Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Enye Ame Si Léa Ŋku Ðe Mía Ŋu Hedea Asixɔxɔ Mía Ŋu

Enye Ame Si Léa Ŋku Ðe Mía Ŋu Hedea Asixɔxɔ Mía Ŋu

Te Ðe Mawu Ŋu

Enye Ame Si Léa Ŋku Ðe Mía Ŋu Hedea Asixɔxɔ Mía Ŋu

Luka 12:6, 7

“MÍAƑE dzi abu fɔ mí.” Nya mawoe Biblia gblɔ tsɔ ɖee fia be ɣeaɖewoɣi la, míaƒe dzi ate ŋu ana míabu fɔ mía ɖokui fũu akpa. Le nyateƒe me la, míaƒe dzi ate ŋu ana míanɔ sesem le mía ɖokui me atraɖii be míedze na Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple beléle o. Ke hã, Biblia na kakaɖedzi mí be: “Mawu nye gã wu míaƒe dziwo, eye wònya nuwo katã.” (1 Yohanes 3:19, 20) Mawu nya mí nyuie wu ale si míenya mía ɖokuiwoe. Ale si wòbua mí la ate ŋu ato vovo sãsãsã na ale si míawo ŋutɔwo míebua mía ɖokuiwoe. Ke asixɔxɔ kae le mía ŋu le Yehowa Mawu, ame si ƒe nukpɔsusu le mía ŋu le vevie wu la, ŋkume? Míate ŋu akpɔ biabia sia ƒe ŋuɖoɖo le kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe si Yesu wɔ zi eve sɔŋ la me.

Yesu wɔ kpɔɖeŋua zi gbãtɔ ale: “[Wodzraa] atsutsrɔe eve xɔa gaku ɖeka, si ƒe home le sue.” (Mateo 10:29, 31) Abe ale si wòdze le Luka 12:6, 7 ene la, Yesu gagblɔ hã be: “Wodzraa atsutsrɔe atɔ̃ xɔa gaku eve siwo ƒe home le sue, menye nenemae oa? Ke hã, womeŋlɔa wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã be le Mawu ŋkume o. . . . Migavɔ̃ o; miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.” Kpɔɖeŋu sia si le bɔbɔe, evɔ wòwɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ la, na míenya ale si Yehowa bua esubɔlawo dometɔ ɖe sia ɖee.

Atsutsrɔewoe nye xe siwo ƒe asi bɔbɔ wu, siwo woɖuna la, dometɔ ɖeka. Ðikeke mele eme o be, Yesu kpɔ nyɔnu dahewo—ɖewohĩ eya ŋutɔ dadaa hã—zi geɖe woƒlea xevi sue siawo le asi me bene woaɖa na woƒe ƒomea. Ame ate ŋu atsɔ asariɔn ɖeka, si nye gaku si ƒe asixɔxɔ mede Ghana pesewa atɔ̃ alo CFA flã atɔ̃ nu egbea o la, aƒle atsutsrɔe eve. Xevi siawo ƒe asi bɔbɔ ale gbegbe be ne ame tsɔ gaku sue sia eve na la, wotsɔa atsutsrɔe atɔ̃ nɛ, ke menye ene o, si fia be wotsɔa ɖeka dea edzi nɛ.

Yesu gblɔ tso atsutsrɔe siawo ŋu be “womeŋlɔa wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã be le Mawu ŋkume o,” alo ɖeke ‘mage adze anyigba le Fofo la ƒe manyamanya me o.’ (Mateo 10:29) Ɣesiaɣi si atsutsrɔe aɖe ge ɖe anyigba, ɖewohĩ le abixɔxɔ ta, alo dze ɖe anyigba be yeadi nu ɖuɖu la, Yehowa nyana. Esi wònye be xe siawo siwo dze nu maɖinui menɔ sue akpa na Yehowa be wòawɔ wo o ta la, womele sue hã akpa nɛ be wòaɖo ŋku wo dzi o. Le nyateƒe me la, edea asixɔxɔ wo ŋu, elabena wonye nuwɔwɔ siwo ŋu asixɔxɔ le ŋutɔ. Èse nya si Yesu di be yeagblɔ to kpɔɖeŋu sia dzi la gɔme azɔa?

Zi geɖe la, Yesu tsɔa nu suewo wɔa kpɔɖeŋu na nu gãwo ne ele nu fiam. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ hã be: “Akpaviãwo meƒãa nu alo ŋea nu o, eye ava alo nudzraɖoƒe mele wo si o, ke hã Mawu nyia wo. Ðe miexɔ asi sãsãsã wu xeviwo oa?” (Luka 12:24) Esia na míegase kpɔɖeŋu si Yesu wɔ tso atsutsrɔewo ŋu la gɔme nyuie wu: Ne Yehowa léa be na xevi nyaŋui siawo nenema la, aleke gbegbee wòalé be na amegbetɔ siwo lɔ̃nɛ hesubɔnɛ la wui nye esi!

Le Yesu ƒe nya siawo nu la, mehiã be míase le mía ɖokui me be míedze be Mawu, ame si “nye gã wu míaƒe dziwo” la, nalé ŋku ɖe mía ŋu ahalé be na mí o. Ðe mefaa akɔ na mí ŋutɔ be míanya be mía Wɔla la te ŋu kpɔa nu nyuiwo le mía me, siwo míawo ŋutɔ míekpɔna le mía ɖokui me o la oa?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 9]

Atsutsrɔeawo: © ARCO/D. Usher/age fotostock