Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?

Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?

Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?

NU KA koŋ ŋue Yesu ɖe gbeƒã tsoe? Le Yesu ŋutɔ ƒe nya nu la, Mawu Fiaɖuƒea ye. (Luka 4:43) Kakaɖedzitɔe la, ame siwo se eƒe nyawo la kpɔe be, eƒo nu tso Fiaɖuƒe ma ŋu enuenu. Ðe esia na wotɔtɔa? Ðe wobiae be, nu kae Fiaɖuƒe sia nye hã? Ao. Biabia siawo tɔgbi aɖeke medze le Nya Nyui Gbalẽawo me o. Ekema ɖe wòfia be, ame mawo nya nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu nyuiea?

Nya lae nye be, Ŋɔŋlɔ siwo li tso blema, siwo Yudatɔwo buna nu kɔkɔewo la, ƒo nu tso Fiaɖuƒe ma ŋu, eye wozã nyagbɔgblɔ siwo me kɔ kple nu siwo ŋu kakaɖedzi le tsɔ ɖe nu si wònye kple nu si wòava wɔ la me. Míawo ya míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe wu tso Fiaɖuƒea ŋu egbea le mɔ ma ke nu—to Biblia dzi. Mina míadzro nyateƒenya adre aɖewo, siwo Biblia gblɔ tso Fiaɖuƒea ŋu la, me azɔ. Wo dometɔ etɔ̃ gbãtɔwo nɔ nyanya na Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me kple esiwo nɔ anyi do ŋgɔ nɛ siaa. Kristo alo eƒe apostoloawo ye ɖe etɔ̃ siwo kplɔe ɖo la fia le ƒe alafa gbãtɔ me. Mamlɛtɔ va dze le míaƒe ɣeyiɣi sia me.

1. Mawu Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ, si anɔ anyi tegbee. Biblia me nyagblɔɖi gbãtɔ ɖee fia be, Mawu adɔ ɖela aɖe ɖa, be wòava ɖe nuteƒewɔlawo. Ame sia, si woyɔ be ‘dzidzimevi’ la, aɖɔ nu siwo katã Adam, Xawa, kple Satana ƒe aglãdzedzea gblẽ le amegbetɔƒomea ŋu la ɖo. (1 Mose 3:15) Ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, wogblɔ nya dodzidzɔname aɖe na fia wɔnuteƒe David tso ‘dzidzimevi,’ alo Mesia, la ŋu. Wogblɔ nɛ be dzidzimevia anye Fiaɖuƒea aɖe ƒe fia. Eƒe dziɖuɖu ato vovo na bubuawo katã. Anɔ anyi tegbee.—2 Samuel 7:12-14.

2. Mawu Fiaɖuƒe la aɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã ɖa. Woɖe xexemeŋusẽ siwo ava ɖe wo nɔewo yome, va se ɖe míaƒe ɣeyiɣia me la, fia nyagblɔɖila Daniel le ŋutega aɖe me. Nya siwo wogblɔ le ŋutega ma ƒe nuwuwu ye nye esi: ‘Le amegbetɔwo ƒe fia mamlɛtɔ mawo ŋɔli la, dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.’ Eya ta woaɖe xexe sia me fiaɖuƒewo alo dziɖuɖuwo katã ɖa—eye woƒe aʋawɔwɔwo, ameteteɖeanyi kple nu gbegblẽ wɔwɔwo katã hã nu ayi. Daniel ƒe nyagblɔɖia ɖee fia be, eteƒe madidi o la, Mawu Fiaɖuƒea aɖu anyigba bliboa dzi. (Daniel 2:44, 45) Enye nu ŋutɔŋutɔ, eye eya ɖeɖe koe anye dziɖuɖu si anɔ anyigba la dzi ɖum ɖaa. *

3. Mawu Fiaɖuƒea atsi aʋawɔwɔwo, dɔléle, dɔwuame, kple ku kura gɔ̃ hã nu. Biblia me nyagblɔɖi lédzinamewo ɖe nu si Mawu Fiaɖuƒea awɔ le anyigba dzi afi sia la fia. Dziɖuɖu ma awɔ nu si amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu alo habɔbɔ aɖeke mete ŋu wɔ kpɔ alo ate ŋu awɔ gbeɖe o. Wò ya bu eŋu kpɔ—woagblẽ aʋawɔnuwo dome tegbee! ‘Etsia aʋawɔwɔwo nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.’ (Psalmo 46:10) Ðɔkta alo dɔyɔƒe aɖeke magahiã o, eye dɔléle aɖeke maganɔ anyi o. “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Dɔwuame, nuɖuɖu ƒe veve, nuɖuɖu nyui makpɔmakpɔ maganɔ anyi o, eye ame aɖeke magaku le dɔwuame ta o. “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.” (Psalmo 72:16) Kunuwɔwɔ, ŋudɔdɔ, ameɖibɔwo, ame kuku dzraɖoƒewo, alo nuxaxa si nu siawo hena vanɛ la maganɔ anyi o. Woaɖe ku, si nye futɔ makpɔnublanui la, ɖa mlɔeba. Mawu “ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.”—Yesaya 25:8.

4. Fia si Mawu ŋutɔ tia ye aɖu Fiaɖuƒe ma dzi. Menye Mesia la ŋutɔe ɖo eɖokui fiae o, eye menye amegbetɔ madeblibowoe tiae hã o. Yehowa Mawu ŋutɔe tiae. Eƒe dzesideŋkɔ Mesia alo Kristo ŋutɔ hã ɖo kpe esia dzi. Nya eveawo siaa gɔmee nye “Amesiamina.” Eya ta Yehowae si ami na Fia sia, alo tiae, hetsɔe ɖo ɖoƒe tɔxɛ ma. Mawu gblɔ le eŋu be: “Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, malée ɖe te, nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye! Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne wòahe nye ɖoɖowo ayi na dukɔwo.” (Yesaya 42:1; Mateo 12:17, 18) Ðe ame aɖe nya Dziɖula si ƒomevi míehiã la nyuie wu mía Wɔlaa?

5. Mawu Fiaɖuƒea ƒe Dziɖula la ɖee fia le amegbetɔwo katã ŋkume be yedze. Yesu si tso Nazaret la ɖee fia be, yee nye Mesia si ŋugbe wodo la. Wodzii le ƒome si me Mawu ɖo be woadzi Mesia le la me. (1 Mose 22:18; 1 Kronika 17:11; Mateo 1:1) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ena nyagblɔɖi geɖe siwo woŋlɔ ɖi le Mesia la ŋu ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la, va eme. Kpeɖodziwo tso dziƒo hã ɖee fia be, eyae nye Mesia la. Le mɔ ka nu? Mawu ƒo nu tso dziƒo gblɔ be ye ŋutɔ ye Vie; mawudɔlawo gblɔ be Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo, eye Yesu wɔ nukunuwo hã—ewɔ wo le ame alafa alo akpe geɖe kura gɔ̃ hã ŋkume—si ɖee fia kɔtɛ be, Mawu gbɔe eƒe ŋusẽa tso. * Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖe Dziɖula si ƒomevi wòanye la fia enuenu. Menye ɖeko ŋusẽ nɔ esi wòkpe ɖe amewo ŋu o, ke edi vevie hã be yeakpe ɖe wo ŋu. (Mateo 8:1-3) Menye ɖokuitɔdila o, esea veve ɖe ame nu, dzi nɔ eƒo, eye wòbɔbɔ eɖokui hã. Eƒe agbemeŋutinya le Biblia me be amewo katã naxlẽ.

6. Ame 144,000 aɖu fia kpe ɖe Kristo ŋu le Mawu Fiaɖuƒea me. Yesu gblɔ be ame bubuwo, siwo dome yeƒe apostolowo le la, aɖu fia le dziƒo kpe ɖe ye ŋu. Eyɔ ƒuƒoƒo sia be, “Alẽha sue.” (Luka 12:32) Emegbe wogblɔ na apostolo Yohanes be alẽha sue ma me tɔwo le ame 144,000. Woawɔ dɔ aɖe si me dzidzɔ le le dziƒo, si nye be, woanye fiawo kple nunɔlawo kpe ɖe Kristo ŋu.—Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1, 3.

7. Mawu Fiaɖuƒe la le dzi ɖum le dziƒo fifi laa, eye wòle klalo be yeaɖu anyigba bliboa hã dzi. Nyateƒenya mamlɛtɔ sia nye Fiaɖuƒea ŋuti nya siwo doa dzidzɔ na ame wu la dometɔ ɖeka. Biblia ɖo kpe edzi kɔtɛ be, woɖo Yesu Fiae le dziƒo. Ele dzi ɖum le afi ma fifia, le míaƒe ɣeyiɣi sia me, eye eteƒe madidi o, eƒe dziɖuɖua axɔ anyigba la katã dzi, eye wòana nu nyui siwo ŋu nya wogblɔ ɖi, siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, nava eme. Gake aleke míawɔ aka ɖe edzi be, Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum fifia? Eye ɣekaɣie wòate anyigba dzi ɖuɖu?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Nyagblɔɖi siawo tɔgbi ɖee fia be, Mawu Fiaɖuƒea menye nu si le ame ƒe dzi me, abe ale si wofia ame geɖewoe ene o. Kpɔ nyati si nye, “Exlẽlawo Bia Be . . . ” le axa 13 lia.