Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Siwo Ŋu Wosẽ Ŋuta Le La Ta Ʋiʋli

Ame Siwo Ŋu Wosẽ Ŋuta Le La Ta Ʋiʋli

Ame Siwo Ŋu Wosẽ Ŋuta Le La Ta Ʋiʋli

LE May 3, 2007, dzi la, Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe si le Strasbourg, France, la ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo katã da asi ɖe nyametsotso si wowɔ tsɔ ʋli Yehowa Ðasefo siwo le Georgia ta la dzi. Ʋɔnudrɔ̃ƒea kpɔe be wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe Ðasefoawo ŋu, eye be wodo vlo woƒe subɔsubɔblɔɖe ƒe gomenɔamesi. Ʋɔnudrɔ̃ƒea ka ŋkume na Georgia ƒe dziɖuɖu tsãtɔa hã le esi mehe ame siwo wɔ ŋutasẽnu siawo yi ʋɔnui o ta. Nu kae na wova wɔ nyametsotso sia?

Le October 17, 1999, dzi la, Yehowa Ðasefo 120 siwo le Gldani Hame si le Tbilisi, si nye Georgia ƒe fiadu, me la kpe ta ɖekae le ŋutifafa me. Kasia, nu vlo wɔlawo ƒe ha gã aɖe, si Orthodox nunɔla gege Vasili Mkalavishvili nɔ ŋgɔ na la, va dze wo dzi le kpekpea me. Ameha siawo siwo tsɔ kpo kple atitsoga siwo wotsɔ gakpo wɔ ɖe asi la ƒo ame siwo le kpekpea me la kutɔkutɔe hede abi wo dometɔ aɖewo ŋu vevie. Wode abi nyɔnu aɖe ƒe ŋku ɖeka vevie ale gbegbe be womete ŋu ɖɔe ɖo nɛ keŋkeŋ o. Ame 16 ya teti tsi kɔdzi hena ɣeyiɣi aɖe. Esi Ðasefo aɖewo yi ɖe kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe hena kpekpeɖeŋu la, wodo go kpovitɔwo ƒe amegã, eye wògblɔ na wo be nenye yee le ŋutasẽlawo teƒe la, anye ne yetu nu kpli wo wu ema gɔ̃ hã! Nu vlo wɔla siawo dometɔ ɖeka lé amedzidzenuwɔnaa ɖe video dzi, eye emegbe woɖee fia to television dɔwɔƒe siwo le dukɔa me dzi, si wɔe be ame sia ame kpɔ amedzidzelaawo gaglã. *

Ðasefoawo yi ɖasama ŋutasẽlaawo le ʋɔnu, gake setɔwo mewɔ naneke tso nyaa ŋu o. Kpovitɔ aɖe si wode dɔ asi na be wòaku nyaa me la gblɔ be Orthodoxtɔe yenye, eye be asesẽ ŋutɔ be yemade yetɔwo dzi le nyaa me o. Dukɔa ƒe senyawo gbɔ kpɔlawo ƒe afɔ aɖeke maɖemaɖe na dzi ɖo subɔsubɔ ƒe zazɛ̃nyahelawo ƒo be wogawɔ ŋutasẽnu siawo tɔgbi alafa kple edzivɔwo.

Eya ta le June 29, 2001, dzi la, Yehowa Ðasefowo tsɔ nyaa yi na Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe la. * Ʋɔnudrɔ̃ƒea wɔ nyametsotso mamlɛa le May 3, 2007, dzi esime wòɖɔ anyranu siwo tututu amedzidzelaawo wɔ la hebu fɔ Georgia dukɔa ƒe setɔwo le esi wometso ɖe nyaa ŋu o ta. Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ tso amedzidzedzea ŋu be: “Setɔwo . . . ƒe agbanɔamedzie wònye be woatsɔ afɔ tsɔtsɔe aku nu me be woanya ale si tututu nuawo dzɔe. Ðeko setɔwo ƒe naneke mawɔmawɔ tso nudzɔdzɔ siawo ƒomevi ŋu ana kakaɖedzi maganɔ dukɔa me tɔwo si le ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple dziɖuɖua ƒe egbɔkpɔkpɔ be woatso afia na ame sia ame ale si dze la ŋu o.”

Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒo nya ta be: “Esi wònye be October 17, 1999 ƒe amedzidzedzeae nye gbãtɔ si wowɔ ɖe Yehowa Ðasefo gbogbowo ŋu ta la, setɔwo ƒe naneke mawɔmawɔ tso eŋu na mɔnukpɔkpɔ ame siwo wɔ ŋutasẽnu mawo ɖe wo ŋu la be woagawɔ ŋutasẽnu geɖe bubuwo ɖe wo ŋu le Georgia dukɔa katã me.”

Alea wòdzɔe be woʋli ame siwo ŋu wowɔ ŋutasẽnuawo ɖo la ta, eye ʋɔnudrɔ̃ƒea bia tso Georgia dziɖuɖua si be wòaxe fe na Ðasefo siwo le Gldani Hamea me la ɖe woƒe nu siwo dome gblẽ kple ga siwo katã wozã le atikewɔwɔ kple senyawo me la ta. Togbɔ be edzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le Georgia la be ŋutasẽnuwo wɔwɔ ɖe wo ŋu nu tsi keŋkeŋ kloe hã la, nu si koŋ do dzidzɔ na wo wue nye be Ʋɔnudrɔ̃ƒea ʋli gomenɔamesi si le wo si be woakpe ta hena tadedeagu le dziɖeɖi me la ta. Esia ta woda akpe na wo Fofo si le dziƒo, Yehowa Mawu, ame si fia mɔ wo hekpɔ wo ta le ɣeyiɣi sesẽ mawo katã me la, geɖe ŋutɔ.—Psalmo 23:4.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Kpɔ January 22, 2002 ƒe Yevugbe me Nyɔ!, axa 18-24, hena numeɖeɖe bubuwo. Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 5 Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe nye Europatɔwo Ƒe Aɖaŋuɖotakpekpe ƒe dɔwɔha aɖe si drɔ̃a nya siwo ku ɖe Europatɔwo Ƒe Se Ku Ðe Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Kple Ablɔɖe Veviwo Ta Kpɔkpɔ Ŋu dzi dada ŋu. Georgia dukɔa de asi se ma te le May 20, 1999, dzi, si fia be wolɔ̃ be yewoawɔ ɖe emenyawo dzi.