Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Harmagedon Aʋa Si Mawu Awɔ Atsɔ Atsi Aʋawɔwɔ Nu Keŋkeŋ

Harmagedon Aʋa Si Mawu Awɔ Atsɔ Atsi Aʋawɔwɔ Nu Keŋkeŋ

Harmagedon Aʋa Si Mawu Awɔ Atsɔ Atsi Aʋawɔwɔ Nu Keŋkeŋ

“Wobua ame havi wuwu be enye nu madzɔmadzɔ dziŋɔ aɖe ŋutɔ, eya ta le woawo gome la, aʋawɔwɔ nye nu manyatalenu nyɔŋu, eye ŋkɔ aɖeke meli nɛ le wo degbe me o.” —ALEAE ANYIGBA YEYE DILA NORWAYTƆ, FRIDTJOF NANSEN, GBLƆ TSO GREENLAND ESKIMOWO ŊU, LE ƑE 1888 ME.

AME kae madi be yeanɔ agbe le xexe aɖe si me aʋawɔwɔ anye “nu manyatalenu nyɔŋu” le me o? Mía dometɔ kae madi be yeanɔ xexe aɖe si me naneke meli woyɔna be aʋawɔwɔ o la me o? Ðewohĩ adze abe xexe ma tɔgbi mate ŋu anɔ anyi o, vevietɔ ne amegbetɔwo ŋue míaɖo ŋu ɖo be woahee vae.

Gake Mawu ŋutɔ do ŋugbe si gbɔna la to nyagblɔɖila Yesaya dzi be yeahe xexe ma tɔgbi vae: “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”—Yesaya 2:4.

Edze ƒãa be ele be tɔtrɔ gã aɖe nava xexe sia, si me asrafo miliɔn 20 sɔŋ le aʋagbe dzi le fifia, eye aʋa 20 sɔŋ le nu gblẽm fifi laa la, me hafi ŋugbedodo siawo nava eme. Eya ta mele be wòawɔ nuku na mí be Mawu ŋusẽkatãtɔ, Yehowa, ade nu amegbetɔwo ƒe nyawo me o. Yehowa ƒe nudede nyaawo me alea ava wu enu kple nu si Biblia yɔ be Harmagedon.—Nyaɖeɖefia 16:14, 16.

Togbɔ be amewo va le nya “Harmagedon” zãm le míaƒe ɣeyiɣi siawo me wòfia be anye nukliaʋa ƒe xexe bliboa tsɔtsrɔ̃ hã la, nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe gɔmesese vevi si le nyaa ŋu ɖe go ale: “Teƒe si nyui kple vɔ̃ ƒe ŋusẽwo ava kpe aʋa gã mamlɛtɔ le.” Ðe nyui ava ɖu vɔ̃ dzi gbe aɖe gbe loo, alo drɔ̃e dzro aɖe koe nya sia nyea?

Nyanya be Biblia ƒo nu tso ale si woava ɖe vɔ̃ɖinyenye ɖae ŋu zi gbɔ zi geɖe ana míaƒe dzi nadze eme. Hakpala aɖe gblɔ ɖi be: ‘Nu vɔ̃ wɔlawo atsrɔ̃ le anyigba dzi, eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o!’ (Psalmo 104:35) Lododowo ƒe agbalẽa gblɔ be: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.”—Lododowo 2:21, 22.

Biblia na eme kɔ na mí hã be ame vɔ̃ɖiwo malɔ̃ faa aɖe asi le woƒe dziɖuɖu ŋu le ŋutifafa me o, si ana wòahiã be Mawu naɖe afɔ si aɖe vɔ̃ɖinyenyewo katã, si me aʋawɔwɔ hã le la, ɖa. (Psalmo 2:2) Ŋkɔ, Harmagedon, si Biblia yɔ na aʋa tɔxɛ sia la ɖe dzesi ŋutɔ.

Aʋa Siwo Wowɔ Le Megido To La Gbɔ Le Blema

Nya “Harmagedon” gɔmee nye “Megido To.” Blemadu Megido kple Yezreel Bali si ƒo xlãe nye teƒe si wonya nyuie le ŋutinya me be wowɔa nyametsoʋawo le. Ŋutinyaŋlɔla Eric H. Cline ŋlɔ ɖe agbalẽ aɖe si ƒo nu tso Harmagedonʋa ŋu me be: “Le ŋutinya katã me la, Megido To la kple Yezreel Bali lae nye teƒe siwo wowɔ aʋa siwo hea tɔtrɔ gãwo vaa xexea me la le.”—The Battles of Armageddon.

Abe ale si Cline gblɔe ene la, akpa ɖeka ɖua dzi le aʋa siwo wowɔna le Megido Toa gbɔ la me godoo. Bali sia mee woɖu Mongol srafo siwo kpɔ ŋusẽ ɖe Asia ƒe akpa gãtɔ dzi le ƒe alafa 13 lia me la dzi le zi gbãtɔ. Megido To la gbɔ lɔƒoe Britain srafo siwo Aʋafiagã Edmund Allenby nɔ ŋgɔ na la ɖu Turkeytɔwo dzi le gbidii le xexemeʋa gbãtɔa me. Asrafoŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ tso Allenby ƒe aʋadziɖuɖua ŋu be “enye aʋadziɖuɖu siwo tsɔ ŋutɔ, siwo me woɖu futɔwo dzi le keŋkeŋ le ŋutinya katã me wu la dometɔ ɖeka.”

Biblia hã ƒo nu tso nyametsoʋa aɖewo siwo wowɔ le Megido la ŋu. Afi mae Ʋɔnudrɔ̃la Barak ɖu Kanaantɔwo ƒe aʋakɔ si nɔ Sisera te la dzi le. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:14-16; 5:19-21) Nuto ma ke mee Gideon kple eƒe aʋakɔ sue si me ame 300 nɔ la ɖu Midiantɔwo ƒe aʋakɔ nyadri aɖe dzi le. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:19-22) Fia Saul kple via Yonatan ku le Gilboa To, si te ɖe afi ma ŋu la dzi esime Filistitɔwo ɖu Israel viwo dzi.—1 Samuel 31:1-7.

Esi wònye be Megido To la kple bali si ƒo xlãe nye nuto si sɔ nyuie na aʋawɔwɔ ta la, wowɔ aʋa geɖewo le afi ma le ƒe 4,000 siwo va yi me. Ŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ be woade 34 ya teti.

Ðikeke mele eme o be, nu siwo dzɔ le Megido kple teƒe si wòle la tae wote ŋu yɔ Mawu ƒe aʋa la be “Harmagedon” ɖo. Togbɔ be zi ɖeka pɛ koe nya Harmagedon dze le Biblia me hã la, ale si woƒo nu tso eŋu le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la na eme kɔ ƒãa be anye aʋa si akpɔ ŋusẽ ɖe ame sia ame si le anyigba dzi la dzi.

Nya Si Biblia Gblɔ Tso Harmagedon Ŋu

Togbɔ be nyametsoʋawo sɔŋ ye wowɔ le Megido hã la, wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa o. Wo dometɔ aɖeke menye aʋa si nyui kple vɔ̃ ƒe ŋusẽwo kpe ŋutɔŋutɔ o. Le nyateƒe me la, Mawu koe ahe aʋa ma vae. Yesu gblɔ kpɔ be: “Ame aɖeke menye ame nyui o, negbe ame ɖeka ko, si nye Mawu.” (Luka 18:19) Gawu la, Biblia yɔ Harmagedon tẽe be enye Mawu ƒe aʋa.

Wogblɔ le Biblia gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me be wole “anyigba blibo la dzi fiawo” nu ƒom ƒu “hena Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.” (Nyaɖeɖefia 16:14) Nyagblɔɖia yi edzi be: “Eye woƒo wo nu ƒu ɖe teƒe, si woyɔna le Hebrigbe me be Harmagedon.” * (Nyaɖeɖefia 16:16) Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ɖe nu me emegbe be woaƒo “anyigba dzi fiawo kple woƒe aʋakɔwo” nu ƒu “be [woawɔ] aʋa kple ame si bɔbɔ nɔ anyi ɖe sɔ la dzi kple eƒe aʋakɔ la.” (Nyaɖeɖefia 19:19) Woɖee fia be sɔdola sia menye ame bubu aɖeke tsɔ wu Yesu Kristo o.—1 Timoteo 6:14, 15; Nyaɖeɖefia 19:11, 12, 16.

Nyataƒoƒo ka gbɔe mawunyakpukpui siawo kplɔ mí va? Eya koe nye be Harmagedon nye aʋa si atɔ zi le Mawu kple ameƒome dzeaglã la ƒe aʋakɔwo dome. Nu ka tae Yehowa kple Via Yesu Kristo aho aʋa sia? Susu siwo tae la dometɔ ɖekae nye be Harmagedon ahe “gbegblẽ ava ame siwo le anyigba la gblẽm la dzi.” (Nyaɖeɖefia 11:18) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ahe xexe aɖe si me ŋutifafa anɔ, si nye ‘anyigba yeye, si me dzɔdzɔenyenye anɔ, si lalam míele le Mawu ƒe ŋugbedodo la nu’ la vae.—2 Petro 3:13.

Nu Ka Tae Wòhiã Be Woawɔ Harmagedonʋa La?

Ðe wòsesẽ na wò be nàse nu si tae Yehowa, ‘lɔlɔ̃ ƒe Mawu’ la abia tso Via, si nye “ŋutifafafia,” si be wòawɔ aʋa la gɔmea? (2 Korintotɔwo 13:11; Yesaya 9:5) Nu si ʋã wo be woawɔ esia la gɔme sese ana susu si tae la me nakɔ na wò nyuie. Psalmowo ƒe agbalẽa ɖɔ Yesu be enye aʋakalẽtɔ si le sɔ dom. Nu ka tae wòho aʋa ɖo? Hakpalaa ɖe nu me be Kristo ho aʋa “le nyateƒenya la kple nya dzɔdzɔe, si wote ɖe to la ta.” Esi wòlɔ̃ dzɔdzɔenyenye helé fu vɔ̃ɖinyenye tae wòho aʋa la ɖo.—Psalmo 45:5, 8.

Nenema kee Biblia ƒo nu tso ale si Yehowa sena le eɖokui me ɖe nu madzɔmadzɔ siwo teƒe kpɔm wòle le xexea me egbea ŋu la ŋu. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be: “AƑETƆ la kpɔ be, nu dzɔdzɔe wɔwɔ aɖeke meli o, eye medze eŋu o. Ado dzɔdzɔenyenye abe gawu ene, eye wòaɖɔ xɔname ƒe gakuku ɖe ta. Atsɔ didi vevie be yeaɖɔ nuwo ɖo, be yeahe to, kple be yeabia hlɔ̃ ɖe fu siwo kpem amewo le ta ado abe awu ene.”—Yesaya 59:15, 17, Today’s English Version.

Ne ame vɔ̃ɖiwo kpɔtɔ le dzi ɖum ko la, ŋutifafa kple dedienɔnɔ manɔe na ame dzɔdzɔewo gbeɖe o. (Lododowo 29:2; Nyagblɔla 8:9) Ele be míalɔ̃ ɖe edzi be míate ŋu ana ame vɔ̃ɖiwo kple ame gblẽkuwo nadzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ gbeɖe o. Eya ta hafi ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye naxɔ aƒe ɖi ɖaa la, ehiã kokoko be woaɖe ame vɔ̃ɖiwo ɖa. Salomo ŋlɔ bena: “Ame vɔ̃ɖi enye avulénu ɖe ame dzɔdzɔe nu.”—Lododowo 21:18.

Esi wònye Mawue nye Ʋɔnudrɔ̃laa ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be ʋɔnu ɖe sia ɖe si wòadrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la anye ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe. Abraham bia be: ‘Ðe xexea me ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?’ Ŋuɖoɖo si Abraham xɔ na wòse egɔme be Yehowa wɔa nu dzɔdzɔe ɣesiaɣi. (1 Mose 18:25) Biblia gana kakaɖedzi mí be ame vɔ̃ɖiwo tsɔtsrɔ̃ mevivia Yehowa nu o; ne exlɔ̃ nu wo wòglo ko hafi wòtsrɔ̃a wo.—Xezekiel 18:32; 2 Petro 3:9.

Ŋkubiãnyae Harmagedon Nye

Akpa ka dzie míade le nyametsoʋa vevi sia me? Mía dometɔ akpa gãtɔ agblɔ be nyui ƒe ŋusẽwo ƒe akpa dzie míele. Gake aleke míate ŋu awɔ aka ɖe edzi? Nyagblɔɖila Zefaniya xlɔ̃ nu be: “Midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ.” (Zefaniya 2:3) Apostolo Paulo na míenya be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be “woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.”—1 Timoteo 2:4.

Nusɔsrɔ̃ tso nyateƒe si ku ɖe Yehowa kple tame si wòɖo be yeaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le anyigba dzi ŋu la ŋue nye afɔɖeɖe gbãtɔ si kplɔa ame ɖoa ta ɖeɖekpɔkpɔ gbɔ. Afɔɖeɖe eveliae nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ, si ana Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu ahakpɔ mía ta.

Ne míenya ɖe afɔ vevi siawo ko la, míate ŋu anɔ mɔ kpɔm na Harmagedon, si nye aʋa si atsi aʋawɔwɔ nu keŋkeŋ vavã la, ƒe vava vɔvɔ̃manɔmee. Ne aʋa ma nya ke ko la, ame siwo katã le xexea me ava bu aʋawɔwɔ be enye nu manyatalenu nyɔŋu aɖe ŋutɔ. “Womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ” akpɔ gbeɖe o.—Yesaya 2:4.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 17 Teƒe ŋutɔŋutɔ aɖe si li ye Harmagedon nyea? Kpɔ biabia sia ŋuti numedzodzro le “Exlẽlawo Bia Be” si dze le axa 31 lia.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Woyɔ afɔ si Mawu aɖe atsɔ ade nu amegbetɔwo ƒe nyawo me la be Harmagedon

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Gideon kple eƒe amewo ɖu futɔwo dzi gbidii le Megido To la gbɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Megido

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ne Harmagedonʋa la nya ke ko la, ame siwo katã le xexea me ava bu aʋawɔwɔ be enye nu manyatalenu nyɔŋu aɖe ŋutɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Nusɔsrɔ̃ tso nyateƒe si ku ɖe Yehowa kple eƒe tameɖoɖo ŋu la ŋue nye afɔɖeɖe gbãtɔ si kplɔa ame ɖoa ta ɖeɖekpɔkpɔ gbɔ