Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Timoteo—Esɔ Gbe Helɔ̃ Faa Be Yeasubɔ

Timoteo—Esɔ Gbe Helɔ̃ Faa Be Yeasubɔ

Fia Nu Viwòwo

Timoteo—Esɔ Gbe Helɔ̃ Faa Be Yeasubɔ

“ÈSƆ gbea?” Ðe ame aɖe bia nya ma wò kpɔa?— Meka ɖe edzi be ɖe amea di be yeanya be èle dzadzra ɖo ɖi hã. Ðewohĩ nu si amea di be yeanyae nye be: ‘Ètsɔ wò nusrɔ̃gbalẽwoa? Èto wò nusɔsrɔ̃awo mea?’ Abe ale si míele ekpɔ ge ene la, Timoteo sɔ gbe.

Lɔlɔ̃ faa ƒe nɔnɔme hã nɔ Timoteo si. Èse nya sia gɔmea?— Esime wokpe Timoteo be wòava wɔ subɔsubɔdɔ na Mawu la, nɔnɔme si mawusubɔla bubu aɖe ɖe fia esime wògblɔ be, “Nyee nye esi, dɔm!” lae wòɖe fia. (Yesaya 6:8) Esi wònye be Timoteo sɔ gbe helɔ̃ faa be yeasubɔ ta la, ekpɔ dzidzɔ le agbe me. Àdi be yease nu tso eŋua?—

Wodzi Timoteo le Listra, si didi tso Yerusalem gbɔ kilometa alafa geɖewo. Mamaa, Loide kple dadaa, Eunike, srɔ̃a Ŋɔŋlɔawo ŋutɔ. Esime Timoteo nye vidzĩe gɔ̃ hã la, wote Ŋɔŋlɔawo fiafiae.—2 Timoteo 1:5; 3:15.

Anɔ eme be esime Timoteo kpɔtɔ nye sɔhɛ lae apostolo Paulo kplɔ Barnaba ɖe asi yi Listra, le eƒe gbeƒãɖeɖe mɔzɔzɔ legbe gbãtɔa me. Ðewohĩ ɣemaɣie Timoteo dada kple mamaa va zu Kristotɔwo. Àdi be yease fukpekpe siwo me Paulo kple Barnaba to le afi ma?— Enyo. Nu si dzɔe nye be ame siwo melɔ̃ Kristotɔwo ƒe nya o ƒu kpe Paulo ʋuu wòtsi anyigba, eye wohee do go le dua me. Wosusui be eku.

Ame siwo xɔ Paulo ƒe nufiafiawo dzi se la va ƒo ƒu ɖe eŋu, eye wòfɔ. Esi ŋu ke la, Paulo kple Barnaba wodzo le Listra, gake eteƒe medidi o wogatrɔ yi. Esi woɖo afi ma la, Paulo ƒo nuƒo aɖe hegblɔ na nusrɔ̃laawo be: “Ele be míato xaxa geɖewo me hafi age ɖe Mawu fiaɖuƒe la me.” (Dɔwɔwɔwo 14:8-22) Èse nya si Paulo gblɔ la gɔmea?— Egɔmee nye be ame bubuwo ahe fukpekpe va ame siwo subɔa Mawu la dzi. Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Timoteo emegbe be: ‘Ame siwo katã dina be yewoanɔ agbe le ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nu la, woati woawo hã yome.’—2 Timoteo 3:12; Yohanes 15:20.

Esi Paulo kple Barnaba wodzo le Listra la, wotrɔ yi aƒe. Le ɣleti aɖewo megbe la, Paulo tia Sila be wòakplɔ ye ɖo, eye woa kplii wogbugbɔ yi ɖasrã nusrɔ̃la yeyeawo kpɔ le teƒe siwo Paulo ɖe gbeƒã le va yi la be yewoade dzi ƒo na wo. Esi wova ɖo Listra la, Timoteo anya kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be Paulo gatrɔ va! Nu si gado dzidzɔ na Timoteo wue nye esi Paulo kple Sila wokpee be wòawɔ ɖeka kpli yewo le mɔzɔzɔa me. Timoteo megbe o. Esɔ gbe helɔ̃ faa be yeayi kpli wo.—Dɔwɔwɔwo 15:40–16:5.

Wo ame etɔ̃a wodze mɔ hezɔ afɔ kilometa geɖe, eye emegbe wova ɖo tɔdziʋu. Esi wova dze go la, wozɔ yi Tesalonika le Hela. Ame geɖewo va zu Kristotɔwo le afi ma. Gake ame aɖewo ya do dziku vivie eye woɖo tame be yewoawɔ nuvevi wo. Paulo, Sila, kple Timoteo ƒe agbe ɖo afɔku me, eya ta wodzo yi Beroia.—Dɔwɔwɔwo 17:1-10.

Paulo tsi dzi ɖe xɔsetɔ yeye siwo le Tesalonika la ŋu vevie, eya ta edɔ Timoteo ɖe wo gbɔ. Ènya nu si ta yea?— Paulo ɖe eme na Tesalonika Kristotɔawo emegbe be: ‘Bene wòana mianɔ te sesĩe, eye wòafa akɔ na mi be dzi nagaɖe le mia dometɔ aɖeke ƒo o.’ Ènya nu si tae wònye sɔhɛ Timoteo ye Paulo dɔ ɖe dɔ sia si me afɔku le la gbe ɖoa?— Enyo. Eyae nye be tsitretsiɖeŋulaawo menya Timoteo nyuie o, eye eya ŋutɔ hã lɔ̃ faa be yeayi. Esia bia dzinɔameƒo geɖe ŋutɔ! Alekee nuwo va yii? Esime Timoteo de gbɔ la, eƒo nu tso ale si gbegbe Tesalonikatɔawo lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asii la ŋu na Paulo. Eya ta Paulo ŋlɔ ɖo ɖe wo be: “Wofa akɔ na mí le mia ŋuti.”—1 Tesalonikatɔwo 3:2-7.

Timoteo subɔ ɖekae kple Paulo hena ƒe ewo siwo kplɔe ɖo. Emegbe wova lé Paulo de ga le Roma, eye Timoteo si hã woɖe le ga me eteƒe medidi o la yi ɖanɔ egbɔ. Esime Paulo nɔ ga me la, eŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Filipitɔwo, eye ɖewohĩ Timoteo ye wògblɔ nyaawo na wòŋlɔ. Paulo gblɔ be: ‘Mele mɔ kpɔm be madɔ Timoteo aɖo ɖe mia gbɔ, elabena ame aɖeke mele asinye, si nye nuteƒewɔla si alé be na mi nyuie de enu o.’—Filipitɔwo 2:19-22; Hebritɔwo 13:23.

Aleke gbegbee nya mawo ado dzidzɔ na Timoteo enye esi! Paulo va lɔ̃ Timoteo vevie ŋutɔ, elabena esɔ gbe helɔ̃ faa be yeasubɔ. Míexɔe se be wò hã àwɔ nenema.

Nyabiasewo:

Afi kae Timoteo tsi le, eye nu kae dzɔ esime Paulo yi afi ma zi gbãtɔ?

Nu kae Timoteo wɔ esime Paulo kple Sila kpee be wòazɔ mɔ kpli yewo?

Aleke Timoteo ɖe dzinɔameƒo fiae, eye nu ka tae Paulo lɔ̃e vevie ɖo?

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Nu kae dzɔ?