Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Eʋli Tadedeagu Vavãtɔ Ta

Eʋli Tadedeagu Vavãtɔ Ta

Srɔ̃ Woƒe Xɔse

Eʋli Tadedeagu Vavãtɔ Ta

ELIYA nɔ ameha la kpɔm esime wonɔ Karmel Toa liam kudɔkudɔe. Togbɔ be ŋu meke nyuie o hã la, ahedada kple hiãkame si nɔ fu wɔm ame siawo ya dze le mo na wo. Ƒe etɔ̃ kple afã ƒe kuɖiɖia gblẽ nu le wo ŋu ŋutɔ.

Baal ƒe nyagblɔɖila ɖokuiŋudzela dadala 450, siwo lé fu Eliya si nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila kaɖikaɖi la, hã nɔ wo dome. Fianyɔnu Izebel na wowu Yehowa subɔla geɖe, ke hã Eliya sia tsi tsitre ɖe Baal subɔsubɔ ŋu sesĩe kokoko. Gake ɖe wòte ŋu le ewɔ ge wòadidia? Ðewohĩ nunɔla mawo bui be ame ɖeka mate ŋu atsi tsitre ɖe yewo katã ŋu dzidzedzetɔe gbeɖe o. (1 Fiawo 18:3, 19, 20) Fia Axab hã nɔ eƒe tasiaɖam me va. Menye ɖe Eliya ƒe nu dzɔa dzi na eya hã o.

Nane si medzɔ le nyagblɔɖila vavã sia ƒe agbe me kpɔ o lae le dzɔdzɔ ge gbe ma gbe. Nyui kple vɔ̃ dome hoʋiʋli sesẽ aɖe si tɔgbi xexea mekpɔ kpɔ o lae le dzɔdzɔ ge ɖe Eliya kple nyagblɔɖila mawo dome. Aleke wònɔ sesem le eɖokui me esi ŋu nɔ kekem ɖe edzi? Esi wònye “amegbetɔ si ƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo” ta la, vɔvɔ̃ anya ɖoe. (Yakobo 5:17) Ke hã míate ŋu aka ɖe nu ɖeka aɖe ya dzi: Esi Eliya ɖeka nɔ xɔsemanɔsitɔ mawo, woƒe fia xɔsegbelaa, kple nunɔla amewula mawo dome la, anya se le eɖokui me be yetsi akogo.—1 Fiawo 18:22.

Ke hã, biabiaa ye nye be, nu kae kplɔ Israel de nɔnɔme sesẽ sia me? Eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nuŋlɔɖi sia me? Biblia xlɔ̃ nu mí be míalé ŋku ɖe Mawu subɔla dovevienuwo ƒe agbenɔnɔ ŋu, eye “[míasrɔ̃] woƒe xɔse.” (Hebritɔwo 13:7) Mina míakpɔ kpɔɖeŋu si Eliya ɖo la ɖa.

Ɣeyiɣi Didi Aɖe Ƒe Hoʋiʋli Ðo Eƒe Sesẽaƒe

Le Eliya ƒe agbenɔɣi ƒe akpa gãtɔ me la, ekpɔ eteƒe wogbe nu le Yehowa ƒe tadedeagu, si nye nu vevitɔ kekeake na eƒe dukɔa kple eƒe amewo gbɔ kura, gake mete ŋu wɔ naneke le eŋu o. Nya lae nye be, tiatia sesẽ aɖe wɔwɔ dze ŋgɔ Israel ɣeyiɣi didi aɖee nye ema ku ɖe tadedeagu vavãtɔ kple alakpatɔ, Yehowa Mawu subɔsubɔ kple dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe trɔ̃subɔsubɔ, ŋu. Le Eliya ƒe ŋkekea me la, tiatia ma wɔwɔ gava sesẽ ɖe edzi wu.

Fia Axab ɖe Izebel, si nye Zidon fia ƒe vinyɔnu. Izebel ɖoe kplikpaa be yeana Baal subɔsubɔ naxɔ aƒe ɖe Israel nyigba la katã dzi, gake yeaɖe Yehowa subɔsubɔ ya ɖa kura. Eteƒe medidi o eva kpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃a Axab dzi keŋkeŋ. Esia wɔe be Axab tu gbedoxɔ heɖi vɔsamlekpui aɖe na Baal, eye eya ŋutɔ xɔ ŋgɔ le tadedeagu na trɔ̃ sia me. Eto esia me do dziku na Yehowa vevie.—1 Fiawo 16:30-33. *

Nu kae na Baal subɔsubɔ nyɔ ŋu nenema gbegbe? Woto edzi ble Israel, si na ame geɖe de megbe le Mawu vavã la ŋu. Enye subɔsubɔ si me nuwɔna gbegblẽwo kple ŋutasẽnuwo bɔ ɖo. Gbedoxɔ me gbolowɔwɔ si me ŋutsuwo kple nyɔnu kpɔa gome le, gbɔdɔnuwɔna ɖigbɔwo, kple ɖeviwo tsɔtsɔ sa vɔe kura gɔ̃ hã yia edzi le eme. Yehowa tso ɖe nɔnɔmea ŋu esi wòdɔ Eliya ɖe Axab gbɔ be wòana wòanya be ku aɖi le anyigbaa dzi va se ɖe esime Mawu ƒe nyagblɔɖila la gblɔ be enu natso. (1 Fiawo 17:1) Ƒe geɖe va yi hafi Eliya ɖe eɖokui fia Axab ake hegblɔ nɛ be wòaƒo ameawo kple Baal ƒe nyagblɔɖilawo nu ƒu ɖe Karmel Toa gbɔ.

Gake nusɔsrɔ̃ kae le Yehowa alo Baal subɔsubɔ dome tiatia wɔwɔ sia me na mí egbea? Ame aɖewo asusui be Baal subɔsubɔ ŋuti nya meka mí egbea o, le esi wònye be Baal ƒe gbedoxɔwo kple vɔsamlekpuiwo megali egbea o ta. Gake menye blema ŋutinya dzro aɖe koe nuŋlɔɖi sia nye o. (Romatɔwo 15:4) Nya “Baal” gɔmee nye “nutɔ” alo “aƒetɔ.” Yehowa gblɔ na eƒe amewo be woatia ye yeanye woƒe “baal,” alo wo srɔ̃ŋutsu si tɔ wonye. (Yesaya 54:5) Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be amewo gasubɔa aƒetɔ vovovowo kokoko le esi teƒe be woasubɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ la oa? Nya lae nye be, amewo ɖatsɔ woƒe agbe ɖo anyi ɖe ga, dɔwɔɖui, modzakaɖeɖe, gbɔdɔdɔ ƒe vivisese, alo mawu gbogbo manyaxlẽ siwo wosubɔna ɖe Yehowa teƒe ta o, aƒetɔ aɖee nye ema subɔm wole. (Mateo 6:24; Romatɔwo 6:16) Eya ta le mɔ aɖe nu la, nu siwo ɖe dzesi le Baal subɔsubɔ me la, gakpɔtɔ li nenema pɛpɛpɛ egbea. Hoʋiʋli ma si yi edzi le Yehowa kple Baal dome le blema la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ tiatia nyuitɔ le ame si míasubɔ la ŋu.

‘Adzɔ Eve Ðuɖu’—Aleke?

Ne ame aɖe tɔ ɖe Karmel To, si dzi ya ƒona le ŋutɔ la, tame la, ate ŋu akpɔ Israel nuto bliboa nyuie—tso Kison tɔʋua, si le toa gɔme ɖaa dzi yi Ƒu Gã La (Mediterranea Ƒua), si te ɖe afi ma ŋu dzi, va ɖo Libanon to siwo le dziehe gome ʋĩ dzi. * Ke hã, esi ɣe dze le ŋkeke vevi ma dzi la, nutoa ƒe dzedzeme wɔ nublanui. Anyigba wɔnu sia si Yehowa tsɔ na Abraham ƒe dzidzimeviwo la va zu anyigba mawɔnu. Mawu ŋutɔ ƒe amewo ƒe bometsitsi na wòɖe mɔ le eŋu ŋdɔkutsu ɖui wòƒu kplakplakpla. Esi ameawo va ƒo ƒu ɖe afi ma la, Eliya te ɖe wo ŋu gblɔ na wo be: ‘Va se ɖe ɣekaɣi miaɖu adzɔ eve ase ɖo? Nenye Yehowae nye Mawu la, midze eyome, eye nenye Baal ye la, midze eyome!’—1 Fiawo 18:21.

Nya si Eliya bia be ‘Va se ɖe ɣekaɣi miaɖu adzɔ eve ase ɖo?’ la gɔme ɖe? Nya lae nye be, ame siawo menya be ehiã be yewoawɔ tiatia le Yehowa subɔsubɔ kple Baal subɔsubɔ dome o. Wosusui be yewoate ŋu awɔ evea siaa—be yewoate ŋu ato yewoƒe kɔnu nyɔŋu mawo dzi afa dzi na Baal evɔ yewoagayi edzi abia Yehowa Mawu ƒe amenuveve. Ðewohĩ wosusui be Baal ayra yewoƒe agblemenuwo kple lãhawo, eye ‘aʋakɔwo ƒe Mawu, Yehowa,’ akpɔ yewo ta le aʋawɔwɔ me. (1 Samuel 17:45) Woŋlɔ nyateƒe vevi aɖe be—si gale ɣaɣla ɖe ame gbogbo aɖewo egbea hã—si nye be Yehowa medina be woasubɔ nu bubu aɖeke kpe ɖe ye ŋu o. Ebia ɖokuitsɔtsɔna blibo tso esubɔlawo si, eye edze nɛ hã. Mekpɔa ŋudzedze ɖe xɔsetsakatsaka ŋu o; enyɔa ŋu nɛ kura gɔ hã!—2 Mose 20:5.

Eya ta Israel vi mawo nɔ abe ame aɖe si le didim be yeato mɔ eve dzi le ɣeyiɣi ɖeka me ene. Vodada ma tɔgbi kee amewo wɔna egbea zi geɖe, eye woɖea mɔ “baal” bubuwo va kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi le agbe me, si nana wotutua Mawu subɔsubɔ ya ɖe aga. Nya si Eliya tsɔ ɖo Israel viwo ŋkume be woadzudzɔ adzɔ eve ɖuɖu la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagbugbɔ nu siwo le vevie na mí le agbe me kple ale si míele Mawu subɔmee la me adzro.

Dodokpɔ Vevi Aɖe

Azɔ Eliya do dodokpɔ aɖe wɔwɔ ɖa. Mesesẽ kura o. Ebia tso Baal ƒe nunɔlawo si be woaɖi vɔsamlekpui aɖe ahatsɔ vɔsanu aɖo edzi; emegbe woado gbe ɖa na woƒe mawua be wòatɔ dzo vɔsanua. Nenema kee Eliya hã awɔ. Egblɔ be: “Mawu [vavã], si atsɔ dzo atɔe la, eyae nye Mawu [vavã la].” Eliya ya nya ame si nye Mawu vavã la xoxo. Exɔ eyama dzi se ale gbegbe be eɖe mɔ na Baal ƒe nyagblɔɖilawo be woawɔe gbã. Ena mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe eƒe futɔwo, esi wòɖe mɔ na wo be woatia nyitsu si woatsɔ asa vɔe, eye woayɔ woƒe mawu Baal la gbã. *1 Fiawo 18:24, 25.

Nukunuwo megadzɔna le míaƒe ɣeyiɣia me ya o. Ke hã, Yehowa metrɔ o. Míate ŋu aka ɖe eyama dzi abe ale si Eliya ka ɖe edzii ene. Le kpɔɖeŋu me, ne amewo melɔ̃ ɖe Biblia ƒe nufiafia dzi o la, mele be míatsi dzi o, ke boŋ míaɖe mɔ na wo woaɖe woƒe susu agblɔ. Abe Eliya ene la, míate ŋu anɔ mɔ kpɔm be Mawu vavã la ŋutɔ ana woƒe susu natrɔ. Míewɔa esia ne míeɖoa ŋu ɖe eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me, si kpena ɖe ame ŋu wòwɔa “ɖɔɖɔɖo,” la ŋu, ke menye ɖe mía ŋutɔwo mía ɖokui ŋu o.—2 Timoteo 3:16.

Baal ƒe nyagblɔɖilawo dzra woƒe vɔsanua ɖo hete woƒe mawua yɔyɔ. Wonɔ ɣlidodo dzi be: “Baal, tɔ na mí!” Wole edzi ʋuu nenema wòglo. Biblia gblɔ be: “Ke gbe aɖeke meɖi o, eye ame aɖeke metɔ o.” Esi wòƒo ŋdɔ ga wuieve la, Eliya te fewuɖuɖu le wo ŋu, henɔ gbɔgblɔm alɔmeɖeleameŋutɔe be, ɖewohĩ Baal mevo ne wòaɖo eŋu na wo o, be eyi nugodo, alo be ele alɔ̃ dɔm, eye be ele be ame aɖe nayi aɖanyɔe. Eliya de dzi ƒo na alakpanuwɔla mawo be: “Mido ɣli sesĩe ko.” Ekpɔe kɔtɛ be Baal subɔsubɔ nye nu ɖikokoe, eye wòdi be Mawu ƒe amewo ŋutɔ nakpɔe be amefuflue wònye.—1 Fiawo 18:26, 27.

Esia na dzo gaɖo Baal ƒe nunɔlawo me ɖe edzi, eye ‘wodo ɣli sesĩe, eye wotsɔ yi kple akplɔ de abi wo ɖokuiwo ŋu le woƒe kɔnu la nu, va se ɖe esime ʋu do le wo ŋu.’ Gake gbeɖegbeɖea koe! ‘Gbe aɖeke meɖi o, ame aɖeke metɔ o, eye ame aɖeke meɖo to o.’ (1 Fiawo 18:28, 29) Nyateƒee, Baal menye mawu aɖeke o. Nu ko wònye Satana to vae be yeatsɔ ahe amewo ɖa le Yehowa ŋu. Aƒetɔ bubu tiatia tsɔ wu Yehowa na woɖu ŋukpe ɣemaɣi, eye nenema kee wòle egbea hã.—Psalmo 25:3; 115:4-8.

Wokpɔ Ta Na Nyaa

Le ɣetrɔ me la, eɖo Eliya hã dzi. Edzra Yehowa ƒe vɔsamlekpui aɖe si ame siwo tsi tsitre ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu anya gbã la ɖo. Ezã kpe 12 tsɔ dzrae ɖo, eye ɖewohĩ ewɔ esia tsɔ ɖo ŋku edzi na Israel to 10 fiaɖuƒea me tɔ akpa gãtɔ be, Se si wotsɔ na to 12-awo katã la gakpɔtɔ bla wo kokoko. Azɔ etsɔ eƒe vɔsanua ɖo vɔsamlekpuia dzi, eye wòna wokɔ tsi si ɖewohĩ woanya ku tso Mediterranea Ƒu si te ɖe afi ma ŋu me la, ɖe nu sia nu dzi wòƒo tsi belee. Ena woɖe do ƒo xlã vɔsamlekpuia gɔ̃ hã, eye wokɔ tsia ɖe eme wòyɔ banaa. Ena mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe Baal ƒe nyagblɔɖilawo, gake mewɔe nenema na Yehowa ya o—elabena eka ɖe eƒe Mawu la dzi ale gbegbe.—1 Fiawo 18:30-35.

Esi nu sia nu sɔ gbe vɔ la, Eliya do gbe ɖa. Gbedodoɖa sia si me kɔ la ɖe nu siwo koŋ nɔ vevie na Eliya wu la fia wòdze ƒãa. Nu gbãtɔ si koŋ nɔ vevie nɛ ye nye be, edi be woanya be Yehowae nye “Mawu le Israel,” ke menye Baal sia ye o. Evelia, edi be ame sia me nanya be Yehowa ƒe subɔla yenye; eya ta ele be woatsɔ ŋutikɔkɔe kple kafukafu katã na Mawu. Mlɔeba la, eɖee fia be yegatsɔ ɖe le eme na yeƒe amewo kokoko, elabena edi vevie be yeakpɔe Yehowa natrɔ “woƒe dziwo” ɖe eɖokui ŋu. (1 Fiawo 18:36, 37) Togbɔ be woa ŋutɔwo ƒe xɔsemanɔamesi wɔe be fukpekpe gbogbo siawo va wo dzi hã la, Eliya galɔ̃ wo kokoko. Ne míele gbe dom ɖa na Mawu la, ɖe míeɖenɛ fiana be Mawu ƒe ŋkɔa le vevie na mí, eye míebɔbɔa mía ɖokui hekpɔa nublanui na ame siwo hiã kpekpeɖeŋu abe ale si Eliya wɔe enea?

Do ŋgɔ na Eliya ƒe gbedodoɖaa la, ameha siwo nɔ afi ma anya bia wo ɖokuiwo be ɖe Yehowa anɔ ko abe Baal ene, ado kpo nu si wobia tso esi la wɔwɔ hã. Gake le gbedodoɖaa megbe la, wokpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase ma. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Tete dzo tso Yehowa gbɔ va fiã vɔsalã la, nakeawo, kpeawo kple anyigba, eye wòɖuɖɔ tsi, si le ʋea me hã keŋkeŋ.” (1 Fiawo 18:38) Gbedodoɖa sia ƒe ŋuɖoɖo wɔdɔɖeamedzi kae nye esi! Aleke ameawo wɔ nui?

Wo katã do ɣli gblɔ be: “Yehowae nye Mawu [vavã la], Yehowae nye Mawu [vavã la]!” (1 Fiawo 18:39) Wova kpɔ ame si nye Mawu vavãtɔ la dze sii mlɔeba. Ke hã, womekpɔ ɖe xɔse aɖeke fia haɖe o. Le nyateƒe me la, be ame nalɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye Mawu vavã la le esi wòkpɔ dzo ge tso dziƒo wònye gbedodoɖa aɖe ŋu ɖoɖo la menye xɔseɖeɖefia aɖeke o. Eya ta Eliya bia be woawɔ nu si de ŋgɔ wu ema. Ebia tso wo si be woawɔ nu si wòle na wo be woawɔ ƒe gbogbo aɖewoe nye ema hafi la azɔ—be woawɔ nu si Yehowa ƒe Sea bia. Mawu ƒe Sea bia be woawu aʋatsonyagblɔɖilawo kple trɔ̃subɔlawo. (5 Mose 13:5-9) Baal ƒe nunɔla siawo lé fu Yehowa Mawu kaɖikaɖi, eye woɖonɛ koŋ wɔa nu si tsi tsitre ɖe eƒe tameɖoɖowo ŋu. Ðe wòle be woakpɔ nublanui na woa? Ðe woawo ya wokpɔ nublanui na ɖevi maɖifɔ mawo katã siwo wotɔa dzoe agbagbee na Baal la kpɔa? (Lododowo 21:13; Yeremiya 19:5) Gbeɖe, nublanuikpɔkpɔ aɖeke meli na ame siawo o. Eya ta Eliya ɖe gbe be woawu wo, eye wowu wo hã.—1 Fiawo 18:40.

Ðikela aɖewo ʋlia nya egbea be ale si nuwo va yii le Karmel Toa dzi la menyo o. Wo dometɔ aɖewo atsi dzi be subɔsubɔ me zazɛ̃nyahela aɖewo atsɔ nya ma aʋli ŋutasẽnu siwo wowɔna le mawusubɔsubɔ ƒe ŋkɔ me la ta. Eye ewɔ nublanui be, subɔsubɔ me zazɛ̃nyahela sẽŋuta geɖewo li egbea. Gake menye zazɛ̃nyahelae Eliya ya nye o. Yehowa teƒee wònɔ na wowu ameawo, eye esia sɔ. Gawu la, Kristotɔ vavãwo nyae be yewomate ŋu atsɔ yi ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu abe Eliya ene o. Le Mesia ƒe vava megbe la, dzidzenu si kplɔa Yesu ƒe nusrɔ̃lawo katã lae nye nya si Kristo gblɔ na Petro be: “Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe, elabena ame siwo katã tsɔa yi la, yi nue woatsi.” (Mateo 26:52) Yehowa ana Via nadrɔ̃ ʋɔnu amewo le etsɔ me.

Wobia tso Kristotɔ vavãwo si be woaɖe xɔse afia le woƒe agbenɔnɔ me. (Yohanes 3:16) Míewɔa esia ne míesrɔ̃a xɔsetɔwo, siwo dometɔ ɖekae nye Eliya. Esubɔ Yehowa ɖeka ko, eye wòde dzi ƒo na ame bubuwo be woawo hã woawɔe nenema. Eɖee fia dzinɔameƒotɔe be subɔsubɔ si zãm Satana nɔ tsɔ nɔ amewo hem ɖa le Yehowa ŋu la nye amefuflu. Eye wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpɔ nyawo gbɔ wu be wòaɖo dzi ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutetewo ŋu ahawɔ ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu. Nyateƒee, Eliya ʋli tadedeagu vavãtɔ ta. Mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nasrɔ̃ eƒe xɔse!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Ne èdi numeɖeɖe bubu ku ɖe Eliya kple Axab dome nyawo ŋu la, ekema kpɔ nyati si nye “Ðe Xɔse Si Le Abe Eliya Tɔ Ene Le Asiwòa?” le April 1, 1992 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 13 Zi geɖe la, gbewo daa ama ɖe Karmel Toa dzi, elabena ya si ƒona yia toa dzi la lɔa tsi tso atsiaƒua dzi, si wɔnɛ be tsi kple zãmu dzana le toa dzi edziedzi. Esi wònye wosusuna be Baal ye nana tsi dzana ta la, edze ƒãa be to sia nye teƒe vevi aɖe na Baal subɔlawo. Eya ta esɔ nyuie ŋutɔ be wotia Karmel To sia si dzi ƒu kplakplakpla la be woado ŋukpe Baal subɔsubɔ le afi ma be enye amefuflu ɖeɖe sɔŋ.

^ mm. 17 Enyo be míade dzesii be, Eliya gblɔ na wo be, ‘woagaɖe dzo de vɔsa la te o.’ Biblia ŋuti nunyala aɖewo gblɔ be zi geɖe la, trɔ̃subɔla siawo zãa vɔsamlekpui siwo gɔme woɖea do ɖo si ame aɖeke menyana o, si wɔnɛ be wòdzena na amewo be ɖe dzoa lé nukutɔe.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 20]

Aƒetɔ bubu tiatia tsɔ wu Yehowa nana woɖua ŋukpe

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

‘Yehowae nye Mawu vavã la!’