Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Enye Alẽkplɔla Si Tsɔa Ðe Le Eme Na Wò Mateo 18:12-14

Enye Alẽkplɔla Si Tsɔa Ðe Le Eme Na Wò Mateo 18:12-14

Te Ðe Mawu Ŋu

Enye Alẽkplɔla Si Tsɔa Ðe Le Eme Na

Mateo 18:12-14

‘ÐE Mawu tsɔa ɖe le eme nama?’ Ne èbia nya ma ɖokuiwò kpɔ la, nyae be menye ye ɖekae o. Mía dometɔ geɖe toa fukpekpe kple kuxi geɖewo me, eye ɣeaɖewoɣi la, míebiaa mía ɖokui be ɖe Ame si wɔ xexe gbahoo sia la tsɔa ɖe le eme na mí hã. Ele be míanya ne Yehowa Mawu tsɔa ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe. Esime Yesu, ame si nya Yehowa nyuie wu ame sia ame, nɔ anyigba dzi la, ewɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖe nya sia me le mɔ lédziname aɖe nu.

Yesu zã nu si dzɔna le alẽkpɔkplɔdɔ me tsɔ wɔ kpɔɖeŋu be: “Ne alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si, eye wo dometɔ ɖeka bu mɔ la, ɖe magblẽ blaasieke vɔ asieke la ɖe towo dzi, eye wòayi aɖadi ɖeka si le mɔ bum la oa? Eye ne eva eme be ekpɔe la, vavã mele egblɔm na mi be, akpɔ dzidzɔ ɖe eŋu wu ale si wòakpɔe ɖe blaasieke vɔ asieke siwo mebu mɔ o la ŋu. Nenema kee menye Fofonye si le dziƒo la ƒe dzidzɔ be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka pɛ hã natsrɔ̃ o.” (Mateo 18:12-14) Mina míakpɔ ale si Yesu ƒe nya siawo ɖe ale si Yehowa tsɔa ɖe le eme na Eƒe subɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe beléletɔe fia la ɖa.

Alẽkplɔlaa nyae be beléle na alẽawo dometɔ ɖe sia ɖe nye yeƒe agbanɔamedzi. Ne alẽ aɖe tra mɔ la, anya esi tututu tra mɔ. Enya ŋkɔ si eya ŋutɔ na wo dometɔ ɖe sia ɖe. (Yohanes 10:3) Alẽkplɔla sia si léa be na eƒe alẽwo la madzudzɔ alẽ si bu la didi o va se ɖe esime wòkpɔe. Ne edzo yi alẽ si bu di ge la, magblẽ 99 mamlɛawo ɖi yakatsyɔ o. Zi geɖe la, alẽkplɔlawo kplɔa woƒe alẽwo yia gbeɖuƒe le ha me. * Eya ta alẽkplɔla si yi eƒe alẽ si bu di ge la ate ŋu agblẽ eƒe alẽ susɔeawo ɖe ehati alẽkplɔla bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te. Keke ɖe alẽ si bu ŋu ado dzidzɔ na alẽkplɔlaa godoo. Akɔ alẽ ma si tsi dzodzodzoe la ɖe eƒe abɔta ava alẽha si ɖe dzi ɖi hele dedie la dome.—Luka 15:5, 6.

Yesu ɖe kpɔɖeŋua me hegblɔ be Mawu medi be “ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka pɛ hã natsrɔ̃ o.” Do ŋgɔ la, Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo ku ɖe ‘ɖevi sue, siwo xɔa edzi sena’ la nu ɖiaɖia ŋu. (Mateo 18:6) Azɔ, nu kae Yesu ƒe kpɔɖeŋua le mía fiam tso Yehowa ŋu? Enye Alẽkplɔla si tsɔa ɖe le eme na eƒe alẽwo dometɔ ɖe sia ɖe, ‘suetɔwo’—esiwo adze le amegbetɔ ƒe susu nu abe ɖee asixɔxɔ boo aɖeke mele wo ŋu o ene—gɔ̃ hã, vevie. Nyateƒee, Mawu bua esubɔla ɖe sia ɖe be ele etɔxɛ eye asixɔxɔ le eŋu.

Ne èdi vevie be yeakpɔ kakaɖedzi be Mawu dea asixɔxɔ ye ŋu la, ɖe manyo be nàsrɔ̃ nu geɖe tso Alẽkplɔla Gã, Yehowa Mawu, ŋu ahanya ale si nàwɔ ate ɖe eyama ŋu geɖe wu oa? Ne èwɔe nenema la, ɖikeke mele eme o be kakaɖedzi si su apostolo Petro, ame si ŋutɔ see esime Yesu wɔ alẽ bubu ŋuti kpɔɖeŋua, si la asu wò hã asiwò. Petro ŋlɔ emegbe be: “[Midro] miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe [Mawu] dzi, elabena eléa be na mi.”—1 Petro 5:7.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Alẽkplɔla vovovowo ƒe alẽwo ɖeɖe ɖe vovo masesẽ o, elabena alẽawo dzea si wo kplɔlaa ŋutɔ ƒe gbe hedzea eyome.—Yohanes 10:4.