Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Se La Va Zu Míaƒe Mɔfiala”

“Se La Va Zu Míaƒe Mɔfiala”

“Se La Va Zu Míaƒe Mɔfiala”

ÐEVI ʋɛ aɖewo koe kpɔa vevienyenye si le sedede kple tohehe ŋu dzea sii. Sededewo mevivia wo nu kura o. Gake ame siwo ƒe agbanɔamedzi wònye be woana hehe ɖeviwo ya nyae be mɔfiame si sɔ nana wo le vevie. Eye ne ƒeawo va le yiyim la, ɖevi geɖe ava kpɔ mɔfiafia woamawo ƒe vevienyenye adze sii. Apostolo Paulo tsɔ ale si vidzikpɔla fiaa mɔ ɖevi la wɔ afɔ siwo Yehowa Mawu ɖe tsɔ fia mɔ eƒe amewo la dometɔ ɖeka ƒe kpɔɖeŋu.

Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Roma ƒe nuto si nye Galatia me la dometɔ aɖewo te tɔ ɖe edzi be ame siwo wɔna ɖe Mawu ƒe Se si wòtsɔ na Israel viwo to Mose dzi la dzi ɖeɖe ko ƒe nue dzea eŋu. Apostolo Paulo nya be nya sia menye nyateƒe o, elabena Mawu na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ame aɖewo siwo menɔ agbe ɖe Yudatɔwo ƒe sea nu kpɔ o gɔ̃ hã. (Dɔwɔwɔwo 15:12) Eya ta Paulo wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖɔ nukpɔsusu gbegblẽ ma ɖo. Eŋlɔ ɖe agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Galatia la me be: “Se la va zu míaƒe mɔfiala si kplɔa mí yia Kristo gbɔ.” (Galatiatɔwo 3:24) Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ be, “mɔfiala wɔa akpa vevi aɖe ŋutɔ le ɖeviwo hehe me le blema ɣeyiɣiwo me.” Akpa vevi si mɔfiala wɔna gɔme sese ana míase kpɔɖeŋu si Paulo wɔ la gɔme nyuie.

Mɔfiala Ƒe Agbanɔamedziwo

Zi geɖe la, ƒome siwo dzi nu de le Helatɔwo, Romatɔwo, kple ɖewohĩ Yudatɔwo gɔ̃ hã dome la xɔa mɔfiala siwo nyea vidzikpɔlawo na wo viwo tso woƒe ɖevime va ɖo wofe ƒewuiwo me. Zi geɖe la, mɔfialaa nyea kluvi, ame tsitsi si dzi woaka ɖo, si kpɔa ɖevia ƒe dedienɔnɔ gbɔ, eye wòkpɔa egbɔ be wowɔ ɖevia fofo ƒe didiwo dzi na ɖevia. Mɔfialaa nɔa ɖevia ŋu yia afi sia afi si wòyina le ŋkeke bliboa me, ekpɔa eƒe dzadzɛnyenye gbɔ, ekplɔnɛ yia suku, eye zi geɖe hã, eyae tsɔa ɖevia ƒe agbalẽwo kple nu zazã bubuwo ɖe asi nɛ ne wole mɔa dzi, eye wònɔa eteƒe ne wole nu fiam ɖevia.

Zi geɖe la, menye sukunufialae mɔfialaa nyena o. Mɔfialaa mefiaa sukunuwo ɖevia o, ke boŋ ɖevia fofo ƒe mɔfiame siwo wòna la dzi koe wòwɔna ɖo abe ɖevia ƒe dzikpɔla ene. Ke hã, efiaa nu ɖevia le mɔ aɖewo nu to ŋkuléle ɖe eŋu kple hehenanae me. Esia lɔ agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo fiafiae, nyagbegbe nɛ, kple tohehe nɛ ɖe nu gbegblẽ aɖe wɔwɔ ta gɔ̃ hã ɖe eme. Gake ɖevia dadaa kple fofoa koŋue naa hehe ɖevia. Ke hã, ne ɖevia le tsitsim la, mɔfialaa fianae ale si wòalé eɖokui nyuie ne ele zɔzɔm le mɔ dzi, dziwui ʋlaya dodo, anyinɔnɔ ɖe nɔnɔme nyui me, nuɖuɖu ɖe ɖoɖo nyui nu, tsotso ɖe tsitrenu ne ame tsitsi aɖe ge ɖe xɔ me, ale si wòalɔ̃ edzilawo, kple nu bubuwo.

Hela xexemenunyala Plato (428-348 D.M.Ŋ.) kpɔe be mele be woaɖe mɔ na ɖeviwo be woawɔ nu sia nu si dzro wo o. Eŋlɔ bena: “Abe ale si ko alẽ, alo lã bubu ɖe sia ɖe si wokplɔna yia gbeɖuƒee mate ŋu anɔ eɖokui si kplɔla manɔmee o ene la, nenema kee ɖeviwo mate ŋu anɔ wo ɖokuiwo si mɔfiala manɔmee, alo kluviwo nanɔ anyi aƒetɔ te manɔmanɔe o.” Edze abe ɖee nukpɔsusu sia gbɔ eme ene; gake nenemae Plato ya kpɔe be nuwo nanɔ.

Ale si mɔfialawo nɔa ɖeviwo ŋu kplikplikpli ɣesiaɣi na ɖeviawo bua wo be wonye dzɔla siwo ɖea fu na ame kple tohela nublanuimakpɔlawo, ame siwo gbea nya na ame le nu suesuewo kple nu maɖinuwo me atraɖii. Togbɔ be wobua wo nenema hã la, mɔfialawo kpɔa ɖeviawo ta le agbe nyui nɔnɔ kple dedienɔnɔ gome. Hela ŋutinyaŋlɔla Appian, si nɔ anyi le ƒe alafa evelia M.Ŋ. me la ƒo nu tso mɔfiala aɖe si, esime wòkplɔ ɖevia yina suku la, wòva hiã be wòafa ɖevia ɖe akɔnu atsɔ akpɔ eta tso ame siwo di be yewoawui si me, la ŋu. Eye esi wògbe asiɖeɖe le ɖevia ŋu la, wowu eya kple ɖevia siaa.

Gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ xɔ aƒe ɖe Hela dukɔwo me ɣemaɣi ŋutɔ. Ehiã be woakpɔ ɖeviwo, vevietɔ ŋutsuviwo, ta tso ame siwo wɔa gbɔdɔnuwo ɖe ɖeviwo ŋu la si me. Eya ta ele be mɔfialaa nanɔ eteƒe ne wole nu fiam ɖevia, le esi womate ŋu aka ɖe nufiala geɖewo dzi o ta. Hela agbalẽŋlɔla Libanius, si nɔ agbe le ƒe alafa enelia M.Ŋ. me gblɔ gɔ̃ hã be ele be mɔfiala nanye “ɖevi si le sɔhɛme ɖom la ŋu dzɔla,” be “wòaxe mɔ na ame siwo adi be yewoadi ahiã ɖevia, wòanya wo ɖa le ɖevia ŋu ahaxe mɔ na ameawo be woagade ha kple ŋutsuviawo kplikplikpli o.” Ðevi geɖewo va dea bubu woƒe mɔfiala siwo kpɔ wo ta la ŋu ŋutɔ. Ŋkuɖodzikpewo ɖo kpe ale si ɖevi siawo siwo va tsi la dometɔ aɖewo gakpɔtɔ lɔ̃ ame siwo fia mɔ wo le ɖevime, le mɔfialaawo ƒe ku megbe gɔ̃ hã, la dzi.

Se La Tsɔtsɔ Sɔ Kple Mɔfiala

Nu ka tae apostolo Paulo tsɔ Se si Mawu na to Mose dzi la sɔ kple mɔfiala? Nu kae na Sea tsɔtsɔ sɔ kple mɔfiala alea sɔ ŋutɔ?

Go gbãtɔ si me wòsɔ lee nye ale si Se la nye ametakpɔnu. Paulo gblɔ be wonɔ Yudatɔwo “ŋu dzɔm le se la te.” Ðeko wònɔ abe ɖee wonɔ mɔfiala aɖe ƒe takpɔkpɔ te ene. (Galatiatɔwo 3:23) Se la kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi. Exe mɔ ɖe woƒe dzodzro vɔ̃wo kple ŋutilã ƒe nudidi geɖewo nu. Efiaa mɔ wo le agbenɔnɔ gome eye wòkaa mo na wo ɣesiaɣi ɖe woƒe vodadawo ta, si na be Israel vi ɖe sia ɖe kpɔ ye ŋutɔ ƒe blibomademadewo dze sii.

Sea gakpɔ Israel viwo ta hã tso ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃wo, abe agbe maɖɔʋu nɔnɔ kple dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe trɔ̃subɔsubɔ nuwɔnawo ene, me. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe sedede be woagaɖe trɔ̃subɔlawo o dzi wɔwɔ le vevie hafi dukɔ bliboa nate ŋu anɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu. (5 Mose 7:3, 4) Se mawo kpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu be wote ŋu tsɔ subɔsubɔ dzadzɛ na Mawu, eye wokpe ɖe wo ŋu wova kpɔ Mesia la dze sii. Esiawo katã nye Mawu ƒe mɔnuɖoɖo siwo me lɔlɔ̃ le vavã. Mose ɖo ŋku edzi na Israel viwo be: ‘Yehowa le nu fiam mi, abe ale si ŋutsu fiaa nunya via ene.’—5 Mose 8:5.

Gake susu siwo ta apostolo Paulo tsɔ Sea sɔ kple mɔfiala ɖo la dometɔ vevi aɖee nye nyateƒe si wònye be ɖeko mɔfialaa wɔa eƒe dɔa hena ɣeyiɣi aɖe ko. Ne ɖevia nya zu ame tsitsi ko la, meganɔa eƒe mɔfialaa ƒe kpɔkplɔ te o. Hela ŋutinyaŋlɔla Xenophon (431-352 D.M.Ŋ.) ŋlɔ bena: “Ne ŋutsuvi te ŋutsumeɖoɖo la, womegazia edzi be wòanɔ eƒe [mɔfiala] kple eƒe [nufiala] te o; meganɔa woƒe kpɔkplɔ te o, ke boŋ woɖea mɔ nɛ be wòalé eya ŋutɔ ƒe mɔ atsɔ.”

Nenema kee wònɔ le ŋusẽ si Mose ƒe Sea kpɔ ɖe Israel viwo dzi hã gome. Ɣeyiɣi aɖe koe wòle be wòawɔ dɔ ase ɖo—“bene wòana vodadawo nadze, va se ɖe esime dzidzimevi la [Yesu Kristo] . . . nava.” Apostolo Paulo ɖe nu me be, le Yudatɔwo gome la, Se la nye “mɔfiala si kplɔa [wo] yia Kristo gbɔ.” Hafi Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe Yudatɔ siwo nɔ anyi le Paulo ƒe ŋkekea me ŋu la, ele be woalɔ̃ ɖe akpa si Yesu wɔna le Mawu ƒe tameɖoɖo me la dzi. Ne wonya wɔe nenema ko la, mɔfialaa ƒe dɔa awu enu.—Galatiatɔwo 3:19, 24, 25.

Se si Mawu tsɔ na Israel viwo la de blibo. Ena tameɖoɖo siwo ta Mawu ɖoe anyi la va eme bliboe, be wòakpɔ eƒe amewo ta, eye wòana woanya eƒe dzidzenu kɔkɔwo. (Romatɔwo 7:7-14) Mɔfiala nyui aɖe ŋutɔe Se la nye. Gake awɔ na ame siwo nɔ eƒe ametakpɔkpɔ te la dometɔ aɖewo be edziwɔwɔ sesẽ ŋutɔ. Eya ta Paulo te ŋu ŋlɔ be esime Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia ɖo la, “Kristo ƒle mí heɖe mí tso Se la ƒe fiƒode la me.” Gɔmesese si ko nu Sea nye “fiƒode” lee nye be Yudatɔ madeblibo mawo mate ŋu awɔ nudidi siwo le eme la dzi bliboe o. Elɔ kɔnu aɖewo dzi wɔwɔ pɛpɛpɛ ɖe eme. Eye ne Yudatɔ aɖe nya lɔ̃ ɖe mɔnuɖoɖo si de ŋgɔ wu, si Yesu ƒe tafevɔsaa ʋu ɖi la, dzi ko la, mehiã be wòagawɔ ɖe mɔfialaa ƒe sededewo dzi azɔ o.—Galatiatɔwo 3:13; 4:9, 10.

Eya ta susu si koŋ tae Paulo tsɔ Mose ƒe Sea sɔ kple mɔfiala ɖoe nye be yeate gbe ɖe ametakpɔkpɔ si wòna kple eƒe dɔwɔwɔ va se ɖe ɣeyiɣi aɖe ko la dzi. Eya ta menye Se ma dzi wɔwɔe nana Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋu egbea o, ke boŋ lɔlɔ̃ ɖe Yesu ƒe ɖoƒe dzi kpakple eyama dzi xɔxɔse ɖeɖe fia ye le vevie.—Galatiatɔwo 2:16; 3:11.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 21]

“VIDZIKPƆLAWO” KPLE “AƑEDZIKPƆLAWO”

Tsɔ kpe ɖe nuŋɔŋlɔ tso mɔfiala ŋuti ŋu la, apostolo Paulo gawɔ “vidzikpɔlawo” kple “aƒedzikpɔlawo” hã ƒe kpɔɖeŋuwo. Míexlẽe le Galatiatɔwo 4:1, 2 be: “Zi ale si domenyila la nye vidzĩ la, vovototo aɖeke kura mele eya kple kluvi dome o, togbɔ be nuwo katã ƒe aƒetɔ wònye hã, gake ele vidzikpɔlawo kple aƒedzikpɔlawo te, va se ɖe ŋkeke si fofoa ɖo ɖi do ŋgɔ la dzi.” “Vidzikpɔlawo” kple “aƒedzikpɔlawo” ƒe dɔwo to vovo kura na mɔfialawo tɔ, gake nu ɖeka ma ke ko dzie Paulo di be yeahe susu ayi to kpɔɖeŋu mawo wɔwɔ me.

Le Romatɔwo ƒe se nu la, zi geɖe la, wotsɔa ‘vidzikpɔla’ ɖoa tsyɔ̃evi si metsi haɖe o la nu le se nu, be wòakpɔ ɖevia ƒe ganyawo gbɔ va se ɖe esime wòazu ame tsitsi. Eya ta le Paulo ƒe nya nu la, togbɔ be ɖevi ma tɔgbi nye “aƒetɔ” le se nu hã la, esime wògakpɔtɔ nye ɖevi la, ŋusẽ aɖeke mele esi ɖe eƒe domenyinuwo dzi o, abe ale si ko wòle le kluvi gome ene.

Gake ‘aƒedzikpɔla’ ya nye ame aɖe si wotsɔna ɖoa ɖevia ƒe domenyinuwo ŋuti ganyawo gbɔ kpɔkpɔ nu. Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus gblɔ be ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Hyrcanus la bia fofoa be wòaŋlɔ lɛta ɖo ɖe aƒedzilaa bene wòatsɔ ga si Hyrcanus hiã atsɔ aƒle nu sia nu si hiãe la nae.

Eya ta abe ale si ko wòle le ɖevi si le mɔfiala ƒe kpɔkplɔ te gome ene la, nenema kee ablɔɖe aɖeke menɔ ɖevi sue, si le ‘vidzikpɔla’ alo ‘aƒedzikpɔla’ te, la si o. Ame bubuwoe kpɔa ŋusẽ ɖe ɖevia ƒe agbe dzi va se ɖe ɣeyiɣi si fofoa ɖo ɖi la dzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Mɔfiala aɖe, si si atizɔti le, si wota ɖe blema Helatɔwo ƒe ze aɖe ŋu

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

National Archaeological Museum, Athens

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me ƒe kplu aɖe si dzi wota mɔfiala aɖe (kple eƒe atizɔti) ɖo wòle ɖevi si le eƒe kpɔkplɔ te la gbɔ esime wole hakpanyawo kple haƒoƒoŋutinunya fiamee

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Bildarchiv Preussischer Kulturbesitz/Art Resource, NY