Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu ka tae vɔvɔ̃ ɖo Pontio Pilato esi wòse nutsotso si nye be Yesu ‘wɔ eɖokui Mawu ƒe vi’?—Yohanes 19:7.

Le Kaisaro Yulio ƒe ku megbe la, Romatɔwo ƒe Sewɔha la ɖoe mawu aɖe. Woɖo Octavian, vi si Yulio xɔ nyi, si va zu fia ɖe eteƒe la, divi filius, si gɔmee nye “Mawu Ƒe Vi.” Latingbe me dzesideŋkɔ sia va zu dzesideŋkɔ tɔxɛ si wova yɔna na fiagãwo. Esia ƒe kpeɖodzi dze le nuŋɔŋlɔ siwo wokpɔ le Romatɔwo ƒe vɔsamlekpuiwo, gbedoxɔwo, nukpakpɛwo, kple gakuwo dzi la me. Esi Yudatɔwo tso Yesu nu be enɔ eɖokui wɔm “Mawu ƒe vi” la, le nyateƒe me la, ɖe wonɔ enu tsom be enɔ dziɖuŋkɔ dam ɖe eɖokui dzi, eye esia wɔwɔ sɔ kple nugbeɖoɖo ɖe dziɖuɖua ŋu.

Esime wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu la, woɖo Tiberio wònye divi filius xoxo. Vɔvɔ̃ le Fiagã sia ŋu, elabena exɔ ŋkɔ le ame sia ame si wòbu be enye yeƒe futɔ la wuwu me. Eya ta esime Yudatɔwo gblɔ be ne Pilato mebu fɔ Yesu o la, ekema mewɔ nuteƒe na Kaisaro o la, ‘vɔvɔ̃ gaɖo’ Roma nutomefia Pilato “ɖe edzi.” Mlɔeba la, ena ta ame siwo nɔ nya ƒom ɖe enu la, eye wòde se be woawu Yesu.—Yohanes 19:8, 12-16.

Nu ka tae Zaxariya gblɔ Tiro tsɔtsrɔ̃ ŋu nya ɖi evɔ Babilontɔwo tsrɔ̃e ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ xoxo?

Blema Tiro, nɔ Mediterranea Ƒuta, eye le nyateƒe me la, du si ma ɖe akpa evee wònye. Ðeka nɔ anyigba ƒuƒui dzi, eye evelia nɔ ƒukpo aɖe dzi.

Ɣeaɖeɣi va yi la, Tirotɔwo wɔa nu ɖe Israel viwo ŋu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. Gake emegbe la, kesinɔnuwo va bɔ ɖe Tiro si, eye wòte aglãdzedze ɖe Yehowa Mawu ŋu, eye wòwɔ esia ale gbegbe be wòte ŋu yi ɖafi gbedoxɔa me sikawo kple klosalowo hetsɔ Israel vi aɖewo dzra kluviwoe gɔ̃ hã. (Yoel 4:4-6) Esia na Yehowa he ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ aɖe va wo dzi. Yehowa gblɔ to eƒe nyagblɔɖilawo dzi be Babilon Fia Nebukadnezar, ame si kplɔ eƒe aʋakɔ la va Tiro esime wòtsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me vɔ megbe la, atsrɔ̃ Tiro.—Yesaya 23:13, 14; Yeremiya 27:2-7; Xezekiel 28:1-19.

Esi Tirotɔwo kpɔe be wonɔ yewo dzi ɖum ta la, wosi kple woƒe nunɔamesiwo yi ɖe dua ƒe akpa si nye ƒukpo la dzi. Babilontɔwo tsrɔ̃ dugã si le anyigba ƒuƒui dzi la keŋkeŋ. Le ƒe 100 aɖewo megbe la, Yehowa na eƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Zaxariya wògblɔ Eƒe ʋɔnudrɔ̃nya ɖi ɖe Tiro ŋu be: “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ana woaxɔe, eye atsiaƒu agblẽ eƒe ŋusẽ dome, ke dzo afiã eya ŋutɔ.”—Zaxariya 9:3, 4.

Le ƒe 332 D.M.Ŋ. me la, Aleksanda Gãtɔ tsrɔ̃ dua ƒe akpa si le ƒu dome la. Ale wɔ nya si Zaxariya gblɔ ɖi la va eme. Be Aleksanda nate ŋu awɔ esia la, ezã Tiro dua ƒe akpa si nɔ anyigba ƒuƒui dzi la ƒe atiwo kple gli gbagbãwo tsɔ do mɔ si didi kilometa 800 tso afi ma yi ɖe dua ƒe akpa si le ƒu dome la dzi. Xezekiel hã gblɔ esiawo ɖi.—Xezekiel 26:4, 12.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

“Toɖeɖe Ðe Tiro”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Drawing by Andre Castaigne (1898-1899)