Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Nuxlẽlawo

Na Nuxlẽlawo

Na Nuxlẽlawo

ENYE dzidzɔ na mí be míana mianya be, míawɔ tɔtrɔ aɖewo le Gbetakpɔxɔ ŋu tso tata sia dzi. Hafi míaƒo nu tso nu yeye siwo anɔ eme ŋu la, mina míaƒo nu tso nu siwo matrɔ le eme o ŋu gbã.

Magazine sia ƒe ŋkɔ, si nye, Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe la, metrɔ o. Eya ta Gbetakpɔxɔ ayi edzi anɔ Yehowa dom ɖe dzi be eyae nye Mawu vavã la, eye wòatsɔ Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia anɔ akɔ fam na exlẽlawo. Nyati siwo le tata sia ƒe axa 5-9 la dzro nu si Fiaɖuƒea nye kple ɣeyiɣi si wòava la me. Hekpe ɖe eŋu la, Gbetakpɔxɔ ayi edzi ade dzi ƒo na exlẽlawo be woaxɔ Yesu Kristo dzi ase, anɔ Biblia me nyateƒea fiam, eye anɔ te ɖe Biblia me nyagblɔɖiwo me vava dzi anɔ nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me la me ɖem, abe ale si ko wòle ewɔm ƒe alafa ɖeka kple edzivɔe nye esia ene.

Ekema nu yeye kawoe anɔ eme? Na míaƒo nu tso nu yeye dodzidzɔname siwo adze le tata si anɔ dodom le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi me la ŋu na wò. *

Nyati tuameɖo geɖe adze le esi ado le ɣletia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la me. Nyati si ƒe tanyae nye, “Ènyaa?” ana numekɔkɔ vevi aɖewo ku ɖe Biblia me nudzɔdzɔ aɖewo koŋ ŋu, si akpe ɖe mía ŋu míase wo gɔme nyuie. Nyati si ƒe tanyae nye, “Te Ðe Mawu Ŋu” ahe susu yi nu si míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ŋu le Biblia ƒe akpa aɖewo koŋ me la dzi. Akpa si nye “Exlẽlawo Bia Be . . . ” adzro nya siwo ame geɖe biana tso Biblia me nyawo ŋu la me. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe biaa wo ɖokuiwo be, “Ðe Mawu Fiaɖuƒea le ame ƒe dzi mea?” Nya sia ƒe ŋuɖoɖo dze le axa 13 lia.

Wotrɔ asi le nyati aɖewo, siwo anɔ vavam edziedzi la ŋu, be wòaɖe vi na ƒomewo. Nyati si ƒe tanyae nye, “Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ” la, adze zi ene le ƒea me, eye aƒo nu tso kuxi siwo doa mo ɖa ŋutɔŋutɔ le ƒomewo me la ŋu, eye wòafia ale si Biblia me gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu le kuxi siawo gbɔ kpɔkpɔ me. Nyati si ƒe tanyae nye, “Fia Nu Viwòwo” la adze zi ɖeka ɣleti eve ɖe sia ɖe, eye taɖodzinu si le eŋue nye be, dzilawo naxlẽe kple wo viwo. Le ɣleti si me nyati sia madze o la, nyati bubu, si nye, “Na Sɔhɛwo” adze ɖe eteƒe, eye anye Biblia sɔsrɔ̃ ƒe dɔdeasi na sɔhɛwo.

Nyati bubu aɖewo hã anɔ dzedzem zi ene le ƒea me. Esi ƒe tanyae nye “Srɔ̃ Woƒe Xɔse” la ade dzi ƒo na mí be míadze ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la dometɔ aɖe ƒe kpɔɖeŋu yome. Le kpɔɖeŋu me, le tata sia ƒe axa 18-21 la, àxlẽ nuŋlɔɖi wɔdɔɖeamedzi aɖe tso nyagblɔɖila Eliya ŋu ahakpɔ ale si míate ŋu asrɔ̃ eƒe xɔse. Nyati si nye, “Lɛta Si Tso . . . ” la anye nyatakaka siwo tso duta nya nyui gblɔlawo kple ame bubu siwo le xexea ƒe akpa vovovowo la gbɔ. Nyati si nye, “Nu Si Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ” la aɖe Biblia ƒe nufiafia veviwo me be wo gɔme sese nanɔ bɔbɔe.

Míeka ɖe edzi be, Gbetakpɔxɔ ayi edzi anɔ dzidzɔ dom na nuxlẽla siwo dea bubu Biblia ŋu, eye wodi be yewoanya nu si tututu nye eƒe nufiafia la. Míele mɔ kpɔm be, magazine sia akpe ɖe ŋuwò nàke ɖe Biblia me nyateƒea, si dim nèle la ŋu.

EŊLƆLAWO

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Tso fifia dzi la, míanɔ Gbetakpɔxɔ eve ƒomevi tam. Esi ado le ɣletia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la anye esi míama na ame sia ame. Esi ado le ɣletia ƒe ŋkeke 15 lia dzi la anye tata si Yehowa Ðasefowo asrɔ̃ le woƒe kpekpewo me, gake ame sia ame ate ŋu ade kpekpe mawo faa.