Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Aʋa Si Atsi Aʋawɔwɔ Nu Keŋkeŋ”

“Aʋa Si Atsi Aʋawɔwɔ Nu Keŋkeŋ”

“Aʋa Si Atsi Aʋawɔwɔ Nu Keŋkeŋ”

‘Mele egblɔm na mi kakaɖedzitɔe be aʋa siae anye mamlɛtɔ —aʋa si atsi aʋawɔwɔ nu keŋkeŋ.’—AMERIKATƆWO ƑE DUKPLƆLA, WOODROW WILSON (1913-21).

NU NYUI mawo gbegbee dukplɔla xɔŋkɔ aɖe nɔ mɔ kpɔm na esime Xexemeʋa I wu enu, anɔ abe ƒe 90 kloe nye esia ene. Aʋa ma si wowɔ le xexea me katã la gblẽ nu ale gbegbe be dukɔ siwo ɖu aʋa dzi la di—eye ehiã na wo hã—be yewoaxɔe ase be agbagba gbogbo siwo yewodze la ahe viɖe siwo anɔ anyi ɖaa la vae. Gake ƒãa hafie aʋa siwo amegbetɔwo wɔna la ɖɔa kuxiwo ɖo, ʋuu keke woava yi aʋawɔwɔ ŋutɔ si nye kuxi si ƒo ke ɖe to ɖe ameƒomea me la nu tsi ge.

Anɔ abe ƒe 20 kloe ene, le Dukplɔla Wilson ƒe kakaɖedzinya mawo gbɔgblɔ dzitsitsitɔe megbe la, xexemeʋa evelia tɔ zi. Ame siwo gbegbe wowu kple nu siwo gbegbe dome gblẽ le aʋa ma me la de ŋgɔ wu xexemeʋa gbãtɔa tɔ sãsãsã. Mɔ̃ɖaŋununya ƒe ŋgɔyiyi le ƒe 20 mawo me wɔe be amegbetɔwo va bi ɖe ame gbogbowo tsɔtsrɔ̃ɖa zi ɖeka me ŋutɔ. Esime xexemeʋa evelia wu enu la, xexemedziɖulawo de dzesii be vɔvɔ̃ si li be xexemeʋa bubu agate ŋu adzɔ la nu gasẽ ɖe edzi wu.

Le ƒe 1945 me la, Amerikatɔwo ƒe Aʋafiagã Douglas MacArthur ɖe gbeƒã be: “Mɔnukpɔkpɔ mamlɛae nye ma su mía si hena aʋawɔwɔnutsitsi. Ne míete ŋu wɔ ɖoɖo si ana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ naxɔ aƒe ɖi o la, Harmagedon ava lili mí.”

Aʋafiagã MacArthur nya nu siwo gbegbe atɔmikbɔmb gblẽ le Japantɔwo ƒe dugã eve siwo nye Nagasaki kple Hiroshima ŋu le xexemeʋa evelia ƒe nuwuwu la nyuie. Tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ si va dugã eve mawo dzi la na wòse nya “Harmagedon” gɔme le mɔ bubu nu—be enye ale si woato nukliaʋawɔnuwo dzi atsrɔ̃ amewo katã ɖa le míaƒe anyigbaa dzi.

Vɔvɔ̃ be nukliaʋa ava tsrɔ̃ anyigbaa kpɔtɔ le ŋɔdzi dom na ameƒomea. Le ƒe 1960 ƒeawo me la, xexe me dziɖuŋusẽ gãwo to “ame nɔewo tsɔtsrɔ̃ ƒe ɖoɖo si dzi woɖo kpee” vae. Ðoɖo sia ƒe taɖodzinue nye be aʋawɔnu agbɔsɔsɔme si asu hena futɔwo ƒe dukɔmeviwo ƒe akpa enelia kple mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo ƒe afã tsɔtsrɔ̃ ɖa ko nanɔ dukɔawo dometɔ ɖe sia ɖe si—metsɔ le wo dometɔ si aho aʋa ɖe nɔvia ŋu gbã me o. Ame akpa gãtɔ meka ɖe ɖoɖo sia dzi be ana ŋutifafa nanɔ xexea me o.

Egbea la, nukliaʋawɔnuwo le dzidzim ɖe edzi kabakaba, eye dukɔwo dome ʋawo le ame gbogbo aɖewo ƒe agbe tsrɔ̃m. Ŋɔdzi gali kokoko be nukliaʋa ate ŋu ava tsrɔ̃ anyigba bliboa. Togbɔ be amewo di vevie be aʋawɔwɔ nu natsi hã la, ame akpa gãtɔ mexɔe se be aʋa aɖe, alo ɖoɖo tɔxɛ aɖe, ate ŋu ana woaɖo taɖodzinu ma gbɔ o.

Ke hã, Biblia ƒo nu tso aʋa tɔxɛ aɖe si ava tsi aʋawɔwɔ nu keŋkeŋ la ŋu. Eyɔ aʋa sia be “Harmagedon”—nya si gɔme amewo sena vodadatɔe be anye nukliaʋa aɖe si ava tsrɔ̃ anyigba bliboa. Alekee Harmagedon atsi aʋawɔwɔ nu keŋkeŋ? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia sia ŋu.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]

NASA/​The Visible Earth (http://​visibleearth.nasa.gov/)

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

DTRA Photo

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]

Nagasaki, Japan, 1945: USAF photo