Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Enye Ame Si Gbɔa Agbe Ame Kukuwo

Enye Ame Si Gbɔa Agbe Ame Kukuwo

Te Ðe Mawu Ŋu

Enye Ame Si Gbɔa Agbe Ame Kukuwo

Luka 7:11-15

ÐE AME vevi aɖe ku na wòa? Ne nenemae la, ekema agbemenudzɔdzɔ siwo gbãa dzi na ame wu la dometɔ ɖeka mee nye ema nèto. Mía Wɔlaa se wò vevesesewo gɔme na wò. Gawu la, ate ŋu aɖɔ nu siwo ku gblẽ le ŋuwò la ɖo. Ena woŋlɔ ame kukuwo fɔfɔ tso ku me ŋuti nudzɔdzɔwo ɖe Biblia me bene yeana míanya be menye Agbenala koe yenye o, ke yenye Ame si gbɔa agbe ame kukuwo hã. Na míadzro ame kukuwo fɔfɔ ƒe nudzɔdzɔ siawo dometɔ ɖeka si wòna ŋusẽ Via, Yesu Kristo, wòwɔ la me kpɔ. Àte ŋu akpɔ eŋutinuŋlɔɖi le Luka 7:11-15.

Ƒe 31 M.Ŋ. mee wòdzɔ. Yesu zɔ mɔ yi du si nye Nain, si le Galilea nutoa me, la me. (Kpukpui 11) Anɔ eme be ɣeɖoto lɔƒoe wòva ɖo dua ƒe agbo nu. Biblia ka nya ta be: “Esi wògogo dua ƒe agbo nu la, kpɔ ɖa! Wokɔ ame kuku aɖe si nye dadaa ƒe tenuvi la va yina. Ahosi hãe dadaa nye. Ameha gã aɖe hã tso dua me kplɔ nyɔnua ɖo.” (Kpukpui 12) Ðe nàte ŋu akpɔ ale si gbegbe dadaa ahosia axa nui le susu mea? Via ŋutsu tenuvi la ƒe ku na wògabu ame evelia si akpe ɖe eŋu le agbe me ahanye etakpɔla la hã.

Vidada sia si nɔ nu xam, si anɔ eme be enɔ zɔzɔm le amekukutsɔnu si dzi wokɔ via ŋutsua ɖo xa tututu la ŋue Yesu tsi dzi ɖo. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi Aƒetɔ la ƒe ŋku kli nyɔnua la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ, eye wògblɔ nɛ be: ‘[Megafa avi o].’” (Kpukpui 13) Dzigbãnya si dzɔ ɖe ahosia dzi la wɔ nublanui na Yesu ale gbegbe. Ðewohĩ esia na wòbu ye ŋutɔ dadaa, si anɔ eme be ezu ahosi ɣemaɣi xoxo, eye eteƒe madidi o yeƒe ku ado nuxaxa nɛ la ŋu.

Yesu te ɖe wo ŋu—gake menye kple susu be yeakplɔ wo ɖo o. Ke boŋ abe ame si si ŋusẽ le ene la, ‘eka asi amekukutsɔnu la ŋu’ hena ameha la tɔ. Tete wòtsɔ gbe aɖe si ɖee fia be enye ame si wona ŋusẽe ɖe ku dzi la gblɔ be: “‘Ðekakpui, mele egblɔm na wò be: Fɔ!’ Eye ame kuku la fɔ bɔbɔ nɔ anyi hete nuƒoƒo, eye wòtsɔe na dadaa.” (Kpukpui 14, 15) Esi ɖekakpui sia ku la, ɖeko wòle abe ɖee ku xɔe le nɔa si ene. Eya ta esi Yesu ‘tsɔe na dadaa’ la, wogawɔ ɖeka ake abe ƒome ene. Ðikeke mele eme o be, dzidzɔ manyagblɔ aɖe va xɔ ɖe nuxaxa si xɔ ahosia ƒe dzi me la teƒe.

Ðe wòdzro wò vevie be wò hã nàva kpɔ dzidzɔ ma tɔgbi, be mía kple wò ame vevi aɖe si ku la míagawɔ ɖeka akea? Ka ɖe edzi be Mawu sea veve ɖe nuwò. Yesu ƒe vevesese ɖe ahosi ma nu ɖe Mawu ŋutɔ ƒe dɔmetɔtrɔ fia, elabena Yesu ɖe Fofoa ƒe amenyenye fia bliboe. (Yohanes 14:9) Biblia fia mí be Mawu le didim vevie be yeagbɔ agbe ame siwo ku, siwo le susu me nɛ la. (Hiob 14:14, 15) Eƒe Nya, Biblia, na mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe su mía si, si nye agbenɔnɔ le paradiso me le anyigba dzi kple míaƒe ame veviwo fɔfɔ tso ku me teƒekpɔkpɔ. (Luka 23:43; Yohanes 5:28, 29) Ðe mado dzidzɔ na wò be nàgasrɔ̃ nu geɖe tso Ame si gbɔa agbe ame kukuwo la ŋu, kple ale si nàwɔ be ame kukuwo fɔfɔ tso ku me ƒe mɔkpɔkpɔ nasu asiwò la ŋu oa?

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

“Ame kuku la fɔ bɔbɔ nɔ anyi hete nuƒoƒo, eye wòtsɔe na dadaa”