Kɔminiɔnxɔxɔ Nu Ŋutɔŋutɔ Siwo Be Ðe Kɔnua Te
Kɔminiɔnxɔxɔ Nu Ŋutɔŋutɔ Siwo Be Ðe Kɔnua Te
WOWƆA kɔnua edziedzi le xexea me godoo—ete ŋu nyea zi geɖe le ƒea me, kwasiɖa sia kwasiɖa, alo gbe sia gbe gɔ̃ hã. Ke hã, woyɔnɛ be xɔse ƒe amlimakɔnu, eye ame geɖe siwo kpɔa gome le eme la gblɔna be yewomese egɔme o. Wobunɛ nu kɔkɔe eye wogblɔna be enye nukunu gɔ̃ hã.
Kɔnu lae nye Kɔminiɔnxɔxɔ—Katolikotɔwo ƒe sɔlemewɔwɔ ƒe akpa si nunɔlaa doa gbe ɖa ɖe abolo kple wain ta hekpea hameviawo be woava xɔ Kristo le Kɔminiɔn Kɔkɔe me. * Papa Benedict XVI gblɔ be le yewo Katolikotɔwo gome la, kɔnu siae nye “yewoƒe xɔse bliboa ƒe akpa vevitɔ kekeake.” Eteƒe medidi boo o la, sɔlemehaa ɖu “Kɔminiɔnƒe” wònye woƒe agbagbadzedze be “yewoana Kɔminiɔnxɔxɔ ƒe dzo yeye naɖo hameviawo me ahana enu nasẽ ɖe edzi” la ƒe akpa aɖe.
Katolikotɔ siwo medoa vevie nu le xɔse me o gɔ̃ hã bua kɔnu sia nu vevii. Le kpɔɖeŋu me, le nyati aɖe si dze le Times magazine me me la, woƒo nu tso nyɔnu aɖe si ge ɖe Katolikoha me eteƒe medidi o ŋu be eŋlɔ bena: “Aleke kee míeɖasusuna le Katolikohaa ŋu o, míekpɔtɔ ku ɖe Katoliko dzixɔse si ƒoa mía nu ƒu ɖekae la ŋu goŋgoŋ, si nye Kɔminiɔnxɔxɔ ƒe kɔnua me léle ɖe asi.”
Gake nu kae nye Kɔminiɔnxɔxɔ? Ðe Kristo bia tso eyomedzelawo si be woanɔ kɔnu sia wɔmaa? Gbã la, na míakpɔ ale si kɔnu sia wɔ dze egɔmee ɖa. Emegbe míadzro biabia aɖe si le vevie wu me, si nye: Ðe ale si wowɔa kɔnu siae la sɔ kple nu si Yesu Kristo ɖo anyi anɔ abe ƒe 2,000 kloe enye sia ene la ŋutɔŋutɔa?
Kɔminiɔnxɔxɔ Kple Kristodukɔa
Mesesẽ be woakpɔ nu si tae wobua Kɔminiɔnxɔxɔ ƒe kɔnua be enye nukunu la adze sii o. Kɔnua ƒe akpa vevitɔe nye Kɔminiɔnxɔxɔ ƒe gbedodoɖa la. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso Katolikohaa ƒe dzixɔsewo ŋu gblɔ be le ɣeyiɣi ma me la, “ŋusẽ si le gbedodoɖaa me nyawo ŋu, Gbɔgbɔ Kɔkɔea ƒe ŋusẽ, kple Kristo ŋutɔ” nana be “aboloa kple wain la trɔna zua Yesu ƒe ŋutilã kple ʋu ŋutɔŋutɔ.” (Catechism
of the Catholic Church) Ne nunɔlaa ŋutɔ ɖe aboloa ta heno wain la vɔ la, ekpea hamevi wɔnuteƒewo be woava xɔ Kɔminiɔn, si nyea abolo la ɖeɖe ko ɖuɖu.Katolikohaa fiaa nu be aboloa kple wain la trɔna nukutɔe zua Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu ŋutɔŋutɔ. Nufiafia sia dze egɔme vivivi tso esime wodo susua ɖa zi gbãtɔ hete eŋu dɔ wɔwɔ le ƒe alafa 13 lia me. Wova tsɔ nya ɖe Katoliko Kɔminiɔnxɔxɔ ƒe kɔnua ƒe akpa aɖewo ŋu le Protestanttɔwo ƒe Ðɔɖɔɖotaʋliɣia. Luther tsi tsitre ɖe nuɖuɖu kɔkɔea ƒe tɔtrɔ azu Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu ŋutɔŋutɔ nukutɔe ƒe nufiafiaa ŋu. Luther ya fia nu be Yesu ƒe ŋutilã kple ʋu va nɔa anyi kple abolo kple wain la le gbɔgbɔ me, ke menye be wotrɔna zua eƒe ŋutilã kple eƒe ʋu ŋutɔŋutɔ o.
Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, gɔmesese si le Kɔminiɔnxɔxɔ ƒe kɔnua ŋu, ale si woawɔe, kple zi gbɔ zi ale si woawɔe ƒe nukpɔsusu vovovowo va nɔ mo dom ɖa le Kristodukɔa me. Ke hã, egakpɔtɔ nye kɔnu vevi aɖe na Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo katã le mɔ aɖe nu. Gake aleke tututue Fiẽnuɖuɖu si Yesu ŋutɔ ɖo anyi la nɔ?
“Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu La”
Yesu ŋutɔe ɖo “Aƒetɔ ƒe fiẽnuɖuɖu la,” alo eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia anyi. (1 Korintotɔwo 11:20, 24) Amlimakɔnu aɖe si me eyomedzelawo aɖu eƒe ŋutilã ahano eƒe ʋu ŋutɔŋutɔ lee wònye wòɖo anyia?
Ðeko Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖu Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia vɔ eye wòna Yuda Iskariot, apostolo si le ede ge asi la, do go dzo koe nye ema. Mateo, si nye apostolo 11 siwo susɔ dometɔ ɖeka la ka nya ta be: “Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖeka, eye esi wòyra ɖe edzi vɔ la, eŋe eme, eye wòtsɔe na nusrɔ̃lawo gblɔ be: ‘Mixɔe, miɖui. Esia tsi tsitre ɖi na nye ŋutilã.’ Etsɔ kplu hã, eye esi wòda akpe vɔ la, etsɔe na wo gblɔ be: ‘Mi katã minoe le enu; elabena esia tsi tsitre ɖi na nye “nubabla ƒe ʋu,” si woakɔ ɖe anyi le ame geɖewo ta hena nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke.’”—Mateo 26:26-28.
Ðeko Yesu da akpe ɖe nuɖuɖua ta abe ale si Mawu subɔlawo katã wɔnɛ ɖaa ene. (5 Mose 8:10; Mateo 6:11; 14:19; 15:36; Marko 6:41; 8:6; Yohanes 6:11, 23; Dɔwɔwɔwo 27:35; Romatɔwo 14:6) Ðe susu aɖe li si tae wòle be míaxɔe ase be Yesu ƒe akpedada ɖe nuawo ta alea nye nukunu aɖe si dzi wòto na eyomedzelawo ɖu eƒe ŋutilã heno eƒe ʋu ŋutɔŋutɔa?
“Esia Tsi Tsitre Ði Na” Ye Loo, Alo “Esia Nye” Yea?
Le nyateƒe me la, woɖe Yesu ƒe nya siawo gɔme le Biblia aɖewo me be: “Mixɔe ɖu! Esia nye nye ŋutilã!” kple “Mi katã mino le enu; elabena esiae nye nye ʋu.” (Mateo 26:26, 27, 28, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me) Enye nyateƒe hã be Helagbe me nya e·stin, gɔme koŋue nye “nye.” Gake woate ŋu aɖe Helagbe me dɔwɔnya si me woɖee tso la gɔme be “nye kpɔɖeŋu na.” Eye dzidzɔtɔe la, woɖe dɔwɔnya sia gɔme le Biblia aɖewo me zi gbɔ zi geɖe be “fia” alo “tsi tsitre ɖi na.” * Nya siwo ƒo xlãe ye fiaa gɔmeɖeɖe nyuitɔ si wòle be woazã. Le kpɔɖeŋu me, le Mateo 12:7 la, woɖe e·stin gɔme be “fia” le Biblia geɖe me ale: “Ne ɖe mienya nu si nya sia fia [Helagbe, e·stin] be: ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsa o’ la, anye ne miebu fɔ ame maɖifɔwo o.”—CEI; Douay Version.
Esia wɔe be Biblia ŋuti nunyala geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be nya sia gɔme ɖeɖe be “nye” meɖe nu si tututu Yesu di be yeagblɔ le afi sia la fia eme kɔ nyuie o. Le kpɔɖeŋu me, Jacques
Dupont srɔ̃ nu tso nuto si me Yesu nɔ la me tɔwo ƒe dekɔnuwo kple woƒe hadomegbenɔnɔ ŋu heƒo nya ta be le ale si woƒoa nu le dzɔdzɔme nui nu la, ele be woaɖe mawunyakpukpui sia gɔme be: “Esia fia nye ŋutilã” alo, “Esia tsi tsitre ɖi na nye ŋutilã.”Aleke kee nyaa ɖale o, Yesu mate ŋu adi tso eyomedzelawo si be woaɖu yeƒe ŋutilã ahano yeƒe ʋu ŋutɔŋutɔ gbeɖe o. Nu ka tae? Le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa megbe, esi Mawu ɖe mɔ na amegbetɔwo be woaɖu lãwo ƒe lã la, ede se na amegbetɔwo tẽe be woagaɖu ʋu o. (1 Mose 9:3, 4) Egbugbɔ se sia de le Mose ƒe Sea, si dzi Yesu wɔ ɖo bliboe, la me. (5 Mose 12:23; 1 Petro 2:22) Eye gbɔgbɔ ʋã apostoloawo wogate gbe ɖe Mawu ƒe sedede ɖe ʋuɖuɖu ŋu dzi ake, si wɔe be se sia va lɔ Kristotɔwo katã ɖe eme azɔ. (Dɔwɔwɔwo 15:20, 29) Ðe Yesu aɖo nane anyi si dzi wɔwɔ ana eyomedzelawo nada Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dzidzenu kɔkɔe la dzia? Gbeɖe!
Eya ta eme kɔ ƒãa be, kpɔɖeŋunuwoe abolo kple wain siwo Yesu zã la nye. Abolo maʋãmaʋã la fia, alo tsi tsitre ɖi na, eƒe ŋutilã si me nu vɔ̃ mele o, si wòva tsɔ sa vɔe. Wain dzĩ la nye kpɔɖeŋu na eƒe ʋu si woava kɔ ɖe anyi “le ame geɖewo ta hena nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke.”—Mateo 26:28.
Tameɖoɖo Si Le Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu La Ŋu
Yesu tsɔ nya siawo ƒo Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu gbãtɔ la ta be: “Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19) Le nyateƒe me la, wɔna sia nana míeɖoa ŋku Yesu kpakple nu wɔnuku siwo do tso eƒe kua me la dzi. Eɖoa ŋku edzi na mí be Yesu nɔ Fofoa, Yehowa, ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi. Eɖoa ŋku edzi na mí hã be Yesu, ame deblibo si ŋu nu vɔ̃ mele o, la to eƒe kua dzi tsɔ ‘Eƒe luʋɔ na wònye tafe ɖe ame geɖewo ta.’ Tafe la wɔe be woate ŋu aɖe ame sia ame si ɖe eƒe vɔsaa dzi xɔxɔ se fia la tso nu vɔ̃ si me, bene wòakpɔ agbe mavɔ.—Mateo 20:28.
Gake hamenuɖuɖue Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu la nye koŋ. Ame siwo kpɔa gome le emee nye (1) Yehowa Mawu, ame si wɔ ɖoɖo ɖe tafea ŋu, (2) Yesu Kristo “Mawu ƒe Alẽvi la,” ame si tsɔ eɖokui na tafee, kple (3) Yesu ƒe gbɔgbɔmenɔviwo. Yesu nɔvi siawo toa aboloa ɖuɖu kple wain la nono dzi ɖenɛ fiana be yewowɔ ɖeka kple Kristo bliboe. (Yohanes 1:29; 1 Korintotɔwo 10:16, 17) Woɖenɛ fiana hã be yewole “nubabla yeye” la me abe Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na ene. Ame siawoe anɔ fiaɖuƒea me kple Kristo le dziƒo abe fiawo kple nunɔlawo ene.—Luka 22:20; Yohanes 14:2, 3; Nyaɖeɖefia 5:9, 10.
Ɣekaɣie wòle be woawɔ Ŋkuɖodziwɔna sia? Ŋuɖoɖoa me akɔ na mí nyuie ne míeɖo ŋku edzi be ŋkeke tɔxɛ aɖe dzie Yesu ɖo wɔna sia anyi le, si nye Ŋutitotoŋkekenyui la. Ƒe 1,500 kple edzivɔwoe nye ema si Mawu ƒe dukɔa ɖua ŋkekenyui ma ƒe sia ƒe le woƒe ɣleti si nye Nisan la ƒe ŋkeke 14 lia dzi tsɔ ɖoa ŋku ale si Yehowa ɖe eƒe amewo le mɔ ɖedzesi aɖe nu la dzi. Eme kɔ ƒãa be ɖe Yesu nɔ biabiam tso eyomedzelawo si be woazã ŋkeke ma ke atsɔ anɔ ŋku ɖom ɖeɖekpɔkpɔ gãtɔ kekeake si Mawu ana to Kristo ƒe kua dzi la dzi. Eya ta Yesu yome dzelawo dea Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua wɔƒe ƒe sia ƒe le ɣletiŋkeke si dze Hebritɔwo ƒe ɣletiŋkeke si nye Nisan 14 lia dzi la dzi.
Ðe wowɔa esia abe kɔnu dzro aɖe si vivia ame nu ko enea? Le nyateƒe me la, nenemae wòle le ame siwo kpɔa gome le Kɔminiɔnxɔxɔ me la gome. Time magazine ƒe nyati si me nyawo míeyɔ va yi la ŋlɔla gblɔ be: “Nane le blemakɔnu siawo me si léa dzi na ame geɖe siwo kpɔa gome le wo me la ale gbegbe.” Abe Katolikotɔ geɖe siwo li egbea ene la, nyatia ŋlɔlaa gblɔ be evivia ye nu ŋutɔ ne wowɔ kɔnu sia le Latingbe me abe ale si wowɔnɛ tsã ene. Nu ka tae? Eŋlɔ bena: “Medina be woawɔ Misa Kɔkɔea le gbegbɔgblɔ si gɔme nyemese o me elabena zi geɖe la, nyaawo sese le Eŋlisigbe me medzɔa dzi nam o.”
Edzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo kple wo xɔlɔ̃ miliɔn geɖewo ya be yewoade Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua wɔƒe le yewo ŋutɔ yewo degbe me le afi sia afi si wonya le ko. Nu si Kristo ƒe kua fia kple asixɔxɔ si le eŋu la gɔme sese ɖe edzi doa dzidzɔ na wo ŋutɔ. Enyo be woanɔ nyateƒenya siawo tɔgbi me dzrom ahanɔ ŋugble dem le wo ŋu le ƒe bliboa me. Yehowa Ðasefowo kpɔe be Ŋkuɖodzi ƒe wɔnaawo wɔƒe yiyi ye nye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi yewoato anɔ ŋku ɖom Yehowa Mawu kple Via, Yesu Kristo, ƒe lɔlɔ̃ gã si woɖe fia yewo la dzi. Esia kpena ɖe wo ŋu be woanɔ “gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku, va se ɖe esime wòava ɖo.”—1 Korintotɔwo 11:26.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
^ mm. 3 Wogayɔa kɔnu sia be Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu, Abolokaka, Kɔminiɔntakpekpe, Vɔsasa Kɔkɔe, Kplɔ̃ŋudede Kɔkɔe, kple Misa Kɔkɔe.
^ mm. 15 Eƒe kpɔɖeŋu aɖewo dze le Mateo 13:38; 27:46; Luka 8:11; Galatiatɔwo 4:24 le The New English Bible me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]
Aleke tututue Fiẽnuɖuɖu si Yesu ŋutɔ ɖo anyi la nɔ?
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Yesu ɖo eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi anyi
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Yesu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi wɔnawo wɔwɔ