Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Agbalẽa Fiaa Nu Abe Ale Si Yesu Fia Nui Ene’

‘Agbalẽa Fiaa Nu Abe Ale Si Yesu Fia Nui Ene’

‘Agbalẽa Fiaa Nu Abe Ale Si Yesu Fia Nui Ene’

NYATAKAKAWO ɖee fia be Biblia srɔ̃gbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? la na nya nyui gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le la le dzidzedze kpɔm ŋutɔ. Ame aɖe si wole Biblia srɔ̃m kpli la gblɔ tso eŋu be: “Eʋua ŋku na ame eye wòwɔa dɔ ɖe ame ƒe dzi kple susu dzi.” Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla aɖe si srãa hamewo kpɔ la ka nya ta be: “Agbalẽa hea ame ƒe susu elabena efiaa nu abe ale si Yesu fia nui ene. Susu le emenya ɖe sia ɖe me, eyia nyawo gbɔ tẽe eye wo me kɔna nyuie; gakpe ɖe eŋu la, edoa dzidzɔ na ame.” Xlẽ ale si wòwɔa dɔ ɖe ame dzi ƒe kpɔɖeŋu siawo kpɔ.

Brazil Ðasefowo srɔ̃ Biblia kple Paulo esime wòge ɖe eƒe ƒewuiwo me ko. Nublanuitɔe la, dzilaawo va gbe wo nɔewo esime wòxɔ ƒe 16. Paulo ɖage ɖe samba ɣeɖuha aɖe me bene wòate ŋu akpɔ ga akpɔ dadaa dzi, gake eteƒe medidi o, eva ƒo eɖokui ɖe agbe gbegblẽ nɔnɔ kple aha tsu nono me. Ke hã, nyateƒe siwo wòsrɔ̃ va yi la ƒe ɖe kpɔtɔ nɔ dzi me nɛ. Le kpɔɖeŋu me, esi wònyae be vodusubɔsubɔ do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ ta la, dzi kui esime wokpe woƒe ɣeɖuhaa be woava ƒo ha le vodukpɔ aɖe me. Eva kpɔe dze sii hã be viɖe aɖeke mele yeƒe agbe ŋu o. Esime sɔhɛ Ðasefo aɖe tsɔ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa fia Paulo le ƒe 2005 me la, dzo yeye ɖo eme enumake, eye wògate Biblia sɔsrɔ̃. Eteƒe medidi hafi wòdo le ɣeɖuhaa me o, eye ele Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dem fifia.

Zambia Ŋutsu aɖe si nye kɔƒedumegã si ŋkɔe nye Goliath la ɖe nyɔnu eve eye vi ewo le esi. Togbɔ be menye ame kako wònye o hã la, woa kple eƒe ƒomea woɖe afɔ ɖedzesi aɖewo le Mawu subɔsubɔ gome. Le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa xexlẽ megbe eteƒe medidi o la, Goliath te tɔtrɔwo wɔwɔ le eƒe agbe me. Le January 2006 me la, woa kple eƒe ƒomea wote Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede, eye le February me la, eɖe asi le srɔ̃a evelia ŋu eye wòɖe gbãtɔa le se nu. (Mateo 19:4-6; 1 Timoteo 3:2) Le March me la, eɖe asi le kɔƒedumegãnyenyea ŋu, eye le April me la, woa kple srɔ̃a Esther wote gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me togbɔ be womezu Yehowa Ðasefo siwo wonyrɔ ɖe tsi me haɖe o hã. Edze ƒãa be nyametsotso si wowɔ be yewoasubɔ Yehowa la do dziku na gbɔgbɔ vɔ̃wo, eye wote fuɖeɖe na Esther. Gake Esther tsi tsitre ɖe wo ŋu, abe ale si Yakobo 4:7 ɖo aɖaŋui ene. Nu kae do tso eme? Esther gblɔ be: “Fifia la, mía kple srɔ̃nye míevo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me keŋkeŋ.”