Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afi Kae Woawɔ Harmagedonʋa La Le?

Afi Kae Woawɔ Harmagedonʋa La Le?

Exlẽlawo Bia Be

Afi Kae Woawɔ Harmagedonʋa La Le?

Teƒe ɖeka aɖeke koŋ meli si wole Harmagedonʋa la wɔ ge le o. Ke boŋ anyigba bliboa ye anye aʋagbea dzi. Nu ka tae? Elabena aʋakɔ eve siwo akpe aʋaa la sɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu anɔ teƒe ɖeka aɖeke o.

Wogayɔa Harmagedon be “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.” Yehowa Mawu azã Via, Kristo Yesu, wòaƒo mawudɔlawo ƒe aʋakɔ aɖe nu ƒu woakpe aʋa kple anyigba ƒe dziɖula vɔ̃ɖiwo ƒe ŋusẽwo katã.—Nyaɖeɖefia 16:14; 19:11-16.

Gbɔgbɔ vɔ̃woe le dukɔwo hem be woaɖawɔ aʋa la. Biblia gblɔ be “nya siwo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔ” la le yiyim ɖe “anyigba blibo la dzi fiawo [dziɖulawo] gbɔ, bene woaƒo wo nu ƒu . . . ɖe teƒe, si woyɔna le Hebrigbe me be Harmagedon.”—Nyaɖeɖefia 16:14-16.

Biblia xlẽla gbogbo aɖewo di vevie be yewoase Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gɔme wu Biblia gbalẽ bubu ɖe sia ɖe. Ame geɖe siwo buna be ele be woase agbalẽa me nyawo gɔme abe ale si tututu woŋlɔ woe ene la tsɔ susu ɖo teƒe aɖe koŋ dzi be afi mae aʋaa adze egɔme tso, eye woléa ŋku ɖe nudzɔdzɔwo ŋu le nuto ma me vevie. Míate ŋu akpɔ nukpɔsusu si nye be Harmagedon fia teƒe aɖe koŋ la le Nyaɖeɖefia gbalẽa ŋuti numeɖegbalẽ xoxotɔ si gakpɔtɔ li, si le Helagbe me, si Oecumenius, si nɔ anyi le ƒe alafa adelia M.Ŋ. ŋlɔ, la me.

Esime John F. Walvoord, si nye Dallas Mawunyaŋutinunya Hehenasuku ƒe dzikpɔla tsãtɔ, nɔ nu ƒom tso nukpɔsusu si bɔ ɖe subɔsubɔnunɔla Blemakɔnumeléɖeasilawo dome ŋu la, egblɔ be Harmagedon nye “xexea me ƒe aʋa manyatalenu mamlɛtɔ si ŋu mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o, si woawɔ le Titina Ɣedzeƒe nuto me.” Aƒetɔ Walvoord gblɔ be Megido To, si nye togbɛ aɖe si le anyiehe Palestina, le bali gbadza aɖe ƒe mlɔenu, ye nye teƒe si tututu wole aʋa sia wɔ ge le.

Gake menye mɔfiagbalẽ si he susu yi teƒe ŋutɔŋutɔ aɖe si woyɔna be Harmagedon dzi ye Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa nye o. Eƒe ŋgɔdonya gblɔ be emenyawo nye nu siwo woɖe fia le “dzesiwo me.” (Nyaɖeɖefia 1:1) Yehowa Ðasefowo gblɔ ɣeyiɣi didi aɖee nye asia ɖe woƒe agbalẽ aɖe me be: “Mele be míakpɔ mɔ be woava ƒo amewo nu ƒu ɖe Megido To la gbɔ ŋutɔŋutɔ o.”—Studies in the Scriptures, Volume IV.

Nu siwo dzɔ le Megido le blema la he susu yi nɔnɔme aɖe si me mɔkpɔkpɔ hena agbetsitsi aɖeke manɔ anyi na Mawu ƒe futɔwo le o la dzi. Eya ta Mawu akpɔ egbɔ be woaɖe nu fitifiti wɔwɔ kple vɔ̃ɖinyenye katã ɖa keŋkeŋ le anyigbaa ƒe afi sia afi le Harmagedon me.—Nyaɖeɖefia 21:8.

Mehiã be ame siwo lɔ̃a Yehowa Mawu kple Via, Yesu Kristo, la nanɔ vɔvɔ̃m na Harmagedon o. Ame siwo Mawu bu be woƒe vɔ̃ɖinyenye gbɔ eme ko ŋue Mawu ƒe aʋawɔwɔ la agblẽ nu le. Mawu matsrɔ̃ ame nyui kple ame vɔ̃ɖiwo siaa le aʋa sia me o. Biblia gblɔ be: “Yehowa nya ale si wòaɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na Mawu la.” (2 Petro 2:9) Ŋugbedodo dodzidzɔname aɖe le Psalmo 37:34 be: “Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nànyi anyigba la dome, eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.”