Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?

Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?

Exlẽlawo Bia Be

Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?

Menye Mawu gbɔe amegbetɔwo ƒe fukpekpewo tso o. Biblia gblɔ be: “Nede megbe xaa be, Mawu [vavã la] nawɔ nu vɔ̃ɖi.” (Hiob 34:10) Ke ame ka koŋ gbɔe míaƒe fukpekpewo tso?

Yesu yɔ Satana be “xexea dzi ɖula.” (Yohanes 14:30) Nyateƒee wònye be Yehowae nye Xexea Katã Ƒe Dziɖula Gãtɔ. Matsɔ ɖoƒe ma ana ame aɖeke gbeɖe o. Gake Mawu ɖe mɔ be Satana naɖu ameƒomea ƒe akpa gãtɔ dzi hena ɣeyiɣi aɖe.—1 Yohanes 5:19.

Dziɖula ka ƒomevie Satana nye? Tso keke esime Satana ƒo nu na amegbetɔwo zi gbãtɔ kee wòzu aʋatsokala kple amewula. Satana ho aʋa ɖe amegbetɔƒomea ŋu vevie le mɔ geɖewo nu. Yesu tsɔ nya siawo bu fɔe be: “Amewulae ame ma nye tso gɔmedzedzea me, eye meli ke ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eme o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.” (Yohanes 8:44) Yesu gblɔ hã be ame siwo nɔ didim be yewoawu ye la nye amewula gbãtɔ la ƒe viwo. Wowɔ wo ɖokui viawoe to nuwɔwɔ abe eyama ene me. Abe ale si ko wogblɔna be, akpa medzia vi wòɖia adeɣe o, ene.

Satana gaƒãa amewuwu ƒe susuwo ɖe amegbetɔwo ƒe dzi me kokoko. Le kpɔɖeŋu me, R. J. Rummel, si nye Yunivɛsiti nufialagã xɔgbɔɖeme le Hawaii, U.S.A. la, bu akɔnta be tso ƒe 1900 va ɖo ƒe 1987 me la, dziɖuɖu vovovowo wu ame miliɔn 169 akpe 198 sɔŋ le dunyahehe me ʋunyaʋunyawɔwɔwo, ame ƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura, kple vovototodede amewo me ƒe ŋutasẽnuwɔnawo me. Tsɔ ame gbogbo mawo siwo wowu la kpe ɖe ame miliɔn blanane siwo hã wowu le aʋawɔwɔ me le ƒe mawo ke me la ŋu.

Ne menye Mawu gbɔe fukpekpewo tso o la, ke nu ka tae wòɖe mɔ ɖe wo ŋu ɖo? Elabena wofɔ nya vevi aɖewo ɖe te tso gbe aɖe gbe ʋĩ ke, siwo lɔ nu gbagbe siwo katã si nunya le le xexea me godoo la ɖe eme, siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋuti gɔmeɖosewo ŋu, siwo gbɔ wòle be woakpɔ. Na míade ŋugble tso wo dometɔ ɖeka ko ŋu kpɔ.

Le amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze la, Adam kple Xawa ɖanɔ Satana ƒe akpa dzi. Wogbe Mawu ƒe dziɖuɖu te nɔnɔ hetiae be yewoanɔ yewo ɖokui si, si ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, enye Abosam ƒe dziɖuɖu te nɔnɔ.—1 Mose 3:1-6; Nyaɖeɖefia 12:9.

Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye bia be wòaɖe mɔ hena ɣeyiɣi didi aɖe bene woakpɔ kpeɖodzi geɖewo hena nyaawo gbɔ kpɔkpɔ. Nyateƒenya kae va dze ƒãa? Fukpekpe sɔŋ koe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo le Satana te la he vae na ameƒomea. Le nyateƒe me la, ɖeko Mawu ƒe mɔɖeɖe ɖe fukpekpe ŋu aɖe vi na amegbetɔwo mlɔeba. Le mɔ ka nu? Mɔnukpɔkpɔ su ame siwo va de dzesi kpeɖodziawo heka ɖe wo dzi la si be woalɔ̃ faa be yewoanɔ Mawu ƒe dziɖuɖu te. Mɔkpɔkpɔ va su ame siwo srɔ̃ Mawu ƒe dzidzenuwo henɔa agbe ɖe wo nu la hã si be woava nɔ agbe tegbee.—Yohanes 17:3; 1 Yohanes 2:17.

Nyateƒee, le fifiɣeyiɣiawo me la, Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖia tee xexea me le. Gake magadidi fũu o. Elabena eteƒe madidi o, Yehowa azã Via be “wòagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.” (1 Yohanes 3:8) Le Mawu ƒe mɔfiafia te la, Yesu afa akɔ na ame siwo katã le fu kpem la, eye wòaɖɔ nu siwo gblẽ le amewo ŋu la ɖo. Agbɔ agbe ame biliɔn geɖe siwo kpe fu heku le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la hã.—Yohanes 11:25.

Yesu fɔfɔ tso ame kukuwo dome nye Satana ƒe dɔwɔwɔwo dzi ɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu ɖeka si ɖe nu si Mawu ƒe dziɖuɖu awɔ na ameƒomea la ƒe kakɛ aɖe ko fia. (Dɔwɔwɔwo 17:31) Biblia he míaƒe susu yi nu si adzɔ ɣemaɣi la dzi kple nya siawo be: “Mawu ŋutɔ anɔ anyi [kple ameƒomea]. Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.