Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afi Kae Míedzɔ Tso?

Afi Kae Míedzɔ Tso?

Afi Kae Míedzɔ Tso?

NU KA TAE ŊUÐOÐOA NYANYA LE VEVIE? Wofia ame geɖe be ɖe nu gbagbe siwo le anyigba dzi la dzɔ le wo ɖokui si le vo me. Wofia wo be, nudogoɖenunu vovovo siwo dzɔ ɖe wo nɔewo yome gbɔe wòtso be amegbetɔ si si seselelãme kple tamebubu ŋutete le, eye wòdina be yeanɔ ƒomedodo me kple Mawu la va dzɔ.

Bu eŋu kpɔ: Ne nyateƒee wònye be aleae amegbetɔwo wɔ va dzɔ eye Wɔla aɖeke meli o la, míate ŋu agblɔ be amegbetɔƒomea nye tsyɔ̃evi. Efia be nunyatsoƒe aɖeke manɔ anyi si ŋu amegbetɔwo ate ŋu atrɔ ɖo o, si fia be ame aɖeke manɔ anyi si akpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ o. Esia hã afia be mía ŋutɔwo ƒe nunya dzi koe míanɔ te ɖo hena asaƒoƒo na dzɔdzɔmefɔkuwo, dunyahehe me nyaʋiʋliwo, kple mía ŋutɔ míaƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ.

Èbu be tenɔnɔ ɖe amegbetɔwo ƒe nunya dzro ko dzi hena kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ana susu me ƒe akɔdzeanyi wòa? Ne manɔ nenema o la, ke bu ale si wòanɔ nenye be nunyala deŋgɔ aɖee afia mɔ ameƒomea la hã ŋu kpɔ. Menye ɖeko susu le eme wu o, ke enya se wu hã.

Nya Si Biblia Gblɔ

Biblia fia nu be Mawu ŋutɔe wɔ ameƒomea. Menye nɔnɔmetɔtrɔ manyatalenu si me susu aɖeke mele o mee míedzɔ tso o. Ke boŋ Fofo nunyala lɔ̃ame aɖe ƒe viwoe míenye. Wò ya bu nya siawo siwo Biblia gblɔ wo me kɔ nyuie la ŋu kpɔ.

1 Mose 1:27. “Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.”

Psalmo 139:14. ‘Meda akpe na wò le ale si wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.’

Mateo 19:4-6. “Ðe miexlẽe kpɔ be ame si wɔ ame tso gɔmedzedzea me la, atsu kple asi wòwɔ woe, eye wògblɔ be, ‘Le esia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋu, eye woa kple eve la woazu ŋutilã ɖeka’ oa? Eya ta womeganye eve o, ke boŋ ŋutilã ɖeka. Eya ŋuti nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.”

Dɔwɔwɔwo 17:24, 25. “Mawu si wɔ xexea kple nu siwo katã le eme, esi wònye dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔe [Wònye] ta la, menɔa gbedoxɔ siwo wotsɔ asi wɔ la me o, eye menye ame ƒe asiwo hã wotsɔna subɔnɛ, abe ɖe nane le ehiãm ene o, elabena eya ŋutɔe naa agbe kple agbegbɔgbɔ kpakple nuwo katã ame sia ame.”

Nyaɖeɖefia 4:11. “Yehowa, mía Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.”

Ale Si Biblia Ƒe Ŋuɖoɖowo Naa Susu Me Ƒe Akɔdzeanyi Vavãtɔ

Nyanya be Mawu gbɔe ‘ƒome sia ƒome, si le anyigba dzi la, kpɔa eƒe ŋkɔ tsonɛ’ trɔa nukpɔsusu si nɔa mía si ku ɖe ame bubuwo ŋu. (Efesotɔwo 3:15) Esia nyanya kpɔa ŋusẽ ɖe ale si míebua mía ɖokui kpakple kuxi siwo ɖea fu na mí la hã dzi. Mɔ aɖewo siwo nu wòakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi lee nye esiwo gbɔna.

Ne ehiã be míawɔ nyametsotso sesẽwo la, míatsi dzi fũu akpa ɖe amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu siwo tsia tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la ŋu o. Le esia teƒe la, míaɖo ŋu ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu kakaɖedzitɔe. Nu ka tae? Elabena “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia, na nyagbename, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nadze bliboe, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—2 Timoteo 3:16, 17.

Nyateƒee, ebia ame ɖokui mamla kple kutrikuku vevie hafi míate ŋu awɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. Ɣeaɖewoɣi la, eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ abia be míawɔ nu le mɔ siwo adze abe ɖee wotsi tsitre ɖe ale si míawo ŋutɔwo míadi be míawɔe ŋu ene. (1 Mose 8:21) Gake ne míelɔ̃ ɖe edzi be Fofo lɔ̃ame si le dziƒo ye wɔ mí la, ekema susu le eme be míaƒo nya ta be enya mɔ nyuitɔ kekeake si dzi wòle be míato. (Yesaya 55:9) Esia tae eƒe Nya na kakaɖedzi mí be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” (Lododowo 3:5, 6) Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi la, míaɖu ale si gbegbe míetsia dzimaɖi ne kuxi kple nyametsotso sesẽwo dze ŋgɔ mí la dzi.

Ne wobu nazã ɖe mía ŋu la, mana míase le mía ɖokui me be míele ɖeke me o ahasusu be asixɔxɔ le ame ƒomevi bubuwo alo to bubu me tɔwo ŋu wu mí o. Ke boŋ nukpɔsusu si da sɔ anɔ mía si le asixɔxɔ si míedea mía ɖokui ŋu la ŋu. Nu ka tae? Elabena mía Fofo, Yehowa Mawu, “mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

Esia nyanya akpe ɖe mía ŋu hã be míaɖe mɔ amewo ƒe nazãbubu ɖe mía ŋu nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míewɔa nu ɖe ame bubuwo ŋui dzi o. Ana míakpɔe adze sii hã be susu aɖeke meli si tae míase le mía ɖokui me be asixɔxɔ le mía ŋu wu ame ƒomevi bubuwo o, elabena Mawu “[wɔ] amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ame ɖeka me, be woanɔ anyigba blibo la dzi.”—Dɔwɔwɔwo 17:26.

Le nyateƒe me la, esi míenyae be ɖe wowɔ mí, eye be mía Wɔla la tsɔa ɖe le eme na mí la nye nu vevi si naa míaƒe susu me dzea akɔ anyi. Gake nu geɖe gahiã hafi susu me ƒe akɔdzeanyi sia nakpɔtɔ anɔ mía si ɖaa.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

Ðe amegbetɔwo dzɔ tso lã mea?

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nyanya be mía Wɔla la tsɔa ɖe le eme na mí naa míaƒe susu me dzea akɔ anyi vavã