Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðeviwo Hehe Le Mɔɖeɖe Ðe Nu Ŋu Ƒe Xexe Sia Me

Ðeviwo Hehe Le Mɔɖeɖe Ðe Nu Ŋu Ƒe Xexe Sia Me

Ðeviwo Hehe Le Mɔɖeɖe Ðe Nu Ŋu Ƒe Xexe Sia Me

ÐE NÈKPƆ ɖevi aɖe wònɔ fu ɖem na dzilaa be wòaƒle fefenu aɖe na ye, evɔ dzilaa medi be yeaƒlee nɛ o, alo be ɖevi aɖe di be yeasi du aɖafe fefe eye dzilaa gblɔ nɛ be, “Megayi o,” kpɔa? Àkpɔe be le go siawo tɔgbi me la, ɖevia ƒe nyonyo tae dzilaa melɔ̃ ɖe eƒe didi dzi o. Gake zi geɖe la, dzilaa va naa ta. Ne ɖevia le eƒom ɖe enu hele vinugbee wɔm atraɖii la, dzilaa va wɔa nu si wògbe be yemawɔ nɛ o la nɛ mlɔeba.

Ewɔna na dzila geɖewo be vihehe nyuitɔe nye be yewoawɔ yewo viwo ƒe didiwo dzi na wo le nu sia nu kloe me. Le kpɔɖeŋu me, esi wobia gbe ɖevi 750, siwo xɔ tso ƒe 12 va ɖo 17, le United States (États-Unis) be alekee wowɔa nui ne wo dzilawo gbe be yewomawɔ woƒe didiwo dzi na wo o hã la, wo dometɔ 60 kloe le alafa me gblɔ be yewoyia edzi nɔa wo biam. Ðeviawo dometɔ 55 le alafa me kpɔe be ewɔwɔ nenema wɔnɛ zi geɖe be wova wɔa nu si yewodi la na yewo mlɔeba. Ðewohĩ wo dzilaawo sena le wo ɖokui me be mɔɖeɖe ɖe nu ŋu na wo alea nye lɔlɔ̃ɖeɖefia woamawo, gake nyateƒee wònyea?

Bu blemalododo sia ŋu kpɔ: “Ne ame aɖe wɔ vinugbee na eƒe kluvi tso ɖevime la, ava ɖu aƒetɔ [alo azu akpemadala] emegbe.” (Lododowo 29:21) Ele eme be menye kluvie ame ƒe vi nye ya o. Gake ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be gɔmeɖose sia lɔ vihehe ɖe eme oa? Vinugbeewɔwɔ na ɖeviwo, alo nu sia nu si wodi wɔwɔ na wo, ate ŋu ana woava tsi azu ‘akpemadalawo’—ame maɖɔʋuwo, ame siwo tea tɔ ɖe nu dzi, kple ame siwo mekpɔa ŋudzedze ɖe naneke ŋu o.

Gake Biblia ya ɖo aɖaŋu na dzilawo be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu.” (Lododowo 22:6) Dzila dzeaɖaŋuwo wɔna ɖe mɔfiame sia dzi, to se siwo me kɔ nyuie, siwo metrɔna o, siwo dzi ɖeviwo ate ŋu awɔ ɖo la dede na wo kple egbɔkpɔkpɔ be woawɔ wo dzi me. Womebunɛ be mɔɖeɖe ɖe nu sia nu ŋu na ɖeviwo nye lɔlɔ̃ɖeɖefia wo o; eye womewɔa ɖeviwo ƒe didiwo dzi na wo le woƒe avifafa, fuɖeɖe na ame atraɖii, alo dzibibi vevie ta o. Ke boŋ, wowɔna ɖe Yesu ƒe nya sia si me nunya le la dzi be: “Mina miaƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃ ko, eye miaƒe Ao nanye Ao ko.” (Mateo 5:37) Gake nu ka koŋue vihehe lɔ ɖe eme? Na míakpɔ eŋuti kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe ɖa.

‘Abe Aŋutrɔwo Le Asi Me Ene’

Biblia wɔ dzilawo kple wo viwo dome ƒomedodo ŋuti kpɔɖeŋu aɖe si te gbe ɖe ale si ɖeviwo hiã wo dzilawo ƒe mɔfiafiae dzi. Psalmo 127:4, 5 gblɔ be: ‘Ale si aŋutrɔwo le kalẽtɔ sii la, nenema nye ɖekakpui me viŋutsuwo. Woayra ŋutsu, si wole daku me na taŋ.’ Wotsɔ ɖeviwo sɔ kple aŋutrɔwo, eye wotsɔ dzilawo sɔ kple kalẽtɔ. Abe ale si ko aŋutrɔdala nyae be yemate ŋu ada aŋutrɔa ɖe yame ko wòaɖaɖo taɖodzinu si ta yedae ɖo la gbɔ o ene la, dzila lɔ̃amewo hã nyae be yewo viwo ŋutɔwo mate ŋu ava zu ame ɖɔʋu le wo ɖokui si yewoƒe mɔfiafia manɔmee o. Wodi be yewo viwo naɖo “taɖodzinu” aɖe gbɔ—be woatsi azu ame ɖɔʋu kpɔdzidzɔ siwo ate ŋu atsɔ woƒe agbanɔamedziwo nyuie. Wodi be yewo viwo nawɔ tiatia nyuiwo, adze nunya ahaƒo asa na kuxiwo, eye woaɖo taɖodzinu ɖɔʋuwo gbɔ le agbe me. Gake menye ɖeko wòle be didi siawo nanɔ wo si ko evɔ o.

Nu kae hiã hafi aŋutrɔ nate ŋu aɖo taɖodzinu si ta wodae ɖo la gbɔ? Ele be woatrɔ asi le eŋu beléletɔe, woakpɔ eta nyuie, ahatsɔ alɔkame sesẽ adae (alo afia mɔe) ɖo ɖe taɖodzinua gbɔ. Nenema kee wòle be woatrɔ asi le ɖeviwo ŋu, akpɔ wo ta, ahafia mɔ wo hafi woate ŋu ava zu ame tsitsi ɖɔʋuwo. Mina míadzro nu etɔ̃ siawo siwo vihehe lɔ ɖe eme la me ɖekaɖeka.

Asitɔtrɔ Le Aŋutrɔa Ŋu Beléletɔe

Le ɣeyiɣi siwo me woŋlɔ Biblia la, aŋutrɔdalawo trɔa asi le woƒe aŋutrɔwo ŋu beléletɔe. Ati si mekpena fũu o ye wotsɔ wɔa aŋutrɔ la, eye ele be woatsɔ asi akpae ahana woadzɔ ƒiloƒilo ale si woate ŋui. Ele be eƒe nugbɔ nanɔ biɖoe. Wosaa xefuwo ɖe aŋutrɔa ƒe gbui nu be woana aŋutrɔa nate ŋu alũ ʋɔ tẽe mɔmabumabui.

Dzilawo di be yewo viwo nanɔ abe aŋutrɔ dzɔdzɔe mawo ene—woanye nu dzɔdzɔe wɔla siwo matra mɔ o. Eya ta dzila dzeaɖaŋuwo meŋea aɖaba ƒua wo viwo ƒe nɔnɔme gbegblẽ siwo nye ŋkubiãnya la dzi o, ke boŋ wokpena ɖe ɖeviawo ŋu lɔlɔ̃tɔe be woaɖɔ wo ɖo. Esi wònye be “bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu” ta la, ele be dzilawo nanyae be dɔ geɖe le yewo dzi yewoawɔ le wo ɖɔɖɔɖo me. (Lododowo 22:15) Biblia to esia dzi le dzi dem ƒo na dzilawo be woahe to na wo viwo. (Efesotɔwo 6:4) Le nyateƒe me la, tohehe wɔa akpa vevi aɖe le ɖeviwo hehe kpakple woƒe agbenɔnɔ kple woƒe susu mamlã me.

Eya ta mewɔ nuku o be Lododowo 13:24 gblɔ be: ‘Ame si vea nu le eƒe ameƒoti gbɔ la, léa fu via; ke ame si lɔ̃nɛ la, tsona ɖe tohehe ŋu bla.’ Le mawunyakpukpui sia me la, tohehe ƒe ameƒoti la tsi tsitre ɖi na mɔ ɖe sia ɖe si dzi wotona ɖɔa ame ɖo. To tohehe na ɖeviwo lɔlɔ̃tɔe me la, dzilawo dina be yewoaɖɔ nɔnɔme gbegblẽ siwo le ɖeviawo si, siwo nenye be wova ƒo ke ɖe to ɖe wo me la, woava gblẽ nu le wo ŋu le woƒe tsitsi me, la ɖo. Le nyateƒe me la, tomahemahe na ɖeviwo nye fuléle wo, gake tohehe na wo nye lɔlɔ̃ɖeɖefia woamawo.

Dzila lɔ̃amewo kpena ɖe wo viwo ŋu be woase susu siwo ta yewode se aɖewo na wo la gɔme. Eya ta menye sewo dede kple tohehe koe amehehe lɔ ɖe eme o, ke ehiã vevie hã be woakpe ɖe ɖeviwo ŋu woase seawo gɔme. Biblia gblɔ be: “Vi senugɔme wɔa se dzi.”—Lododowo 28:7, NW.

Xefu siwo aŋutrɔdalaa sana ɖe eƒe aŋutrɔawo ŋu la wɔnɛ be wote ŋu lũa ʋɔ toa yame tẽe ne eda wo wodzo le esi me. Nenema kee Biblia ƒe nufiafia siwo tso ƒome ƒe Gɔmeɖoanyila gbɔ ate ŋu atsi ɖeviawo ƒe dzi me le woƒe dzodzo le aƒea me megbe gɔ̃ hã, eye woaɖe vi na wo le woƒe agbemeŋkekewo katã me. (Efesotɔwo 3:14, 15) Gake alekee dzilawo awɔ be nufiafia mawo natsi dzi me na wo viwo?

Kpɔ aɖaŋu si Mawu ɖo na dzila siwo nɔ Israel le Mose ƒe ɣeyiɣia me ɖa: “Nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo.” (5 Mose 6:6, 7) Eya ta nu evee wòle be dzilawo nawɔ. Gbã la, ele be woawo ŋutɔwo woasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la ahanɔ agbe nɔm ɖe enu bene woava lɔ̃ Mawu ƒe sewo tso dzi me. (Psalmo 119:97) Emegbe woate ŋu anɔ klalo be woawɔ nu evelia si dzi ŋɔŋlɔa tɔ asii—be ‘woaku’ Mawu ƒe sewo ɖe to me na wo viwo. Esia fia be woato seawo fiafia ɖeviawo nyuie edziedzi dzi ana asixɔxɔ si le seawo ŋu la nade dzi gbɔ na wo.

Eme kɔ ƒãa be menye tsigãdzinue Biblia ƒe gɔmeɖosewo fiafia ɖeviwo kple tohehe na wo lɔlɔ̃tɔe be woaɖɔ nɔnɔme gbegblẽwo ɖo la nye o. Wonye mɔ vevi siwo dzi woato atrɔ asi le ‘aŋutrɔ’ xɔasi siawo ŋu be woate ŋu alũ ʋɔ tẽe ɖo ta tsitsi me.

Aŋutrɔa Ta Kpɔkpɔ

Mina míagatrɔ ɖe kpɔɖeŋu si le Psalmo 127:4, 5 la ŋu. Ðo ŋku edzi be aŋutrɔdalaa tsɔ aŋutrɔawo de eƒe “daku me” taŋ. Ne wonya trɔ asi le aŋutrɔawo ŋu vɔ ko la, wokpɔa wo ta. Eya tae aŋutrɔdalaa tsɔa wo dea daku me, bene woagaŋe alo agblẽ bɔbɔe o ɖo. Enyo ŋutɔ be míade dzesii be Biblia ƒo nu tso Mesia la ŋu le nyagblɔɖi me be enye aŋutrɔ biɖoe si Fofoa tsɔ “ƒo ɖe eƒe daku me.” (Yesaya 49:2) Yehowa Mawu, si nye Fofo lɔ̃ame wu ɖe sia ɖe la, kpɔ Via, Yesu, si gbɔ melɔ̃a nu le o la ta tso nu sia nu si ate ŋu agblẽ nu le eŋu la gbɔ, va se ɖe esime ɣeyiɣi si wòɖo ɖi be woawu Mesia la, abe ale si wogblɔe ɖi ene la, ɖo. Gake Mawu kpɔ Via ta be metsi ku me ɖikaa o, esi wòfɔe ɖe tsitre wògatrɔ yi dziƒo dedie bene wòanɔ agbe yi ɖe mavɔmavɔ me.

Nenema kee dzila nyuiwo dina vevie be yewoakpɔ yewo viwo ta tso xexe gblẽku sia ƒe afɔkuwo me. Ate ŋu anye be dzilawo malɔ̃ be yewo viwo nakpɔ gome le nuwɔna aɖewo siwo ate ŋu akplɔ wo ade afɔku me bɔbɔe la me o. Le kpɔɖeŋu me, dzila dzeaɖaŋuwo tsɔa Biblia ƒe gɔmeɖose sia nya vevii, be: “Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.” (1 Korintotɔwo 15:33) Ðeviwo ta kpɔkpɔ tso hadede kple ame siwo medea bubu Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo ŋu o me ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woaƒo asa na vodada siwo ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu, alo ade woƒe agbe afɔku me gɔ̃ hã.

Ðewohĩ ɖeviwo makpɔ ŋudzedze ɖe wo dzilawo ƒe ametakpɔkpɔ ŋu ɣesiaɣi o. Ate ŋu aku dzi na wo ɣeaɖewoɣi, elabena wo ta kpɔkpɔ abia zi geɖe be nàgbe woƒe didiwo dzi wɔwɔ na wo. Agbalẽŋlɔla aɖe si ŋu wodea bubui, si ŋlɔa nu tso vihehe ŋu la gblɔ be: “Togbɔ be ɖeviwo maɖee afia be yewokpɔa ŋudzedze ɖe yewo dzilawo ƒe ametakpɔkpɔ kple ɖoɖo siwo aɖe vi na yewo le agbe me ŋu ahada akpe ɖe wo ta le woƒe ɖevi me o hã la, wodina ŋutɔŋutɔ be yewo dzilawo nawɔ na yewo nenema. Míate ŋu awɔ esia ne míewɔa dzilanyenye ƒe ŋusẽa ŋu dɔ ɣesiaɣi, eye míedea se siwo sɔ la na mía viwo.”

Nyateƒee, viwòwo ta kpɔkpɔ tso nu sia nu si agblẽ nu le woƒe ŋutifafamenɔnɔ, agbe dzadzɛ nɔnɔ, alo tenɔnɔ nyui si le wo si le Mawu ŋkume dome la me nye mɔ vevi si dzi nàto aɖee afia be yelɔ̃ wo. Ne wole tsitsim la, anɔ eme be woava se susu siwo ta nède sewo na wo ɖo la gɔme eye woada akpe ɖe ale si nèkpɔ wo ta lɔlɔ̃tɔe la ta.

Mɔfiafia Aŋutrɔa

De dzesii be Psalmo 127:4, 5 tsɔ dzilawo sɔ kple “kalẽtɔ.” Ðe esia fia be vifofo koe ate ŋu ahe ɖeviwo nyuiea? Kuraa o. Le nyateƒe me la, gɔmeɖose si le kpɔɖeŋu sia me la ku ɖe vifofo kple vidada siaa ŋu, eye ate ŋu aɖe vi na dzilaɖekɛwo hã. (Lododowo 1:8) Nya “kalẽtɔ” si wozã le afi sia fia ko be dakaa me hehe ahada aŋutrɔ bia ŋusẽ geɖe. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, wofaa akɔbli ɖe datiwo ŋu, eye ne asrafowo di be yewoasa daka ɖe datia ŋu ɣeaɖewoɣi la, wotsɔa afɔ tena ɖe datia dzi le anyigba hafi binɛ gobaa bene woatsɔ kaa ƒe nu evelia asa ɖe datia ƒe go kemɛ. (Yeremiya 50:14, 29) Eme kɔ ƒãa be ebia ŋusẽ kple agbagbadzedze geɖe ŋutɔ hafi woate ŋu ahe daka ma si me he diŋdiŋdiŋ la me ahada aŋutrɔa ɖo ɖe taɖodzinua gbɔ.

Nenema kee ɖeviwo hehe hã bia agbagbadzedze geɖe ŋutɔ. Abe ale si ko aŋutrɔwo medaa wo ɖokui ɖo ɖe taɖodzinua gbɔ o ene la, ɖeviwo hã mate ŋu afia mɔ wo ɖokuiwo dzidzedzetɔe o. Nublanuitɔe la, edze abe dzila geɖewo medina be yewoadze agbagba ale si dze le wo viwo hehe me egbea o ene. Ðeko wodina be nuwo nanɔ bɔbɔe na yewo. Woɖea asi le wo viwo ŋu be television, suku, kple wo hatiwo nafia nu wo tso nyui kple vɔ̃, agbe nyui nɔnɔ, kple gbɔdɔnyawo ŋu. Woɖea mɔ wo viwo wɔa nu sia nu si dze wo ŋu. Eye ne ewɔ na wo be nane gbegbe na ɖeviawo bia agbagbadzedze geɖe ko la, ɖeko woɖea asi le wo ŋu wowɔnɛ mlɔeba—woɖea wo ɖokui nu zi geɖe be yewomedi be yewoado dziku na ɖeviawo o. Gake le nyateƒe me la, woƒe mɔɖeɖe ɖe nu sia nu ŋu boŋue agblẽ nu le ɖeviawo ŋu ŋutɔŋutɔ le agbe me.

Dɔ sesẽ aɖe ŋutɔe vihehe nye. Togbɔ be mɔfiame siwo le Mawu ƒe Nya la me zazã atsɔ awɔ dɔ ma tso dzi blibo me mele bɔbɔe kuraa o hã la, viɖe xɔasi siwo dona tso eme la wu gbɔgblɔ. Magazine si nye Parents gblɔ be: “Numekukuwo . . . ɖee fia be dzila siwo lɔ̃a wo viwo, evɔ womegbea woƒe ŋusẽa ŋu dɔ wɔwɔ o—esiwo kafua wo viwo alo dea dzi ƒo na wo, evɔ wotea afɔ ɖe to sesĩe le nu si wòle be wo viwo nawɔ gome—la ƒe viwo wɔa dɔ le suku nyuie, wotua hadomenɔnɔ ŋutete ɖɔʋuwo ɖo, kakaɖedzi sua wo si le agbe me, eye wokpɔa dzidzɔ wu dzila siwo ɖea mɔ ɖe nu sia nu ŋu alo wɔa nu adãtɔe la ƒe viwo.”

Viɖe bubu aɖe si nyo wu hã li. Míedzro Lododowo 22:6 ƒe akpa gbãtɔ si gblɔ be, “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu” la me va yi. Mawunyakpukpui sia yi edzi kple nya dodzidzɔname sia, be: “Ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.” Ðe lododo sia si tso gbɔgbɔ me la le eɖem fia be ɖeviwo alɔ̃ axɔ hehe si wona wo la godooa? Manye nenema kokoko o? Tiatiawɔblɔɖe le viwòa hã si, eye awɔ eŋu dɔ ne ele tsitsim. Gake mawunyakpukpui sia na kakaɖedzi aɖe dzilawo lɔlɔ̃tɔe. Nu ka ƒe kakaɖedzie?

Ne ètsɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo mlã viwòwo la, èle gɔmeɖoanyi nyui ɖom, si me nu nyuiwo ava do tso—àkpɔe be viwòwo ava zu ame tsitsi kpɔdzidzɔ siwo akpɔ dzidzeme, eye woatsɔ woƒe agbanɔamedziwo nyuie. (Lododowo 23:24) Eya ta wɔ nu sia nu si nàte ŋui bene nàtrɔ asi le ‘aŋutrɔ’ xɔasi siawo ŋu, nàkpɔ wo ta ahaku kutri vevie le mɔfiafia wo me. Mave wò akpɔ gbeɖe o.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ðe wòanye lɔlɔ̃ɖeɖefia ne dzilawo wɔa wo viwo ƒe didi ɖe sia ɖe dzi na woa?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Dzila lɔ̃ame ɖea susu siwo ta wòde se aɖewo na viawo ɖo la me na wo

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Dzila nyuiwo kpɔa wo viwo ta tso xexe gblẽku sia ƒe afɔkuwo me

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Dɔ sesẽ ŋutɔe vihehe nye, gake viɖe xɔasi siwo dona tso eme la wu gbɔgblɔ