Àdi Be Yeazu Mawu Ƒe Viwo Dometɔ Ðeka?
Àdi Be Yeazu Mawu Ƒe Viwo Dometɔ Ðeka?
ƑE 30 aɖewo le esime Koreaʋa la wu enu megbe la, Korea Nyakakadɔwɔƒe ɖo ɖoɖo aɖe anyi be woakpe ɖe ƒometɔ siwo bu ɖe wo nɔewo tso aʋaa wɔɣi ke la ŋu be woagawɔ ɖeka. Nu kae do tso eme? Ƒometɔ siwo wu akpe 11 sɔŋ—tsɔ aɖatsiwo, avifafa, asikpakpla kɔ na wo nɔewo, kpakple dzidzɔnuwɔna bubuwo—gava wɔ ɖeka kple wo nɔewo. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Korea Times, ka nya ta be: “Medzɔ le Koreatɔwo ƒe ŋutinya me kpɔ be ame gbogbowo wó avi zi ɖeka gboo le ɣeyiɣi ɖeka me o.”
Le Brazil la, wotsɔ Cézar na awɔbae esime wònye ɖevi dzaa ko. Anɔ abe ƒe ewo ene megbe la, dzi dzɔe ŋutɔ esi wòva ke ɖe dadaa si dzii la ŋu, eye wògblẽ atsu kple asi kesinɔtɔ siwo si me wòtsi la ɖi heva nɔ dadaa gbɔ.
Aleke gbegbe dzi dzɔa ƒometɔwo ne wogava ke ɖe wo nɔewo ŋu ake le bubu ɖe wo nɔewo hena ɣeyiɣi didi aɖe megbee nye esi! Biblia ƒo nu tso nudzɔdzɔ wɔnublanui si na Mawu ƒe ƒomea me tɔ siwo nye amegbetɔwo klã ɖa tso eyama gbɔ la ŋu. Egaƒo nu tso ale si Mawu ƒe ƒomea me tɔwo le ɖeka wɔm dzidzɔtɔe la hã ŋu. Aleke wòdzɔ be wo dome klã? Eye alekee wò hã nàte ŋu akpɔ dzidzɔ le ɖekawɔwɔ kple Mawu ƒe ƒomea me?
Ale Si Mawu Ƒe Ƒomea Dome Klã
Hakpala la gblɔ tso Yehowa Mawu, Wɔla la, ŋu be: “Gbɔwò agbedzɔƒe le.” (Psalmo 36:10) Yehowae nye xexea me katã ƒe ƒome gã si me nu wɔwɔ wɔnuteƒe siwo si nunya le le la Fofo. Ƒome ma ƒe akpa aɖe le dziƒo, siwo nye mawudɔlawo, eye wonye Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo, eye eƒe akpa aɖe le anyigba dzi, siwo nye amegbetɔwo, eye woava nye eƒe vi siwo anɔ anyigba la dzi.
Esime Mawu ƒe vi amegbetɔ gbãtɔ, Adam, dze aglã, abe ale si míeƒo nu tso eŋu le nyati si do ŋgɔ me ene la, ɣemaɣie amegbetɔƒomea klã ɖa tso wo Fofo lɔ̃ame, si nye Wɔla la gbɔ. (Luka 3:38) Elabena Adam to eƒe aglãdzedzea dzi bu Mawu ƒe vinyenye ƒe mɔnukpɔkpɔa na eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimevi siwo womedzi haɖe o la siaa. Mawu gblɔ nu si do tso nuwɔna sia me to eƒe dɔla Mose dzi be: ‘Wowɔ nu tovo, ŋukpenanu wònye, eye womenye Mawu ƒe viwo o; woawo ŋutɔwo gbɔe gbegblẽ la tso!’ “Gbegblẽ la,” alo nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe nɔnɔme si le mía si lae te amegbetɔwo ɖa tso Mawu, ame si le kɔkɔe hede blibo le go sia go me la, gbɔ. (5 Mose 32:4, 5; Yesaya 6:3) Eya ta le gɔmesese aɖe nu la, ameƒomea bu, hezu tsyɔ̃evi.—Efesotɔwo 2:12.
Be Biblia nana míakpɔ ale si gbegbe ameƒomea te ɖe aga tso Mawu gbɔe la, eyɔ ame siwo menye Mawu ƒe ƒomea me tɔwo o la be “futɔwo.” (Romatɔwo 5:8, 10) Esi amegbetɔƒomea klã ɖa tso Mawu gbɔ la, wokpe fu le Satana ƒe ŋutasẽdziɖuɖu kple nu vɔ̃ si ƒe dome wonyi, kple blibomademade me tsonu gbegblẽwo ta. (Romatɔwo 5:12; 1 Yohanes 5:19) Ðe amegbetɔ siwo wɔa nu vɔ̃ ate ŋu ava nye Mawu ƒe ƒomea me tɔwoa? Ðe nu wɔwɔ madeblibowo ate ŋu ava zu Mawu ƒe viwo le gɔmesese deblibo nu, abe ale si Adam kple Xawa nɔ hafi wɔ nu vɔ̃ enea?
Vi Siwo Ka Hlẽ La Nu Ƒoƒo Ƒu
Lɔlɔ̃tɔe la, Yehowa wɔ ɖoɖo si aɖe vi na ame madeblibo siwo lɔ̃nɛ la. (1 Korintotɔwo 2:9) Apostolo Paulo ɖe eme be: “Mawu to Kristo dzi nɔ woa kple xexe aɖe dome dzram ɖo, eye megabua woƒe vodadawo na wo o.” (2 Korintotɔwo 5:19) Abe ale si míeɖe eme le nyati si do ŋgɔ me ene la, Yehowa Mawu tsɔ Yesu Kristo na abe tafe ene ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16) Apostolo Yohanes gblɔ le esia ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be: “Mikpɔ lɔlɔ̃ gã si gbegbe le Fofo la si na mí ɖa, be woayɔ mí be Mawu ƒe viwo.” (1 Yohanes 3:1) Eya ta mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na ameƒomea me tɔ toɖolawo be woagava zu Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo ake.
Togbɔ be amegbetɔ siwo katã nu Mawu aƒo ƒu ɖe eƒe ƒomea me ava se vivi le ɖekawɔwɔ wɔnuku aɖe me le wo Fofo si le dziƒo la ƒe beléle te hã la, Biblia ɖee fia be wole wo nu ƒom ƒu ɖe hatsotso eve me. Egblɔ be: “Nya ɣaɣla kɔkɔe sia wɔ ɖeka kple didi si ƒe tame [Mawu ɖo] ɖi le eɖokui me, hena nuwo gbɔ kpɔkpɔ le ɣeyiɣi ɖoɖiawo ƒe dede keŋkeŋ me, si nye be wòagaƒo nuwo katã nu ƒu ɖekae ake ɖe Kristo la me, nu siwo le dziƒowo kple nu siwo le anyigba dzi.” (Efesotɔwo 1:9, 10) Nu ka tae Mawu le nuwo gbɔ kpɔm le mɔ ma nu ɖo?
Ale si Yehowa ma viawo ɖe hatsotso eve me ŋutɔ hã wɔe be ɖekawɔwɔ le eƒe ƒomea me. Mesesẽ be míase nu si tae la gɔme o. Mawu ƒe ƒomea keke ta ale gbegbe be ɖeko wòle abe dukɔ blibo ene. Le dukɔ ɖe sia ɖe me la, wotiaa ame ʋɛ aɖewo wonyea dziɖulawo ale be woakpɔ egbɔ be se kple ɖoɖowo ŋu dɔ wɔwɔ naɖe vi na dukɔa me tɔ susɔeawo. Enye nyateƒe be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖeke mehe ŋutifafa vavãtɔ vae o, gake Mawu ɖo dziɖuɖu deblibo aɖe anyi si aɖu eƒe ƒomea dzi. Hatsotso gbãtɔa, si nye “nu siwo le dziƒowo,” nye Mawu ƒe vi siwo Yehowa ŋutɔ tia be woanye dziɖuɖua, alo Fiaɖuƒea, me tɔwo le dziƒo. “Woaɖu fia ɖe anyigba la dzi” tso afi ma.—Nyaɖeɖefia 5:10.
Mawu Ƒe Vi Siwo Anɔ Anyigba Dzi
Yehowa le “nu siwo le anyigba dzi,” siwo nye ame miliɔn geɖe siwo le anyigba bliboa dzi, la hã nu ƒom ƒu, bene mlɔeba la, woava zu via siwo anɔ anyigba dzi. Esi wònye Fofo dɔmenyotɔ ta la, efiaa eƒe lɔlɔ̃ ƒe mɔwo woamawo, ale be togbɔ be wonye dukɔ vovovowo me tɔwo hã la, wowɔ ɖeka. Wole ame wɔadãwo, ɖokuitɔdilawo, agbe maɖɔʋu nɔlawo, kple ame siwo gbe toɖoɖo Mawu la katã kpem be “woadzra [woa] kple Mawu dome ɖo.”—2 Korintotɔwo 5:20.
Ke ame siwo gbe Mawu ƒe amekpekpea be woava dzra woa kplii dome ɖo bene woazu viawo ya ɖe? Yehowa aɖe afɔ si hiã eye wòaɖe wo ɖa atsɔ akpɔ egbɔ be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ eƒe ƒomea me. Elabena “ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ƒe ŋkeke” aɖe li gbɔna. (2 Petro 3:7) Mawu akɔ anyigba la ŋu to aglãdzelawo ɖeɖeɖa me. Gbɔdzɔe ka gbegbee nye esi wòanye na toɖolawo!—Psalmo 37:10, 11.
Ƒe akpe ɖeka si me ŋutifafa anɔ la akplɔe ɖo, si me woana ame siwo katã kpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia ŋu la nagbugbɔ aɖo blibodede si Adam bu la gbɔ vivivi. Woafɔ ame siwo ku la gɔ̃ hã ɖe tsitre. (Yohanes 5:28, 29; Nyaɖeɖefia 20:6; 21:3, 4) Eye Mawu ana eƒe ŋugbedodo sia nava eme be: “Woaɖe nuwɔwɔ [siwo nye amegbetɔwo] la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me, eye wòakpɔ Mawu ƒe viwo ƒe ablɔɖe si me ŋutikɔkɔe le la.”—Romatɔwo 8:21.
Wɔ Ðeka Kple Fofowò
Cézar kple Koreatɔ akpe geɖe siwo ŋu míeƒo nu tso le nyati sia ƒe gɔmedzedze la wɔ afɔɖeɖe hewɔ ɖeka kple woƒe ƒometɔwo dzidzɔtɔe. Enɔ na Koreatɔ mawo be woawɔ ɖe ɖoɖo si nyakakadɔwɔƒea wɔ la dzi, eye enɔ na Cézar hã be wòadzo le ƒome si gbɔ wònɔ la gbɔ. Nenema kee, ahiã be wò hã nàɖoe kplikpaa atso nya me bene nàva wɔ ɖeka kple Fofowò si le dziƒo, Yehowa Mawu, ahazu eƒe ƒomea me tɔ. Nu kae wòle be nàwɔ?
Hafi nàte ŋu awɔ ɖeka kple Mawu abe Fofowò ene la, ele be nàsrɔ̃ eƒe Nya, Biblia la, bene nàtu xɔse sẽŋu ɖo ɖe eyama kple eƒe ŋugbedodowo me. Àva kpɔ kakaɖedzi be nu siwo Mawu biana tso asiwò be nàwɔ la wɔwɔ aɖe vi na wò godoo. Ahiã hã be nàlɔ̃ axɔ Mawu ƒe ɖɔɖɔɖo kple hehe si wòana wò, elabena Biblia gblɔ na Kristotɔwo be: “Mawu le nu wɔm ɖe mia ŋu abe viawo ene. Elabena vi kae li, si fofoa mehea to na o?”—Hebritɔwo 12:7.
Afɔ mawo ɖeɖe ana wò agbenɔnɔ blibo la katã naɖɔ ʋu wu. Biblia gblɔ be: “Ele be woawɔ mi yeyee le ŋusẽ si ʋãa miaƒe tamesusu la me, eye miado amenyenye yeye, si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavãtɔ me la.” (Efesotɔwo 4:23, 24) Emegbe wɔ ɖe apostolo Petro ƒe nuxlɔ̃amenya sia dzi be: “Abe vi ɖotowo ene la, migadze dzodzro vɔ̃ siwo nɔ mia me esi mienɔ agbe le numanyamanya me la yome o.”—1 Petro 1:14, Agbenya La.
Ðekawɔwɔ Kple Wò Ƒome Vavãtɔ
Esime Cézar ke ɖe dadaa ŋu la, ekpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe esime wòsee be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu le ye si. Nenema kee, ne èva wɔ ɖeka kple Fofowò si le dziƒo la, àkpɔe be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo le ye si le Kristo hamea me. Ne èva le ha dem kpli wo la, àse le ɖokuiwò me be ɖekawɔwɔ ƒe kadodo aɖe si nu sẽ wu esi le mia kple wò ƒometɔwo dome la bla mia kpli wo ɖekae.—Dɔwɔwɔwo 28:14, 15; Hebritɔwo 10:24, 25.
Mɔnukpɔkpɔa le ʋuʋu ɖi na wò be nàva wɔ ɖeka kple Fofowò kple nɔviwòŋutsu kpakple nɔviwònyɔnu vavãtɔwo. Àte ŋu akpɔ dzidzɔ gã aɖe si asɔ kple esi Cézar kple Koreatɔ akpe geɖeawo kpɔ esime wova wɔ ɖeka kple woƒe ƒometɔwo la tɔ.
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Cézar, esime wòxɔ ƒe 19, kple dadaa
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Wɔ afɔɖeɖe nàwɔ ɖeka kple Mawu