Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Ho nenie ahosia ƒe gaku eveawo nye?

Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, gbedoxɔmedzɔ si Yudatɔwo xena ƒe sia ƒee nye “draxma eve,” si anɔ abe ɣemaɣi ƒe ŋkeke eve ƒe dɔwɔfetu ene. (Mateo 17:24) Gake Yesu gblɔ be wodzraa atsutsrɔe eve “xɔa gaku ɖeka, si ƒe home le sue,” si nyea miniti 45 ƒe dɔwɔfetu. Wotsɔa ga home sia ƒe teƒe eve, alo miniti 90 ƒe dɔwɔfetu ƒlea atsutsrɔe atɔ̃ gɔ̃ hã.—Mateo 10:29; Luka 12:6.

Gaku si Yesu kpɔ ahosi dahe aɖe wòdzɔ le gbedoxɔa me la gale sue kura wu gaku ma. Gaku, alo lepta, si nye akɔbligaku suetɔ kekeake si nɔ Israel ɣemaɣi, evee ahosia dzɔ. Woƒe home mede miniti 12 pɛ ƒe dɔwɔfetu gɔ̃ hã o, ne míebui ɖe ŋkeke ɖeka ƒe dɔwɔfetu si woxena ɖe gaƒoƒo 12 ƒe dɔwɔwɔ ta la nu.

Yesu Kristo de asixɔxɔ nu si ahosia dzɔ ŋu wu ame bubuawo katã ƒe nu “agbɔsɔsɔ vivivo la ƒe ɖe” si wodzɔ la. Nu ka tae? Nuŋlɔɖia gblɔ be “gaku sue eve” koe nɔ esi, eya ta ate ŋu adzɔ ɖeka eye ɖeka nasusɔ nɛ hafi. Ke hã, edzɔ ‘nu siwo katã le esi na eƒe agbenɔnɔ la.’—Marko 12:41-44, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me; Luka 21:2-4.

Ɣekaɣie wote ŋkɔ si nye Paulo yɔyɔ na Saul?

Wodzi apostolo Paulo Hebritɔe ɖe Romatɔwo ƒe dumevinyenye me. (Dɔwɔwɔwo 22:27, 28; Filipitɔwo 3:5) Eya ta ate ŋu anɔ eme be tso eƒe ɖevime kee wotsɔ Hebri ŋkɔ Saul kple Roma ŋkɔ Paulo la siaa nɛ. Eye anɔ eme be Roma kple Hela ŋkɔwo nɔ Paulo ƒe ƒometɔ aɖewo hã si. (Romatɔwo 16:7, 21) Gakpe ɖe eŋu la, enye nu si bɔ be ŋkɔ eve nɔa Yudatɔwo si ɣemaɣi, vevietɔ wo dometɔ siwo nɔ duta.—Dɔwɔwɔwo 12:12; 13:1.

Le apostolo sia ƒe Kristotɔzuzu hena ƒe ewo kple edzivɔwo la, edze abe eƒe Hebri ŋkɔ, Saul la koŋ wonya nɛ ene. (Dɔwɔwɔwo 13:1, 2) Gake le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔa me le ƒe 47/48 M.Ŋ. me la, ɖewohĩ anya di be woanɔ Roma ŋkɔ Paulo la boŋ yɔm na ye. Wode dɔ asi nɛ be wòaɖe gbeƒã nya nyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye ɖewohĩ anya se le eɖokui me be ameawo axɔ ye nyuie wu ne Roma ŋkɔ le ye si. (Dɔwɔwɔwo 9:15; 13:9; Galatiatɔwo 2:7, 8) Ðewohĩ susu bubu si tae wòanya nɔ ŋkɔ Paulo la zãmee nye be Hebri ŋkɔ Saul yɔyɔ ƒe ɖiɖi sɔ kple Helagbemenya aɖe, si ƒe gɔmesese medze to kura o, tɔ. Eɖanye susu ka ke tae Paulo trɔ eƒe ŋkɔ o, esia ɖee fia be elɔ̃ faa be “[yeazu] nuwo katã na ame ƒomeviwo katã, bene [yeaɖe] wo dometɔ aɖewo godoo.”—1 Korintotɔwo 9:22.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Lepta La Ƒe Lolome Ŋutɔŋutɔ