Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Togbɔ Be Dzigbãnyawo Ado Mo Ða Hã

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Togbɔ Be Dzigbãnyawo Ado Mo Ða Hã

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Togbɔ Be Dzigbãnyawo Ado Mo Ða Hã

AME ka ŋue womewɔ nu ɖo wògbã dzi nɛ kpɔ o? Wogbã dzi na mía Fofo si le dziƒo, Yehowa Mawu, gɔ̃ hã kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, eɖe Israel viwo tso kluvinyenye me le Egipte, eye wòyra wo geɖe. Ke hã, Biblia gblɔ be: “Wole Mawu tetekpɔ dzi ɖaa, eye wodo dziku na Israel ƒe kɔkɔetɔ la.” (Psalmo 78:41) Togbɔ be enɔ nenema hã la, Yehowa kpɔtɔ nye “Mawu dzidzɔtɔ” ɣeawokatãɣi.—1 Timoteo 1:11.

Le nyateƒe me la, nu gbogbo aɖewo ŋutɔ li siwo hea dzigbãnyawo vanae. Aleke míawɔ be nu siawo nagana míado kpo dzidzɔkpɔkpɔ o? Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yehowa Mawu wɔ nu le ɣeyiɣi siwo me wogbã dzi nɛ la me?

Nu Siwo Gbãa Dzi Na Ame

Mawu ƒe Nya la gblɔ be “azãgbe kple nuɖiɖeame” li na mí katã. (Nyagblɔla 9:11) Afɔku, dɔléle, alo nu vlo wɔwɔ ɖe mía ŋu gɔ̃ hã ate ŋu anye nuɖiɖeame, siwo ate ŋu agbã dzi na mí. Biblia gblɔ hã be: “Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi.” (Lododowo 13:12) Ne míele mɔ kpɔm na nu nyui aɖe vevie la, dzi dzɔa mí ŋutɔ, gake ne meva eme kaba o la, ate ŋu ate ɖe mía dzi vevie. Le kpɔɖeŋu me, Duncan, * si di vevie be yeanye dutanyanyuigblɔla ɖaa la va kpɔe le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ hena ƒe geɖe megbe be ehiã be ye kple ye srɔ̃ yewoatrɔ ayi aƒe. Egblɔ be: “Emae nye zi gbãtɔ si metɔtɔ le agbe me wu. Taɖodzinu aɖeke meganɔ asinye o. Nu bubu aɖeke wɔwɔ megadze nu vevii nam o.” Vevesese si dzigbãnyawo hena vanae la ate ŋu anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ abe ale si wònɔ le Claire gome ene. Eɖe nu me be: “Ɣleti adre ƒe fu si nɔ ƒonye la ge. Ƒe gbogbo aɖewoe nye esia nu sia dzɔ, gake egbegbe gɔ̃ hã ne mekpɔ ɖevi aɖe wòle dɔdeasi aɖe wɔm le kplɔ̃ta le hamea me la, megblɔna na ɖokuinye be, ‘Ao, anye ne aleae vinyea anɔ fifia hafi.’”

Nu ate ŋu ate ɖe dziwò hã ŋutɔ ne ame aɖe wɔ nu wòɖe dzi le ƒowò, abe ne wò zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe mekpɔ dzidzedze o, ne wò srɔ̃ɖeɖe me gblẽ, ne viwò aɖe dze aglã, ne wò zɔhɛ aɖe meɖi anukware na wò o, alo ne xɔ̃wò aɖe meɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia wò o ene. Esi wònye amegbetɔ aɖeke mede blibo o, eye míele ɣeyiɣi sesẽwo me tom ta la, nu siwo ate ŋu agbã dzi na mí la mele xexlẽ me o.

Mía ŋutɔwo míaƒe kpododonuwo gɔ̃ hã ate ŋu agbã dzi na mí. Le kpɔɖeŋu me, ne míete ŋu ɖu dzi le dodokpɔ aɖe me o, ne dɔwɔɖui aɖe mete ŋu su mía si o, alo ne míete ŋu na míaƒe nu lé dzi na ame aɖe si ƒe nu lé dzi na mí o la, míate ŋu ase le mía ɖokui me be míele bo aɖeke nu o. Eye ne míaƒe ame vevi aɖe dzudzɔ mawusubɔsubɔ la, ate ŋu agbã dzi na mí ŋutɔ. Mary gblɔ be: “Edze be vinye nyɔnuvia nɔ vevie dom nu le mawusubɔsubɔ me. Mese le ɖokuinye me be enɔ nye kpɔɖeŋu nyuiwo srɔ̃m. Gake esime wòva dzudzɔ Yehowa Mawu subɔsubɔ hegbe nu le dzidzenu siwo nu míaƒe ƒomea nɔa agbe ɖo gbɔ la, mese le ɖokuinye me be nye agbagbadzedzewo zu dzodzro kura. Nu bubu siwo me mekpɔ dzidzedze le le agbe me la dometɔ aɖeke mete ŋu na nye dzi dze eme o. Dzi ɖe le ƒonye ale gbegbe.”

Aleke míawɔ anɔ te ɖe nudzɔdzɔ gbãdziname siawo nu? Bene míaɖo biabia sia ŋu la, na míadzro ale si Yehowa wɔ nu le ɣeyiɣi siwo me wogbã dzi nɛ la me kpɔ.

Ðe Afɔ Siwo Ana Wò Dzi Nadze Eme

Togbɔ be Yehowa Mawu na nu sia nu si mía dzila gbãtɔawo hiã la wo hã la, womeɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae o, eye wodze aglã. (Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa ta 2 kple 3 lia) Emegbe wo vi Kain te nɔnɔme gbegblẽ aɖewo ɖeɖe fia. Kain ŋe aɖaba ƒu Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame dzi hewu ye ŋutɔ nɔvia. (1 Mose 4:1-8) Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe wòagbã dzi na Yehowae la le susu mea?

Nu ka tae dzigbãnya mawo mena Mawu do kpo dzidzɔkpɔkpɔ o? Elabena eƒe tameɖoɖoe nye be yeana amegbetɔ deblibowo nava yɔ anyigba la dzi, eye wòkpɔtɔ le afɔ vevi siwo ana tameɖoɖo ma nava eme la ɖem. (Yohanes 5:17) Esia tae wòwɔ ɖoɖo ɖe tafevɔsa la kple Mawufiaɖuƒea ŋu ɖo. (Mateo 6:9, 10; Romatɔwo 5:18, 19) Yehowa Mawu metsɔ susu ɖo kuxia dzi o, ke boŋ egbɔkpɔnua ŋue wòtrɔ ɖo.

Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na mí be míatsɔ míaƒe susu aɖo nu siwo míate ŋu awɔ fifia dzi tsɔ wu be míanɔ nu siwo me míekpɔ dzidzedze le o alo nu si míawɔ le nɔnɔme aɖe me hafi la ŋu bum. Egblɔ be: “Mlɔeba la, nɔviwo, nu siwo katã nye nyateƒe, nu siwo katã ŋu wòhiã be woabu vevie, nu siwo katã le dzɔdzɔe, nu siwo katã le dzadzɛ, nu siwo katã dze na lɔlɔ̃, nu siwo katã ŋu woƒoa nu nyui le, ne nɔnɔme nyui aɖe li, eye ne nane li si dze kafukafu la, minɔ nu siawo ŋu bum.”—Filipitɔwo 4:8.

Dzigbãnyawo Ŋuti Nukpɔsusu Si Sɔ

Nuwo ate ŋu adzɔ siwo atrɔ míaƒe agbenɔnɔ keŋkeŋ. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be gbe ɖeka kple eƒe zãdodo la, dɔwɔɖui megale mía si o, mía srɔ̃ megava li o, alo mɔnukpɔkpɔ siwo su mía si tsã la ge le mía si. Ðewohĩ míegale lãmesẽ nyui me o, míebu míaƒe aƒe, alo xɔlɔ̃wo gblẽ mí ɖi. Aleke míawɔ ate ŋu anɔ te ɖe tɔtrɔ kpakpa mawo nu?

Ame aɖewo kpɔe be nu siwo le vevie wu tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ kpe ɖe yewo ŋu. Duncan, si ŋu míeƒo nu tso va yi la gblɔ be: “Esi mía kple srɔ̃nye míekpɔe dze sii be míagate ŋu atrɔ ayi míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa dzi o la, ete ɖe mía dzi vevie ŋutɔ. Mlɔeba, míeva trɔ míaƒe susu ɖe nu vevi eve ŋu: Danye dzi kpɔkpɔ kple ne anya wɔ la, míayi edzi anɔ míaƒe ɣeyiɣiawo katã zãm le mawusubɔsubɔdɔwo wɔwɔ me. Ne nyametsotso aɖewo wɔwɔ dze ŋgɔ mí la, míedea ŋugble le ale si woakpɔ ŋusẽ ɖe nu vevi siawo dzii ŋu. Esia na nɔnɔmea ka ɖe eme na mí.”

Le mía dometɔ geɖe gome la, nu si míewɔna zi geɖe ne dzigbãnyawo do mo ɖa ye nye be míebua nu siwo wogblẽ le mía ŋu la ŋu fũu akpa. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ míekpɔ dzidzedze le agbagba si míedze be míahe mía vi, alo be dɔ aɖe nasu mía si, alo míaɖe gbeƒã nya nyuia le duta, abe ale si míedii hafi ene, me o. Esia ta ɖewohĩ míase le mía ɖokui me be míedo kpo nu. Ke hã, ale si ko dzigbãnya siwo do mo ɖa le amegbetɔƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze mefia be Mawu do kpo nu o la, nenema kee ne míawo hã míaƒe agbagbadzedzewo mekpɔ dzidzedze le gɔmedzedzea me o la, esia mefia be míedo kpo nu o.—5 Mose 32:4, 5.

Ele bɔbɔe be míado dziku vevie ne amewo wɔ nu ɖe mía ŋu wògbã dzi na mí. Yehowa mewɔa nu nenema o. Esime Fia David wɔ ahasi eye emegbe wòna wowu nyɔnua srɔ̃ la, Yehowa do dziku ɖe eŋu. Ke hã, esi Yehowa kpɔe be David trɔ dzi me vavã la, eyi edzi zã eyama le mɔ vovovowo nu. Nenema kee Fia Yosafat wɔnuteƒe la hã wɔ vodada esime wòɖabla nu kple Mawu ƒe futɔwo. Yehowa ƒe nyagblɔɖila gblɔ nɛ be: “Le esia ta Yehowa ƒe dɔmedzoe va dziwò ɖo. Ke wokpɔ nyuiwɔwɔ aɖewo le ŋuwò.” (2 Kronika 19:2, 3) Yehowa kpɔe dze sii be vodada ɖeka sia mewɔe be Yosafat trɔ ɖa le ye yome keŋkeŋ o. Nenema kee míawo hã míate ŋu akpɔ míaƒe xɔlɔ̃kadodowo ta ne míewɔa nu wògbɔa eme ne mía xɔlɔ̃wo da vo ɖe mía ŋu o. Nɔnɔme nyui geɖewo aganɔ mía xɔlɔ̃ siwo wɔ nu wògbã dzi na mí la si kokoko.—Kolosetɔwo 3:13.

Míate ŋu abu dzigbãnyawo be wonye nudzɔdzɔ siwo me wòhiã be míato le agbe me hafi aɖo dzidzedzekpɔkpɔ vavãtɔ gbɔ. Ate ŋu adzɔ be míado dziku ɖe mía ɖokui ŋu ne míewɔ nu vɔ̃. Ke hã, ne míeɖoe kplikpaa wɔ afɔɖeɖe siwo hiã heyi edzi do vevie nu la, míaƒe dzi adze eme. Esime Fia David do dziku ɖe eɖokui ŋu hese veve vevie la, eŋlɔ bena: ‘Nye ŋeŋe atraɖii na nye ƒuwo nyunyɔ. Mlɔeba meɖe nye nu vɔ̃wo fia wò, Yehowa; tete nètsɔ nye nu vɔ̃ ƒe vodadawo kem.’ (Psalmo 32:3-5) Ne míede dzesii be míete ŋu wɔ nu si Mawu di tso mía si o la, ele be míado gbe ɖa abia Mawu ƒe tsɔtsɔke eye míatrɔ míaƒe agbenɔnɔ, eye tso ema dzi la, míaɖoe kplikpaa be míawɔ eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ.—1 Yohanes 2:1, 2.

Dzra Ðo Fifia Ðe Dzigbãnyawo Ŋu

Ðikeke mele eme o be nanewo ava gbã dzi na mía dometɔ aɖewo godoo le etsɔ me. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe wo ŋu? Bruno, si nye Kristotɔ hena ɣeyiɣi didi aɖe eye wòto nudzɔdzɔ aɖe si gbã dzi nɛ vevie me, si kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe agbenɔnɔ dzi la gblɔ nya nyui aɖe. Egblɔ be: “Le gonye me la, nu vevi si kpe ɖe ŋunye mete ŋu nɔ te ɖe dzigbãnyawo nue nye be meyi edzi nɔ nu si mewɔna xoxo, si doa ŋusẽm le gbɔgbɔ me la wɔm. Menya nu si tae Mawu ɖe mɔ xexe vɔ̃ɖi sia gakpɔtɔ li ɖo. Mezã ƒe geɖe dze agbagba vevie na ƒomedodo kplikplikpli va le mía kple Yehowa dome. Mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ be mete ŋu wɔ nu sia. Akɔfafa si mekpɔna le nyanya be eli kplim me la kpe ɖe ŋunye mete ŋu do dzi le nuteɖeamedzi si me meto me.”

Ne míele ŋugble dem le etsɔ si gbɔna ŋu la, míate ŋu aka ɖe nu ɖeka aɖe dzi: Togbɔ be ate ŋu adzɔ be míado dziku ɖe mía ɖokui ŋu alo ame aɖewo awɔ nu wòagbã dzi na mí hã la, Mawu ya magbã dzi na mí gbeɖe o. Le nyateƒe me la, Mawu gblɔ be yeƒe ŋkɔ, Yehowa, gɔmee nye “Mava nye ame si mava nye.” (2 Mose 3:14) Esia na kakaɖedzi mí be ava zu nu sia nu si le vevie bene wòawɔ eƒe ŋugbedodowo dzi. Edo ŋugbe be yeƒe lɔlɔ̃nu ava eme “le dziƒo, kple anyigba dzi hã” to yeƒe Fiaɖuƒea dzi. Esia tae apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Meka ɖe edzi bliboe be, ku alo agbe alo mawudɔlawo alo dziɖuɖuwo . . . alo nuwɔwɔ bubu aɖeke, mate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ, me la gbɔ o.”—Mateo 6:10; Romatɔwo 8:38, 39.

Míate ŋu akpɔ mɔ na ŋugbe si Mawu do to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi la me vava kakaɖedzitɔe; egblɔ be: “Kpɔ ɖa, mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o.” (Yesaya 65:17) Mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname kae nye esi be ɣeyiɣi aɖe li gbɔna si me ame aɖeke magawɔ nu wòagbã dzi na mí o!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

Ne míaƒe agbagbadzedzewo mekpɔ dzidzedze le gɔmedzedzea me o la, esia mefia be míedo kpo nu o

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na mí be míatsɔ míaƒe susu aɖo nu siwo míate ŋu awɔ fifia dzi tsɔ wu be míanɔ nu siwo me míekpɔ dzidzedze le o la ŋu bum

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Mawu gakpɔtɔ kpɔa dzidzɔ togbɔ be amegbetɔwo do kpo nu gɔ̃ hã, elabena eƒe tameɖoɖoa ava eme godoo

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Mawu subɔsubɔ tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me kpena ɖe ame ŋu wònɔa te ɖe dzigbãnyawo nu