Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Ale Si Míesubɔa Mawui La Le Veviea?

Ðe Ale Si Míesubɔa Mawui La Le Veviea?

Ðe Ale Si Míesubɔa Mawui La Le Veviea?

“MAWUBƆSUBƆ ƒo ke ɖe amegbetɔwo me vevie.” Nya mae Nufialagã Alister Hardy gblɔ le agbalẽ si nye The Spiritual Nature of Man me. Edze abe numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa la ɖo kpe nyataƒoƒo sia dzi ene. Numekuku sia ɖee fia be anyigbadzinɔla 86 le alafa me gblɔna be yewole subɔsubɔha aɖe me.

Numekukua gaɖee fia hã be xɔsetɔawo le mawusubɔsubɔ ƒe hatsotso 19 me, eye wo dometɔ siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la le subɔsubɔha vovovo 37,000 me. Ðe esia mena nèbia ɖokuiwò be, ɖe subɔsubɔmɔnu vovovo siawo katã dzea Mawu ŋu mahã oa? Le nyateƒe me la, ɖe ale si míesubɔa Mawui la le veviea?

Le nya vevi sia me la, míate ŋu anɔ te ɖe mía ŋutɔwo míaƒe seselelãmewo kple nukpɔsusuwo dzi atso nya me o. Susu le eme be míadi nu si nye Mawu ŋutɔ ƒe nukpɔsusu ku ɖe nya sia ŋu. Be míakpɔ esia la, ele be míatrɔ ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia la, ŋu. Nu ka tae? Elabena Yesu Kristo ŋutɔ gblɔ le gbe aɖe si wòdo ɖa na Mawu me be: “Wò nya la nye nyateƒe.” (Yohanes 17:17) Apostolo wɔnuteƒe Paulo hã gblɔ be: “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia, na nyagbename, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me.”—2 Timoteo 3:16.

Biblia ɖee fia be menye tadedeagu ƒomeviwo katãe dzea Mawu ŋu o. Míekpɔ tadedeagu ƒomevi siwo dze Mawu ŋu kple esiwo medze eŋu o ƒe kpɔɖeŋuwo le Biblia me nudzɔdzɔwo me. Ne míedzro kpɔɖeŋu mawo me nyuie la, míate ŋu anya nu si wòle be míawɔ kple esiwo mele be míawɔ o bene míaƒe tadedeagu nadze Mawu ŋu.

Blema Kpɔɖeŋu Aɖe

Yehowa Mawu to nyagblɔɖila Mose dzi na se siwo fia Israel viwo ale si wòle be woasubɔ Mawu wòadze eŋu la wo. Esi dukɔa wɔ nu si se mawo, siwo wolɔ̃a yɔyɔ be Mose ƒe Sea, bia tso wo si la, Mawu xɔ wo abe eƒe dukɔ ene eye wòyra wo. (2 Mose 19:5, 6) Togbɔ be Mawu ve Israel dukɔa nu alea hã la, womeyi edzi lé tadedeagu si dzea Mawu ŋu la me ɖe asi o. Enuenu la, wotrɔa megbe dea Yehowa, eye wodzea dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe subɔsubɔnuwɔnawo yome.

Le nyagblɔɖila siwo nye Xezekiel kple Yeremiya ƒe ŋkekeawo me le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. me la, Israel vi geɖewo ŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe Sea dzi, eye wova nɔ ha dem kplikplikpli kple dukɔ siwo ƒo xlã wo la me tɔwo. To gomekpɔkpɔ le woƒe kɔnuwo kple azãɖuɖuwo me la, Israel viwo ƒo wo ɖokuiwo ɖe tadedeagu tsakatsaka me. Israel vi geɖewo nɔ gbɔgblɔm be: “[Mina] míanɔ abe dukɔwo kple anyigbawo ƒe ƒomeawo ene, ne míasubɔ ati kple kpe.” (Xezekiel 20:32; Yeremiya 2:28) Woʋua eme be yewonɔ ta dem agu na Yehowa Mawu, gake le ɣeyiɣi ma ke me la, wosubɔa “legbawo,” eye wotsɔa wo viwo gɔ̃ hã saa vɔe na wo.—Xezekiel 23:37-39; Yeremiya 19:3-5.

Tomenukulawo yɔ tadedeagu sia ƒomevi be tadedeagu tsakatsaka, si fia mawu gbogbo aɖewo subɔsubɔ le ɣeyiɣi ɖeka me. Alo woyɔnɛ be ame akpa gãtɔ ƒe subɔsubɔ. Egbea la, ame geɖe sena le wo ɖokui me be, esi míele ameƒome aɖe si me woda asi ɖe habɔbɔ vovovowo dzi me ta la, ele be míalɔ̃ axɔ nuwo katã, eye esia lɔ subɔsubɔnyawo hã ɖe eme. Eya ta wosena le wo ɖokuiwo me be naneke megblẽ le Mawu subɔsubɔ ale si mía ŋutɔwo míedii ŋu o. Ðe esia nye nyateƒea? Ðe míagblɔ be nugɔmesename kple mɔɖeɖeɖenuŋu ƒe nya koea? De ŋugble le nane siwo yia edzi le subɔsubɔ siwo dzi ame akpa gãtɔ da asi ɖo siwo me Israel vi mawɔnuteƒewo hã kpɔ gome le me la ŋu, eye nàkpɔ nu si me esia kplɔ wo dee ɖa.

Israel Viwo Ƒe Tadedeagu Tsakatsaka

Teƒe siwo Israel viwo wɔa tadedeagu tsakatsaka nuwɔnawo le woe nye “nuxeƒewo,” alo vɔsaxɔ siwo me vɔsamlekpuiwo, dzudzɔdovɔsamlekpuiwo, kpesɔti kɔkɔewo, kple ati kɔkɔewo nɔ. Edze abe ati kɔkɔe siawo nye Kanaantɔwo ƒe vidzidzi ƒe mawunɔ, Asera, ƒe nɔnɔme si wotsɔ ati kpa ene. Nuxeƒe siawo bɔ ɖe Yuda fũu. Eye 2 Fiawo 23:5, 8 gblɔ be, ‘nuxeƒewo le Yuda duwo kple Yerusalem nutowo me tso Geba [dzieheliƒo] va se ɖe Beer Seba [anyieheliƒo].’

Israel viwo saa vɔ ‘le Yuda duwo kple Yerusalem nutowo me, hekpe ɖe ame siwo doa dzudzɔ na Baal kple ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kpakple dziƒonuwo katã la ŋuti’ le nuxeƒe siawo. Wotu ŋutsu “matrewɔlawo ƒe xɔ, . . . le Yehowa ƒe aƒe la me,” eye wonaa wo viwo toa “dzo me na Molex.”—2 Fiawo 23:4-10.

Tomenukulawo ke ɖe kpememewo ŋu le Yerusalem kple Yuda, vevietɔ le amewo ƒe aƒe siwo zu glikpowo la me. Nɔnɔmewɔwɔ akpa gãtɔ nye nyɔnu aɖe si le amama si si no siwo lolo gbɔ eme le. Tomenukulawo gblɔ be kpememe siawo nye vidzidzi ƒe mawunɔ Astarot kple Asera tɔ. Woxɔe se be kpememe siawo nye “fufɔfɔ kple vidzidzi ƒe dzokawo.”

Aleke Israel viwo bu nuxeƒe siawo siwo tadedeagu tsakatsakawo yia edzi le lae? Nufialagã Ephraim Stern si fiaa nu le Hebri Yunivɛsiti gblɔ be, anɔ eme godoo be nuxeƒe siawo dometɔ geɖe nye teƒe siwo ŋu “wokɔ na Yahweh [Yehowa].” Edze abe nuŋɔŋlɔ siwo ŋu woke ɖo le tomenukuƒewo ɖo kpe nukpɔsusu sia dzi ene. Le kpɔɖeŋu me, ɖeka gblɔ be, “Meyra wò to Samaria ƒe Yahweh kple eƒe asera dzi,” eye bubu gblɔ be, “Meyra wò to Teman ƒe Yahweh kple eƒe asera la dzi!”

Kpɔɖeŋu siawo ɖe ale si Israel viwo gblẽ woƒe tadedeagu dome to Yehowa Mawu ƒe tadedeagu kɔkɔe la tsakatsaka kple trɔ̃subɔlawo ƒe nuwɔna ɖigbɔwo dzi. Nu siwo do tso emee nye agbe ƒaƒã nɔnɔ kple gbɔgbɔmeviviti. Aleke Mawu bu tadedeagu tsakatsaka nuwɔna siae?

Ale Si Mawu Wɔ Nu Ðe Tadedeagu Tsakatsaka Ŋu

Mawu ɖe eƒe dziku kple fɔbubu ɖe Israel viwo ƒe tadedeagu ɖigbɔwo ŋu gblɔ to nyagblɔɖila Xezekiel dzi ale: “Miaƒe duwo azu aƒedo le mia nɔƒewo katã, eye miaƒe nuxeƒewo agblẽ; elabena woagbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, eye woatsrɔ̃ wo; woagbã miaƒe legbawo, eye woaɖe wo ɖa, woamũ miaƒe ɣelegbawo, eye woatsrɔ̃ miaƒe dɔwɔwɔwo.” (Xezekiel 6:6) Ðikeke mele eme o be tadedeagu ma ƒomevi medze Yehowa ŋu kura o, eye wògbee.

Yehowa Mawu gblɔ ale si tsɔtsrɔ̃ la avae la ɖi. “Kpɔ ɖa, makplɔ . . . nye dɔla Babel-fia Nebukadnezar vɛ, eye mana woava ƒo ɖe anyigba sia kple edzinɔlawo kple dukɔ sia katã dzi godoo, matsrɔ̃ wo gbidigbidi, eye matsɔ wo awɔ . . . aƒedoe tegbee.” (Yeremiya 25:9-11) Abe ale si wogblɔe ɖii ene la, le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la, Babilontɔwo va dze Yerusalem dzi eye wotsrɔ̃ dua kple eƒe gbedoxɔa keŋkeŋ.

Nufialagã Stern si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ le Yerusalem tsɔtsrɔ̃ ŋu be, tomenu siwo ŋu woke ɖo la “ɖo kpe nya siwo Biblia gblɔ (2 Fiawo 25:8; 2 Kronika 36:18-19) ku ɖe dua tsɔtsrɔ̃, dzo tɔtɔe, aƒewo kple gliwo gbagbã ŋu la dzi.” Egblɔ yi edzi be: ‘Woate ŋu abu kpeɖodzi siwo ŋu woke ɖo le tomenukukuwo me ku ɖe Yerusalem ƒe ŋutinya ƒe akpa sia ŋu la be enye esiwo wɔ dɔ ɖe ame dzi wu ɖe sia ɖe si ŋu woke ɖo le teƒe siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe.’

Nusɔsrɔ̃ Kae Le Eme Na Mí?

Nusɔsrɔ̃ vevitɔ si le eme na míe nye be Mawu medaa asi ɖe tadedeagu siwo me wotena kpɔ be woatsaka Biblia ƒe nufiafiawo kple amewo ƒe nufiafiawo, kɔnyinyiwo, alo subɔsubɔha bubuwo ƒe kɔnuwo dzi o. Edze ƒãa be esia nye nufiame aɖe si apostolo Paulo bu nya vevii. Wohee wòva nye Yudatɔ Farisitɔ, wofia nui hena hehee le kɔmama sia ƒe sewo nu. Esi wòva srɔ̃e helɔ̃ ɖe edzi mlɔeba be Yesu ye nye Mesia si ŋugbe wodo la, nu kae wòwɔ? Egblɔ be: “Nu siwo nye viɖe nam tsã la, mebu nu siawo nu bubu le Kristo la ta.” Egbe nu le eƒe tsãgbenɔnɔ gbɔ heva zu Kristo yomedzela dovevienu.—Filipitɔwo 3:5-7.

Esi wònye dutanyanyuigblɔla mɔzɔlae Paulo nye ta la, enya nu tso dukɔ vovovo me tɔwo ƒe subɔsubɔnuwɔnawo kple xexemenunya ƒe nufiafiawo ŋu nyuie. Eya tae wòŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Korinto la be: “Gome kae le kekeli si le viviti gbɔ? Gawu la, ɖekawɔwɔ kae le Kristo kple Belial dome? Alo gome kae le nuteƒewɔla si le dzimaxɔsetɔ gbɔ? Eye ɖekawɔwɔ kae le Mawu ƒe gbedoxɔ kple trɔ̃wo dome? . . . ‘Eya ta mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa,’ Yehowa ye gblɔe, ‘eye midzudzɔ asikaka nu makɔmakɔ la ŋu’; ‘eye maxɔ mi.’”—2 Korintotɔwo 6:14-17.

Esi míeva kpɔe azɔ be ale si míesubɔa Mawu nɔa vevie nɛ ta la, míate ŋu abia mía ɖokuiwo be: ‘Subɔsubɔ ka ƒomevie dzea Mawu ŋu? Aleke mawɔ ate ɖe Mawu ŋu? Eye nu kae nye ŋutɔ mate ŋu awɔ be masubɔ Mawu le mɔ si dzɔa dzi nɛ la nu?’

Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siawo kple nyabiase bubu siwo ku ɖe Biblia me nyawo ŋu. Míele kpewòm be nàte ɖe Ðasefo siwo ƒoa ƒu le Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ me la ŋu, alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo ahabia be woava wɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye femaxee le teƒe kple ɣeyiɣi si asɔ na wò.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

BLEMA VƆSAXƆ AÐE SI ME WOSUBƆA LEGBAWO LE LE TEL ARAD, ISRAEL

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

ASTAROT KPEMEME SIWO ŊU WOKE ÐO LE AƑEWO ME LE BLEMA YUDA

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Garo Nalbandian

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Photograph © Israel Museum, Jerusalem; courtesy of Israel Antiquities Authority