒe ‘anyinɔɣi’ la ŋu. (Mateo 24:37) Ƒomedodo kplikplikpli le eƒe anyinɔɣi ma kple Mesia Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi dome. Ɣekaɣie anye eƒe anyinɔɣi sia? Mina míadzro nyateƒenya ene aɖewo, siwo Biblia ɖe fia ku ɖe Kristo ƒe anyinɔɣia ŋu la me.

1. Kristo ƒe anyinɔɣia adze egɔme ɣeyiɣi didi aɖe le eƒe ku megbe. Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe si me wòƒo nu tso eɖokui ŋu le abe ŋutsu aɖe si “zɔ mɔ yi dukɔ didi aɖe me, be yeana yeƒe fiaɖuƒeŋusẽ nali ke” la ene. (Luka 19:12) Aleke nyagblɔɖikpɔɖeŋu sia va emee? Yesu ku, eye wofɔe ɖe tsitre; emegbe ezɔ mɔ yi “dukɔ didi” aɖe me, si nye dziƒo. Abe ale si Yesu gblɔe ɖi le kpɔɖeŋu sia tɔgbi aɖe me ene la, eƒe tɔtrɔgbɔ le fiaɖuƒeŋusẽ me la anye “le ɣeyiɣi didi aɖe megbe.”—Mateo 25:19.

Ƒe aɖewo le Yesu ƒe dziƒoyiyi megbe la, apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ame sia [Yesu] tsɔ vɔsa ɖeka na ɖe nu vɔ̃wo ta yi mavɔ me, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye tso ɣemaɣi la, ele lalam va se ɖe esime woatsɔ eƒe futɔwo awɔ eƒe afɔɖodzinu.” (Hebritɔwo 10:12, 13) Eya ta le Yesu ƒe dziƒoyiyi megbe la, elala ɣeyiɣi didi aɖe. Yehowa Mawu ƒe Vi sia ƒe lala la wu enu esime Fofoa ɖoe Fia ɖe Mesia Fiaɖuƒea, si ŋugbe wodo ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ la dzi. Ɣemaɣie Kristo ƒe anyinɔɣia dze egɔme. Ðe amegbetɔwo akpɔ nudzɔdzɔ ɖedzesi sia teƒe le anyigba dzia?

2. Amegbetɔwo makpɔ eƒe anyinɔnɔ la o. Ðo ŋku edzi be, Yesu ƒo nu tso eƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi ŋu. (Mateo 24:3) Ne amegbetɔwo akpɔ eƒe anyinɔnɔa la, ɖe dzesi aɖe agahiã? Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be èzɔ mɔ yina atsiaƒu kpɔ ge. Ðewohĩ àkpɔ mɔfiadzesiwo le mɔa dzi, gake ne èɖo ƒua ta hetɔ ɖi kpɔ tsi gbanaa si seɖoƒe meli na o la, ɖe nàganɔ mɔ kpɔm be woaŋlɔ ɖe mɔfiadzesi gã aɖe dzi be “ATSIAƑUE NYE ESIA!” hafi nànya be atsiaƒu yea? Ao ɖe! Ne wò ŋutɔ èle nua kpɔm gaglãa xoxo ɖe, ɖe nègahiã dzesia?

Yesu ƒo nu tso eƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi ŋu, menye be yeatsɔ afia nu si amegbetɔwo ƒe ŋku ate ŋu akpɔ o, ke boŋ be wòakpe ɖe wo ŋu woanyae be, ne dzesia va eme la, ekema efia be nane dzɔ le dziƒo. Esia tae Yesu gblɔ be: “Mawu fiaɖuƒe la mava gaglãa ame sia ame nakpɔ o.” (Luka 17:20) Ekema aleke dzesia ana ame siwo le anyigba dzi la nanya be Kristo ƒe anyinɔɣia dze egɔme?

3. Xaxaɣeyiɣi sesẽ aɖe ava anyigba dzi le Yesu ƒe anyinɔɣia. Yesu gblɔ be le yeƒe anyinɔnɔ abe Fia ene le dziƒo ƒe ɣeyiɣia me la, aʋawɔwɔwo, dɔwuamewo, anyigbaʋuʋuwo, dɔvɔ̃wo, kple sedzimawɔmawɔ aɖe dzesi. (Mateo 24:7-12; Luka 21:10, 11) Nu ka gbɔe xaxa sia katã atso? Biblia ɖe eme be, dzi le Satana, si nye “xexe sia dzi ɖula la,” kum vevie, elabena enyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye le esi Kristo ƒe anyinɔnɔ abe Fia ene la dze egɔme ta. (Yohanes 12:31; Nyaɖeɖefia 12:9, 12) Kpeɖodzi siwo ɖee fia be dzi le Satana kum vevie, eye be Kristo ƒe anyinɔɣia dze egɔme la, bɔ ɖe míaƒe ɣeyiɣiawo me. Vevietɔ tso ƒe 1914, si nye ƒe si dzi ŋutinyaŋlɔlawo lɔ̃ ɖo be enye tɔtrɔƒe ɖedzesi aɖe le ŋutinya me, dzi la, kpeɖodziawo gava ɖe dzesi wu tsã le xexea me katã.

Nu siawo katã adze abe nya vɔ̃wo sɔŋ ene, gake menye nenemae o. Efia be Mesia Fiaɖuƒea le dzi ɖum le dziƒo fifia. Eteƒe madidi o, dziɖuɖu ma aɖu anyigba blibo la katã dzi. Gake aleke amewo awɔ anya nu tso Fiaɖuƒe ma ŋu, bene woalɔ̃ anye eteviwo?

4. Woawɔ gbeƒãɖeɖedɔ aɖe le xexea me godoo wòanye dzesi na Yesu ƒe anyinɔɣi la. Yesu gblɔ be yeƒe anyinɔɣi la anɔ abe “ale si Noa ƒe ŋkekeawo nɔ” ene. * (Mateo 24:37-39) Menye aɖakaʋu koe Noa kpa o; enye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” hã. (2 Petro 2:5) Noa xlɔ̃ nu amewo tso Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si nɔ ŋgɔ gbɔna ŋu. Yesu gblɔ be ye yomedzela siwo le anyigba dzi la hã anɔ nu sia tɔgbi wɔm le yeƒe anyinɔɣia. Egblɔ ɖi be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”—Mateo 24:14.

Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, Mawu Fiaɖuƒea atsrɔ̃ xexe sia me dziɖuɖuwo katã. Gbeƒãɖeɖedɔa nye nuxlɔ̃amegbedeasi na amewo be eteƒe madidi o la, Mawu ƒe dziɖuɖua aɖe afɔ, eye wònye mɔnukpɔkpɔ na wo be woazu Fiaɖuƒea te viwo, bene woasi le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna la nu. Gake biabia vevitɔa ye nye be, àɖo to Fiaɖuƒe gbedeasia?

Ðe Nàkpɔ Gome le Mawu Fiaɖuƒea Ƒe Yayrawo Mea?

Gbedeasi si Yesu ɖe gbeƒãe la na mɔkpɔkpɔ si ɖeke mesɔ kpli o la amewo. Esime aglãdzedze do mo ɖa le Eden bɔa me ƒe akpe geɖe ye nye esia la, Yehowa Mawu ɖoe be yeaɖo dziɖuɖu aɖe anyi si aɖɔ nuwo ɖo, be amegbetɔ wɔnuteƒewo nagbugbɔ aɖo nɔnɔme si me yeɖoe be woanɔ tso gɔmedzedzea la me—si nye agbe mavɔ le paradiso me le anyigba dzi afi sia. Ðe nu bubu aɖe ate ŋu ado dzidzɔ na ame wu esia, be míanyae be dziɖuɖu si ŋugbe Mawu do la le dzi ɖum le dziƒo le ɣeyiɣi sia mea? Menye nu manyatalenu si gɔme womate ŋu ase o ye Fiaɖuƒea nye o, ke boŋ nu ŋutɔŋutɔe wònye.

Fia si Mawu tia la le dzi ɖum fifia le eƒe futɔwo titina. (Psalmo 110:2) Mesia la le Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔm hele ame siwo di be yewoanya ame si tututu Mawu nye ahatsɔ “gbɔgbɔ kple nyateƒe” asubɔe la tiam le xexe gbegblẽ sia si me mawuvɔvɔ̃ mele o la me. (Yohanes 4:24) Agbenɔnɔ tegbee le Mawu Fiaɖuƒea me ƒe mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na amewo katã ƒomevi, eɖanye ŋutigbalẽ ka ƒomevie le wo ŋu, ƒe kae woɖaxɔ, alo nuto ka me woɖatso o. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Míele dzi dem ƒo na wò be, nàwɔ mɔnukpɔkpɔ nyui si ʋu ɖi na wò la ŋu dɔ. Srɔ̃ nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu fifia, be nànɔ agbe le eƒe dziɖuɖu dzɔdzɔe la te tegbee!—1 Yohanes 2:17.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Nya si Yesu gblɔ la kpe ɖe mía ŋu be míaɖɔ susu gbegblẽ si dze le Biblia aɖewo me le ale si woɖe nya “anyinɔnɔ” gɔmee ta la ɖo. Biblia aɖewo ɖe egɔme be “vava,” alo “tɔtrɔ gbɔ,” si fia nane si ava dzɔ zi ɖeka aɖe ko. Gake de dzesii be, Yesu metsɔ eƒe anyinɔɣi la sɔ kple Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa, si nye ɣeyiɣi aɖe ko ƒe nudzɔdzɔ o, ke boŋ etsɔe sɔ kple “Noa ƒe ŋkekeawo,” si nye ɣeyiɣi didi aɖe si me nu vevi aɖe dzɔ le. Abe ale si wònɔ ɣemaɣi ene la, Kristo ƒe anyinɔɣi la anye ɣeyiɣi didi aɖe, si me amewo aƒo wo ɖokui ɖe gbe sia gbe dɔwɔnawo me vĩi ale gbegbe be, womade dzesi nuxlɔ̃amenya si gblɔm wole la o.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]

Nya vɔ̃ siwo míesena gbe sia gbe la nye kpeɖodzi be nu nyuiwo le ŋgɔ gbɔna kpuie

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Tu si wotsɔna gea yameʋu: U.S. Army photo