Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ekplɔm To Toƒe Dzɔdzɔewo”

“Ekplɔm To Toƒe Dzɔdzɔewo”

“Ekplɔm To Toƒe Dzɔdzɔewo”

ABE ALE SI OLGA CAMPBELL GBLƆE ENE

Esime nɔvinye nyɔnu suetɔ, Emily, ŋlɔ lɛta aɖe nam la, egblɔ le eme be: “Kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo le abe ga si ame ƒona be ame siwo see nadze ye yome ene. ȃo ga la, eye medze yowòme.” Eŋlɔ agbalẽ sia tsɔ kafum ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ hena ƒe 60 sɔŋ ta. Mina magblɔ ale si medze agbe gɔmee kple ale si mewɔ va ƒo ɖokuinye ɖe dɔ sia, si mewɔ hena ƒe geɖe, me la na mi.

UKRAINTƆ agbledelawo ƒe ƒome aɖe, si nɔ afi si gogo Wakaw, Saskatchewan, le Canada ƒe titinaɣetoɖoƒenuto me la, mee wodzim ɖo, le January 19, 1927, dzi. Mía kple nye venɔvi, si ŋkɔe nye Bill, ye nye vi adelia kple adrelia le vi enyi siwo dzinyelawo dzi la dome. Mí ɖeviawo míekpena ɖe mía fofo veviedonulaa ŋu le agbledɔwo wɔwɔ me. Aƒe sue aɖe mee míenɔ, eye mía dada léa be na mí lɔlɔ̃tɔe togbɔ be ŋuɖui alo ƒunukpeƒetetedɔ ƒomevi aɖe ɖea fu nɛ hã, eye dɔ siae va wui mlɔeba. Ƒe 37 koe wòxɔ esime wòku; eye ƒe 4 koe mexɔ ɣemaɣi.

Ɣleti ade le Dada ƒe ku megbe la, Papa gbugbɔ ɖe srɔ̃. Eteƒe medidi o, mí katã míeva tsi dzodzodzoe le aƒea me, afi si wòle be míanɔ ɖekae kple mía yometɔ nyɔnuvi atɔ̃ siwo nyɔnua va dzi na mía fofo la! Medze agbagba be made bubu mía dada yeyea ŋu, gake esia wɔwɔ menɔ bɔbɔe na nɔvinye ŋutsu tsitsitɔ John ya o.

Le ƒe 1930 ƒeawo me la, mía kple Bill míete sekɛndrisuku dede, si na míekpɔa gbɔdzɔe tso aƒea me fuɖenamewo me vie. Esime Xexemeʋa II lia nɔ mo dom ɖa ta la, dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ va xɔ aƒe ɖe amewo me. Míaƒe nufialaa ɖoe be sukuviwo nado gbe na aflaga, gake nyɔnuvi aɖe gbe gomekpɔkpɔ le eme. Esia na sukuviawo dzu xexemedzuwo katã nɛ. Ke hã, ale si wòlé dzi ɖe ƒo la wɔ dɔ ɖe dzinye eye mebiae nu si tae wògbe gbedodo na aflaga. Eɖe eme be Biblia Nusrɔ̃vie yenye, si nye ale si woyɔna Yehowa Ðasefowo ɣeaɖewoɣi, eye be Mawu ɖeɖe koe yetsɔa subɔsubɔ ƒe bubu nana.—2 Mose 20:2, 3; Dɔwɔwɔwo 5:29.

Meʋu Dzo Le Aƒe Me

Le ƒe 1943 me la, mekpɔ dɔ le Prince Albert du la me, si nye agbadodo na agbatsɔʋu gãwo kple aha viviwo mama na asisiwo. Esi wònye be medi vevie be Mawu nafia mɔm ta la, meƒle Biblia, gake mekpɔe be egɔmesese sesẽ ŋutɔ, eye ete ɖe dzinye ale gbegbe be mefa avi gɔ̃ hã. Gbedodoɖa si nye Mía Fofo Si Le Dziƒo koe nye nu si menya le Biblia me.—Mateo 6:9-13.

Le Kwasiɖa aɖe gbe la, aƒenɔ si gbɔ mehaya xɔ le la gblɔ nam dadatɔe be yetu asi “Biblia nyɔnu” aɖe do ɖa le yeƒe xɔmɔnu. Mebia ɖokuinye be, ‘Aleke wòate ŋu asẽ ta me nenema?’ Kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, nye lãme menɔ kɔkɔm o, si wɔe be nyemete ŋu de sɔleme o. “Biblia nyɔnu” la trɔ va gbe ma gbe.

Ebiam be, “Èdoa gbe ɖaa?”

Meɖo eŋu nɛ be, “Megblɔa gbedodoɖa si nye Mía Fofo Si Le Dziƒo.”

Esime wònɔ gɔmesese si le Yesu ƒe nyaawo ŋu me ɖem nam la, melé to ɖe eŋu nyuie. Edo ŋugbe be yeagatrɔ ava Kuɖagbe.

Esi nye aƒenɔa gbɔ va aƒe me la, meƒo nu tso “Biblia nyɔnu” la, si nye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka la, ƒe vavaa ŋu nɛ kple dzidzɔ. Ewɔ nuku nam ŋutɔ be nye aƒenɔa gblɔ nam ŋɔdzidonametɔe be, “Ne menya o, wòva afi sia Kuɖagbe la, makiki mía kplii siaa do go le aƒea me!”

Meɖatsa le míaƒe nutoa me ƒitsoƒitso nɔ Ðasefoa, si meva nya be woyɔna be Aƒenɔ Rampel la, dim. Esi meke ɖe eŋu la, meɖe nye kuxia me nɛ eye megblɔ nɛ be wòagblɔ nu sia nu si wòate ŋui la tso Biblia ŋu nam. Eɖe nu gbogbo aɖewo me nam ale gbegbe be ɖeko wòwɔ nam abe Biblia bliboa mee míedzro ene! Etsɔ míaƒe ŋkekea sɔ kple Noa ƒe ɣeyiɣia, esime Mawu tsrɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexe aɖe ɖa eye wòkpɔ Noa kple eƒe ƒomea ɖeɖe ko ta wokpɔtɔ ɖe anyigba si ŋu wokɔ la dzi.—Mateo 24:37-39; 2 Petro 2:5; 3:5-7, 12.

Aƒenɔ Rampel gblɔ le numedzodzro legbee si míewɔ la ƒe nuwuwu be: “Meka ɖe edzi be èxɔe se be Biblia ƒe nufiafia siawoe nye nyateƒea. Le kwasiɖa eve megbe la, Yehowa Ðasefowo le takpekpe aɖe wɔ ge, eye ele be woanyrɔ wò ɖe tsi me le takpekpe ma me.” Gbe ma gbe la, metsi zãdomadɔalɔ̃e henɔ ŋugble dem le nu siwo katã mesrɔ̃ la ŋuti. Ewɔ nam be ŋkubiãnyae nyɔnyrɔxɔxɔ nye. Ke hã, medi be masubɔ Mawu! Eya ta mexɔ nyɔnyrɔ le October 15, 1943, dzi, togbɔ be Biblia me sidzedze ʋɛ aɖewo koe su asinye hã; mexɔ ƒe 16 ɣemaɣi.

Ʋuʋu Tso Canada Dukɔa Ƒe Ɣetoɖoƒe Yi Ðe Eƒe Ɣedzeƒe

Le November me la, nɔvinye ŋutsu Fred bia tso asinye be mava nɔ yeƒe aƒe si nye dzisasrã eve, si le Toronto dugã si le Canada ƒe ɣedzeƒe gome, la me dzram ɖo na ye. Melɔ̃, le esi mekpɔe be ablɔɖe geɖe wu asu asinye le afi ma na Yehowa subɔsubɔ ta. Hafi maʋu ayi afi ma la, meyi ɖasrã nɔvinye nyɔnu Ann, si gbɔ medidi tso gbɔnye le Saskatchewan dua me o la kpɔ. Dzidzɔnya aɖe nɔ esi nam—Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kple woa kple Doris, eye wòde dzi ƒo nam be nye hã malɔ̃ woasrɔ̃ nu kplim. Tete nye hã megblɔ nye nya ɣaɣlaa nɛ be wonyrɔm ɖe tsi me mezu Ðasefo xoxo!

Mía kple Emily, nɔvinye nyɔnu suea, míeɖo keteke zɔ mɔ didi aɖe yi Toronto. Bill va kpe mí le ketekedzeƒea eye wòkplɔ mí yi aƒea me, afi si Fred kple John hã le. Mebia Fred nenye be ame bubu aɖe hã le aƒea me kpli wo. Egblɔ be: “Awɔ nuku na wò ŋutɔ. Èɖo ŋku Alex Reed si nɔ mía de dzi ɖe? Eyae le dzisasrãa dzi, eye ele eɖokui flum be yele ha dem kple Biblia Nusrɔ̃vi mawo!” Dzi dzɔm ale gbegbe.

Mezɔ dzadzadza lia atrakpuia yi Alex gbɔ eye mía kpli míewɔ ɖoɖo be míade hamea ƒe kpekpe fiẽ ma. Medi be mate kpekpeawo dede enumake bene nɔvinye ŋutsuawo nagakpɔ mɔnu aɖe dzi le ƒonye o. Esia megbe kpuie la, togbɔ be womesrɔ̃ Biblia kplim tsitotsito kpɔ o hã la, mekplɔ Ðasefowo ɖo yi nya nyui gbeƒãɖeƒe zi gbãtɔ. Mezã Ukraingbe si mesrɔ̃ le ɖevime la tsɔ ɖi ɖase na Ukraintɔ geɖewo, eye esia do dzidzɔ nam ŋutɔ.

Gbetakpɔxɔ magazine la xexlẽ dzɔa dzi na Bill, eye medaa yeye ɖe sia ɖe ɖe eƒe xɔ me ɣesiaɣi. Esi wòʋu ɖanɔ British Columbia le Canada ƒe ɣetoɖoƒe gome megbe la, mewɔ ɖoɖo be woanɔ Gbetakpɔxɔ ɖom ɖee dzinu sia dzinu. Togbɔ be Bill meƒoa nu fũu zi geɖe o hã la, eŋlɔ axa ewo ƒe lɛta legbee aɖe nam tsɔ ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia. Ɣeyiɣi aɖewo megbe la, etsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa, eye wòva zu Kristotɔ dzikpɔla dovevienu aɖe emegbe. Aleke gbegbe wòdzɔ dzi namee nye esi be nɔvinye atɔ̃ sɔŋ—Bill, Ann, Fred, Doris, kple Emily—wotsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa hezu esubɔlawo!

Le May 22, 1945, dzi la, Canada ƒe dziɖuɖua ɖe gbeƒãe be woɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo be woaɖe gbeƒã le dukɔa me. * Le nyateƒe me la, gbeƒãɖeɖe mae mese hafi nya be woxe mɔ ɖe míaƒe ɖaseɖiɖidɔa nu le dukɔa me. Mía kple xɔ̃nye Judy Lukus míeɖoe be míaƒo mía ɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe nya nyui gbɔgblɔ dɔa me le dukɔa ƒe ɣedzeƒe ʋĩ le Quebec nuto si me wodoa Fransegbe le me. Esime nɔvinye nyɔnuawo, Doris kple Emily, wose míaƒe ɖoɖoa la, woawo hã ɖoe be yewoaƒo yewo ɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe nya nyui gbɔgblɔdɔa me le Vancouver, British Columbia, le dukɔa ƒe go kemɛ.

Tsitretsitsi Ðe Ðasefowo Ŋu Le Quebec

Esi meʋu yi Quebec la, nuwo menɔ bɔbɔe nam kura o. Wotsi tsitre ɖe Ðasefo siwo nɔ afi ma ƒe ɖaseɖiɖidɔa ŋu vevie ŋutɔ. * Gomekpɔkpɔ le trakt si nye Quebec’s Burning Hate for God and Christ and Freedom Is the Shame of All Canada (Fu Si Gbegbe Quebec Lé Mawu Kple Kristo Kpakple Ablɔɖe La Nye Ŋukpe Na Canadatɔwo Katã) la mama me do dzidzɔ na mí ŋutɔ. Gbedeasi sesẽ ma klo nu le tsitretsitsi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu madzemadzee dzi.

Míetea traktawo mama fɔŋli ga eve gbe sia gbe hena ŋkeke 16 sɔŋ; míewɔa dzadzadza tsɔa traktawo dea amewo ƒe ʋɔtru te. Gbe ɖeka esi míeɖo aƒe aɖe nu la, míese be kpovitɔwo le mɔ dzi gbɔna. Míeyi ɖabe ɖe xɔdomemɔ xaxɛ aɖe me ale be womete ŋu kpɔ mí o. Esi xexe me kɔ la, míegayi ɖanɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! mam le ablɔwo dzi. Esi ɣletiwo va nɔ yiyim la, kpovitɔwo lé mí zi gbɔ zi geɖe si míenya xexlẽme na gɔ̃ hã o. Esi menyae be woate ŋu além de ga ɣesiaɣi ta la, nye numeklɔnuwo kple ŋgazowo nɔa ŋunye ɣesiaɣi.

Le November 1946 me la, Nathan Knorr, si xɔ ŋgɔ na Ðasefowo ƒe dɔa le xexea me godoo ɣemaɣi la tso Brooklyn, New York, va srã mí kpɔ. Ekpe mí, ɣeyiɣiawo katã ƒe nya nyui gblɔla 64 le Quebec, be míaɖa de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass asiekelia le South Lansing, New York. Míexɔ Biblia me nufiame detowo le suku sia si xɔ ɣleti atɔ̃ sɔŋ la me. Esi míewu sukua nu le August 1947 me la, woɖo mí ɖe Quebec ƒe du vovovowo me hena hame yeyewo ɖoɖo.

Subɔsubɔdɔ Si Ðe Vi Geɖe

Woɖo mí ɖetugbui ene ɖe Sherbrooke dugã la me. Míete Fransegbe sɔsrɔ̃ movevieɖoɖotɔe hegbugbɔa nyawo nɔa gbɔgblɔm ne míele mɔ dzi yina míaƒe anyigbamamaa me kple ne míetrɔ gbɔna. Ɣeaɖewoɣi la, ga menɔa mía si hena ŋdɔnuɖuɖu o, eya ta ɖeko míeyia aƒe me ɖasrɔ̃a nu. Kay Lindhorst, si mía kplii míewɔa ɖaseɖiɖidɔa la ɖu tu na gbeŋutisewo nyuie. Efiam Eŋlisigbe ƒe gbeŋutisewo gbã bene Fransegbetɔwo nyanya nanɔ bɔbɔe nam.

Victoriaville, si nye du si me ame 15,000 nɔ ɣemaɣi, mee meto gbeƒãɖeɖedɔa ƒe ɣeyiɣi siwo ɖe dzesi wu la me le. Ƒãa hafi ame aɖe doa Eŋlisigbe le afi ma, si wɔe be wònye teƒe si de mía dzi ŋutɔ le Fransegbea sɔsrɔ̃ me. Míese vivi geɖe le kwasiɖa gbãtɔa me. Amewo xɔ míaƒe agbalẽwo le afi sia afi si míeyi. Esi míegatrɔ va yi ame siawo gbɔ emegbe la, woƒe ʋɔtruwo nɔ tutu, eye wohe fesrenuvɔwo tsyɔ fesrewo nu. Nu ka tae?

Nutoa me sɔlemehaa ƒe nunɔla de se na amewo be woagaɖo to mí o. Eya ta ne míele ɖase ɖim tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu la, ɖeviwo nɔa adzɔge le mía yome henɔa kpewo kple sno bablawo dam mí. Ke hã, ame geɖe di vevie be yewoaɖo to Biblia me gbedeasia. Le gɔmedzedzea me la, zã me koe wodina be míava yewo gbɔ. Gake esi Biblia me sidzedze geɖe va nɔ wo si sum la, míegasrɔ̃a nua le adzame o, togbɔ be woƒe aƒelikawo mekpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu o hã.

Le ƒe 1950 ƒeawo me la, mía kple nɔvinye nyɔnuawo míeɖi tsa yi Wakaw. Míegblɔ nu siwo me míeto le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me la le hamea ƒe kpekpe aɖe me. Emegbe, hamemetsitsi si nɔ zi me na kpekpea gblɔ na mí be, “Ne wova fɔ mía dada ɖe tsitre tso ame kukuwo dome eye wòse be ye viwo va zu Yehowa Ðasefowo la, dzi adzɔe ŋutɔ!” Eɖe nu me na mí be Ðasefo aɖe nɔ Biblia srɔ̃m kplii hafi wòva ku. Esi míesee be enɔ Biblia me nyateƒea srɔ̃m eye míenyae be ne ɖee eƒe agbe nu meva tso kpata o la, afiae mí godoo la, aɖatsi lolo ɖe ŋku dzi na mí.

Srɔ̃ɖeɖe Kple Ðaseɖiɖidɔa Wɔwɔ Ðekae Kple Srɔ̃nye

Le ƒe 1956 me la, medo go Merton Campbell, Ðasefo aɖe si wolé de ga le Xexemeʋa II lia wɔɣi hena ɣleti 27 le esi wònye Kristotɔ si mede akpa aɖeke dzi o ta. Enɔ subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe gã, si le Brooklyn hena ƒe ewo kloe ɣemaɣi. Mawumenɔnɔme nyui geɖewo nɔ Merton si, eye mekpɔe be ate ŋu anye srɔ̃ŋutsu nyui aɖe nam. Míenɔ agbalẽ ŋlɔm na mía nɔewo hena ɣleti aɖewo, eye vivivi la, míaƒe ɖetsɔtsɔ le eme na mía nɔewo kple bubudede mía nɔewo ŋu va zu lɔlɔ̃ sakɔ.

Mía kple Merton míeɖe mía nɔewo le September 24, 1960, dzi. Yayra ka gbegbee nye esi wònye nam be mía kple ŋutsu mawuvɔ̃la nyui sia míenɔ anyi ɖekae hena ƒe 47 siwo va yi la! Merton wɔ dɔ le dɔwɔƒe si kpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔnyawo gbɔ, si naa mɔfiame hamewo le United States (États-Unis) dukɔa me la hena ƒe 58 sɔŋ. Dɔ si mewɔna le Brooklyn hena ƒe 30 sɔŋue nye atsyɔ̃ɖoɖo na amedzrowo ƒe xɔwo me, eye emegbe meva kpea asi ɖe atsyɔ̃ɖoɖo na Takpexɔ gã siwo le New York City nutoa me ŋu. Emegbe le ƒe 1995 me la, woɖe mía kple srɔ̃nye Merton yi ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒe si le Patterson, afi si didi tso New York City gbɔ abe kilomita 110 ene le dziehe gome.

Esime meʋu le aƒe me le ƒe 12 xɔxɔ me la, meva susu me nam kpɔ be mava ge ɖe mawusubɔlawo ƒe ƒome gã aɖe si me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo le, siwo dome danyeviwo hã le la, me o. Mele mɔ kpɔm vevie na Mawu ƒe xexe yeyea, esime mí katã míava ƒo xlã Dada ahaɖo dze tso nu siwo me míeto, tso esime wòdɔ alɔ̃ le ku me, la ŋu nɛ—vevietɔ ale si Yehowa Mawu fia mɔ viawo lɔlɔ̃tɔe wova dzesi eyama. Aleke dzi dzɔa míi enye esi be Yehowa kplɔ mí “to toƒe dzɔdzɔewo”!—Psalmo 23:3.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 21 Esi Yehowa Ðasefowo medea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o ta la, dziɖuɖua xe mɔ ɖe woƒe habɔbɔa nu le July 4, 1940 dzi.

^ mm. 23 Kpɔ May 8, 2000, ƒe Nyɔ!, axa 20-23 hena numeɖeɖe geɖe le ale si woti Yehowa Ðasefowo yome le Quebec ŋu.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]

Dzinyelawo kple aƒe si me mía kpli wo kpakple danyevi adreawo míenɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Mía kple hati gbeƒãɖelawo le Ottawa, le ƒe 1952 me

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Mía kple danyeviwo (tso miame yi ɖusime) Ann, Mary, Fred, Doris, John, nye ŋutɔ, Bill, kple Emily

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Mía kple Merton egbea