Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Lydia Fiaɖuƒe Si Nɔ Anyi Le Blema Kpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzi Egbea

Ale Si Lydia Fiaɖuƒe Si Nɔ Anyi Le Blema Kpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzi Egbea

Ale Si Lydia Fiaɖuƒe Si Nɔ Anyi Le Blema Kpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzi Egbea

ÐEWOHĨ mèse Lydia fiaɖuƒe si nɔ anyi le blema la ŋkɔ kpɔ o, eya ta awɔ nuku na wò be nanyae be nane si woto vae le fiaɖuƒe ma me la he tɔtrɔ va asitsatsa me le xexea me katã. Awɔ nuku na ame siwo xlẽa Biblia la hã be woanyae be nane si woto vae le Lydia la na numekɔkɔ ku ɖe Biblia me nyagblɔɖi aɖe si gɔme sese sesẽ la ŋu. Nu kawoe Lydiatɔwo to vae? Hafi míaɖo nya sia ŋu la, anyo ŋutɔ be míasrɔ̃ nu tso ale si nuwo nɔ le fiaɖuƒe ma si amewo ŋlɔ be keŋkeŋ kloe la ƒe ɣeyiɣiawo me ŋu.

Lydia fiawo ɖua dzi tso fiadua, Sardes, si le teƒe si woyɔna tsã be Asia Sue, si nye Turkey fifia la, ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi la me. Lydia fiaɖuƒea ƒe fia mamlɛtɔ, Croesus, ƒo kesinɔnu gbogbo aɖewo nu ƒu, gake le ƒe 546 D.M.Ŋ. me lɔƒo la, Persiatɔ Kores Gãtɔ va xɔ fiaɖuƒea le esi—Kores sia kee va ɖu Babilon Fiaɖuƒea dzi le ƒe ʋɛ aɖewo megbe.

Wogblɔ be Lydia ŋutsu asitsala siwo bi ɖe asitsamɔnu yeyewo toto vae me lae to gakuwo zazã vae. Wozãa sika kple klosalo abe ga ene xoxoxo, gake esi wònye be sikatiwo kple sikasigɛwo ƒe nɔnɔme nɔa vovovo ta la, ehiãna be woada wo ɣesiaɣi hafi anya woƒe home. Le kpɔɖeŋu me, le Israel la, Mawu ƒe nyagblɔɖila Yeremiya ŋlɔ tso anyigba aɖe si wòƒle ŋu be: “Meda klosalo sekel wuiadre nɛ.”—Yeremiya 32:9.

Lydiatɔ siwo nɔ anyi le Yeremiya ƒe ɣeyiɣia me la to nane vae tsɔ na asitsatsa va le bɔbɔe wu—eyae nye gaku siwo dzi wowɔa dzesi tɔxɛwo ɖo tsɔ fiaa woƒe kpekpeme la zazã. Lydiatɔwo ƒe gaku gbãtɔwo nye esiwo wotsɔ elektrɔm, si nye sika kple klosalo tsaka, wɔ. Esime Croesus va zu fia la, etsɔ klosalogaku kple sikagaku siwo me dza keŋkeŋ kloe la ɖɔ li woe. Lydiatɔwo to gaku ƒomevi eve ŋu dɔ wɔwɔ vae, si me gaku si mexɔ asi boo o ƒe ɖekaɖeka 12 ƒe home asɔ kple gaku bubu aɖe si xɔ asi wu la ƒe ɖeka pɛ ko. Gake amewo va nɔ kantafitgaku, siwo nyea sika kple nu bubu aɖewo ƒe tsakatsaka, tsom de wo me. Eva hiã be asitsalawo nadi mɔnu si dzi woato anɔ sikagakuawo ƒe nyonyome dom kpɔ.

Lydiatɔwo va kpɔe be kpe yibɔ aɖe si le woƒe nutoa me si woyɔna be Lydiakpe la akpɔ yewoƒe kuxia gbɔ. Ne wotsɔ gaku aɖe lili ɖe kpe sia si de zɔzrɔ̃ ge kloe dzi la, eɖena ɖe kpea dzi. Ne wotsɔ dzesi si gakua wɔ ɖe edzi ƒe amadede sɔ kple sikati siwo me dza, siwo ƒe nyonyome le vovovo la tɔ la, wote ŋu kpɔa sika agbɔsɔsɔme si le gakua me la dzea sii. Nutovɛ sia si nye nudokpɔkpe la zazã na wote ŋu kana ɖe gaku siwo wozãna le asitsatsa me la ƒe nyonyome dzi. Aleke nunyanya tso nudokpɔkpe sia ŋu kpe ɖe mía ŋu le Biblia gɔme sese me?

Biblia Me Kpɔɖeŋu Nudokpɔkpe

Esi nudokpɔkpezazã le sikadodokpɔ me va nye nu si asitsalawo katã wɔna ta la, gɔmesese si va le nya “nudokpɔkpe” sie nye be enye nudodokpɔ ƒe mɔnu aɖe. Le Halagbe si me woŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖe ɖo me la, wogate ŋu zãa nya la wòfiaa fu siwo wowɔa amewo tsɔ doa wo kpɔ.

Esi wònye be gaxɔdzikpɔlawoe wɔa fu gamenɔlawo ta la, wogate ŋu zãa gɔmesese ma si va le ‘nudokpɔkpea’ ŋu na gaxɔdzikpɔlawo hã. Esia tae Biblia ƒo nu tso Yesu ƒe kpɔɖeŋu aɖe, si ku ɖe kluvi akpemadala aɖe si wotsɔ de asi na “gaxɔdzikpɔlawo,” si gɔme ame aɖewo ɖe be, “ŋutasẽlawo” alo ‘fuwɔamelawo’ la, ŋu ɖo. (Mateo 18:34; Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me) Numekugbalẽ aɖe gblɔ tso mawunyakpukpui sia ŋu be: “Ðewohĩ wobua gamenɔnɔ ŋutɔ hã be enye ‘fuwɔame’ (abe ale si wònyee hãe ene), si na míekpɔe be nya ‘fuwɔamelawo’ mefia nu bubu aɖeke wu gaxɔdzikpɔlawo o.” (The International Standard Bible Encyclopaedia) Esia kpe ɖe mía ŋu míese mawunyakpukpui aɖe si gɔme amewo dina be yewoase la gɔme nyuie.

Woɖe Adzo La Gɔme

Ɣeyiɣi didi aɖee nye esia si Biblia srɔ̃la dovevienuwo dina be yewoase nu si wogblɔ be ava dzɔ ɖe Satana dzi mlɔeba la gɔme. Biblia gblɔ be: “Wotsɔ Abosam . . . ƒu gbe ɖe ta, si me dzo kple dzokpe le la me, afi si lã wɔadã la kple aʋatsonyagblɔɖila la siaa le xoxo; eye woawɔ fu wo vevie zã kple keli tso mavɔ me yi mavɔ me.” (Nyaɖeɖefia 20:10) Le nyateƒe me la, be Yehowa nana ame aɖe nanɔ fu kpem yi ɖe mavɔmavɔ me la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ŋu. (Yeremiya 7:31) Gakpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔ be nunanae agbe mavɔ nɔnɔ nye, ke menye tohehee o. (Romatɔwo 6:23) Eme kɔ keŋ be, kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo mee woŋlɔ Nyaɖeɖefia 20:10 la ɖo. Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔe lã wɔadã la kple dzota la siaa nye. (Nyaɖeɖefia 13:2; 20:14) Ðe fuwɔwɔ wo hã nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔa? Nu ka tututue nya ma fia?

Abe ale si míekpɔe ene la, nya “nudokpɔkpe” mee woɖe Helagbe me nya si wozãna na “fuwɔame” tso, eye ate ŋu afia gaxɔmenɔnɔ ƒe fuwɔame. Eya ta fuwɔwɔ Satana yi ɖe mavɔmavɔ me ate ŋu afia eyama dede gaxɔ aɖe si me mate ŋu asi le gbeɖe o, si nye ku la, me.

Nudokpɔkpe si wozã le Lydia la kpe ɖe mía ŋu be míase ‘fuwɔwɔ’ Satana yi ɖe mavɔmavɔ me la gɔme le mɔ bubu aɖe, si wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nu. Le gbegbɔgblɔ aɖewo me la, nya “nudokpɔkpe” ate ŋu afia dzidzenu si dzi wonɔa te ɖo doa nu ƒe nyonyome alo eƒe nuvãnyenye kpɔna. Eya ta ‘fuwɔwɔ’ Satana yi ɖe mavɔmavɔ me fia be ʋɔnu si woadrɔ̃e la azu nudokpɔkpe mavɔ si dzi Yehowa anɔ te ɖo aɖe ame sia ame si agava dze aglã ɖe eŋu emegbe la ɖa. Magahiã gbeɖe be Yehowa naɖe mɔ ɣeyiɣi aɖe nava yi be woatsɔ ado yeƒe dziɖulanyenye akpɔ hafi anya be aglãdzelaa tɔ medzɔ o.

Nu si tae asitsala siwo le xexea me godoo va lɔ̃ ɖe Lydiatɔwo ƒe nudokpɔkpe zazã dzi kpakple kpɔɖeŋu gɔmesese si nu wova zãnɛ ɖo la gɔme sese na nu si ava dzɔ ɖe Satana dzi la hã me va kɔ na mí. Satana tsɔtsrɔ̃ ɖa azu abe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe nudokpɔkpe mavɔ si dzi Mawu anɔ te ɖo atsi aglãdzedze ɖe sia ɖe nu enumake ene.—Romatɔwo 8:20.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 23]

Kpɔɖeŋu ƒe fuwɔame si ava Satana dzi la ɖee fia be ʋɔnu si woadrɔ̃e la azu nudokpɔkpe mavɔ

[Anyigbatata si le axa 21]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Ƒu Yibɔ La

LYDIA

SARDES

Mediterranea Ƒu La

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Blema Sardes Ƒe Glikpowo

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Le blema la, ɖe wodaa gawo le nudanu me hafi nyaa woƒe home

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

E. Strouhal/Werner Forman/Art Resource, NY

[Nɔnɔmetata siwo le axa 22, 23]

Nudokpɔkpezazã gakpɔtɔ nɔ anyi va se ɖe míaƒe ŋkekea me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Gakuawo: Courtesy Classical Numismatic Group, Inc.; nudokpɔkpea: Science Museum/Science & Society Picture Library

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 21]

Elektrɔm gaku: Courtesy Classical Numismatic Group, Inc.