Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Womeɖe Lɔlɔ̃ Fiam Alea Gbegbe Kpɔ O”

“Womeɖe Lɔlɔ̃ Fiam Alea Gbegbe Kpɔ O”

Lɛta Aɖe Si Tso Dominican Republic

“Womeɖe Lɔlɔ̃ Fiam Alea Gbegbe Kpɔ O”

NIURKA wɔ dɔdeasi aɖe si wotu ɖe Biblia dzi la le míaƒe hamea me zi gbãtɔ le kwasiɖa sia me. Le dɔa dzadzraɖo me la, eŋlɔ nya siwo wòagblɔ la ɖe ŋkunɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ me hesrɔ̃e wòtsi susu me nɛ. Menɔ kplɔ̃a ta kplii hewɔ abe ame si di be yeasrɔ̃ Biblia me nyateƒea ene. Mezã nuƒomɔ̃ aɖe si naa wòsea nye nyawo to nyasemɔ̃ siwo wòtsɔ ɖo to nu la dzi. Esi míewɔ dɔa vɔ la, dzi dzɔ nyaselawo wosi akpe sesĩe ale gbegbe be wòte ŋu see gɔ̃ hã. Eko alɔgbɔnu tsɔ ɖe dzidzɔ kple dzidzeme gã si wòkpɔ la fia. Dzi dzɔ nye hã ale gbegbe. Viɖe ka gbegbee nye esi le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ me!

Meɖo ŋku zi gbãtɔ si medo go Niurka la dzi. Ƒe evee nye esia. Le ʋukuku to kɔƒenuto ƒe mɔ siwo dzi yɔ fũu kple ʋuʋudedi dzi hena gaƒoƒo afã vɔ megbee nye ŋku klii. Enɔ anyi ɖe aƒe sue aɖe, si wotsɔ ati kple kpe meme tu, si ƒe zingliwo lé ɣebiã la ƒe xɔxɔnu. Gbɔ̃wo, fɔmiziwo, kple avuwo ƒe xɔxlɔ̃ kple woƒe ʋeʋẽ xɔ nutoa me. Niurka nɔ anyi ɖi gblɔyii hede ta to, si nye akogotsitsi kple blanuiléle ƒe dzesi. Ƒe 34 wòxɔ, gake eƒe nɔnɔme dze abe ɖe wòtsi wu nenema ene.

Meƒo abɔta nɛ dzaa, eye wòfɔ eƒe ŋku siwo megate ŋu le nu kpɔm o, ƒe 11 sɔŋ enye ema, la ɖe dzi. Esi medi be mayɔ mía kple ame si nɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm ƒe ŋkɔwo nɛ la, enɔ nam be mado ɣli sesĩe ɖe eƒe to me hafi wòate ŋu asee. Emegbe la, míeva see be domenyiŋusẽfianu me dɔléle aɖe si woyɔna le Eŋlisigbe me be Marfan Syndrome (alo syndrome de Marfan le Fransegbe me) lae nɔ fu ɖem nɛ vevie. Suklidɔ hã ɖea fu na Niurka vevie, si hiã ŋudzɔnɔnɔ ɣesiaɣi le esi sukli agbɔsɔsɔ si le eƒe ʋu me te ŋu yia dzi alo ɖiɖina kpata ta.

Esi metsɔ Biblia de esi la, enya be Biblia ye, eye wògblɔ be yelɔ̃a Ŋɔŋlɔawo xexlẽ ŋutɔ hafi yeƒe ŋkuwo va tsi. Aleke tututu mawɔ afia nyateƒe fakɔname siwo le Mawu ƒe Nyaa me la nublanuitɔ ɖokuibɔbɔla sia si tsi akogo la? Esi wònye be enya alfabetawo ta la, metsɔa alfabeta siwo wotsɔ aŋe titri wɔ la, nɔa asime dem nɛ. Eteƒe medidi o, ete ŋu va dea dzesi wo nyuie. Emegbe eto asikaka nye asiwo ŋu ne mele tokunɔwo ƒe alfabetawo ƒe dzesiwo wɔm kple nye asiwo dzi srɔ̃ Amerika Tokunɔgbe ƒe alfabetawo. Vivivi la, eva srɔ̃ dzesi bubuwo hã wɔwɔ. Esi wònye be ɖeko nye ŋutɔ hã mete tokunɔgbea sɔsrɔ̃ eteƒe medidi o ta la, dzadzraɖo siwo mewɔna ɖe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe wɔwɔ kplii ŋu xɔa gaƒoƒo geɖe. Ke hã, mía kple Niurka siaa míeɖoe kplikpaa be míayi edzi, eya ta míete ŋu wɔ ŋgɔyiyi kabakaba le tokunɔgbea zazã me.

Nu si gava kpe ɖe Niurka ŋu wòwɔ ŋgɔyiyi kaba wue nye nyasemɔ̃ si tokunɔwo zãna, si dɔmenyohabɔbɔ aɖe va nae. Togbɔ be menye esi de ŋgɔe wònye o hã la, ekpe ɖe mía ŋu geɖe ŋutɔ. Esi wònye be Niurka nɔ anyi ƒe 11 sɔŋ numakpɔmakpɔ kple numasemase ta la, mete ŋu ɖoa dze kple amewo o, eye wòtsi akogo. Gake Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã eƒe susu kple dzi, si na sidzedze, mɔkpɔkpɔ, kple lɔlɔ̃ va yɔ eyama me fũu. Eteƒe medidi o, Niurka te ŋkunɔwo ƒe mɔfiati zazã tsɔ ɖia tsa le woƒe nutoa me henɔa gbeƒã ɖem Biblia me nyateƒea na ame bubuwo.

Niurka wɔa Biblia nusɔsrɔ̃ kple nɔɖia, nɔɖia vi nyɔnu, kple woƒe ƒomea me tɔ bubu aɖe srɔ̃. Ewɔa dzadzraɖo nyuie do ŋgɔ heléa nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe si wòawɔ kpli wo la me nyawo ɖe susu me. Eƒe nusrɔ̃viawo xlẽa memamaawo, eye Niurka ŋutɔ xlẽa nyabiaseawo tso eƒe ŋkunɔwo ƒe agbalẽa me. Ame si kplɔ Niurka ɖo le gbeƒãɖeɖedɔa me la gbugbɔ gblɔa ale si nusrɔ̃viawo ɖo nyaawo ŋui na Niurka ɖe eƒe to me loo, alo to dzesiwo wɔwɔ ɖe eƒe asiwo ŋu dzi.

Kristotɔwo ƒe hame si me Niurka le la me tɔwo katã naa kpekpeɖeŋui hedea dzi ƒo nɛ. Nɔvia Kristotɔ geɖewo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, naa kpekpeɖeŋui wòte ŋu dea kpekpewo kple takpekpewo. Wo dometɔ geɖe hã kpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me kplii. Niurka gblɔ nam nyitsɔ laa be: “Womeɖe lɔlɔ̃ fiam alea gbegbe kpɔ o.” Edi be woanyrɔ ye ɖe tsi me le míaƒe nutome gã takpekpe si míagawɔ me yeazu Yehowa Ðasefo.

Gbe ɖeka, esi míezɔ ɖo ta aƒe si me Niurka le gbɔ la, míegakpɔe wònɔ anyi ɖe woƒe aƒea ƒe xɔxɔnu le ŋdɔ me, gake fifia ya megade ta to o, eye wòɖo nukomo hã. Mebiae be nu ka tae wòɖo nukomo hã. Egblɔ be: “Mele ŋugble dem tso ale si anyigbaa ava zu paradiso le etsɔ me la ŋu. Eye mele ɖokuinye kpɔm le paradisoa me xoxo.”

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Niurka kple hame si me wòle la me tɔ aɖewo le Fiaɖuƒe Akpata ŋgɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Niurka le nu siwo wòsrɔ̃ la fiam ame bubuwo