Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Noa Ƒe Ŋkekea Me Tsiɖɔɖɔa Xɔ Anyigba La Katã Dzi Nyateƒea?

Ðe Noa Ƒe Ŋkekea Me Tsiɖɔɖɔa Xɔ Anyigba La Katã Dzi Nyateƒea?

Exlẽlawo Bia Be

Ðe Noa Ƒe Ŋkekea Me Tsiɖɔɖɔa Xɔ Anyigba La Katã Dzi Nyateƒea?

Ƒe 4,000 kple edzivɔwoe nye esi va yi si Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa va. Eya ta eteƒekpɔla aɖeke mele agbe egbea agblɔ eŋuti nya na mí o. Ke hã, nuŋlɔɖi aɖe li ku ɖe afɔku ma ŋu. Nuŋlɔɖia gblɔ be, to kɔkɔtɔ si nɔ anyi ɣemaɣi gɔ̃ hã bu ɖe tsia me.

Ŋutinya me nuŋlɔɖia gblɔ be: “Tsia le anyigba la ɖem ŋkeke blane sɔŋ, . . . Eye tsia do agbogbo ɖe anyigba dzi ŋutɔŋutɔ heɖe to kɔkɔ, siwo katã le dziƒoa te la. Eye tsia ɖɔ gbɔ to kɔkɔwo ta me abɔklugui wuiatɔ̃ [anɔ abe meta ade kple afã ene]; ale wɔ, eye towo katã bu ɖe tsia me.”—1 Mose 7:17-20.

Ame aɖewo anɔ susum le wo ɖokuiwo me nenye nyakpakpae alo amiɖeɖeɖenya aɖe koe ŋutinya si nye be tsi yɔ anyigba katã dzi la nye mahĩ. Menye nyakpakpae kura o! Nyateƒee, le go aɖewo me la, tsi gale anyigba la ƒe akpa gãtɔ dzi kokoko. Ne woma anyigba ɖe akpa alafa ɖeka me la, atsiaƒumetsi xɔ akpa 71. Eya ta le nyateƒe me la, tsiɖɔɖɔ gakpɔtɔ li. Ne tsikpe gãwo kple tsikpe siwo tsyɔ anyigba ƒe yɔyrɔenu lolõ la, ekema atsiaƒu me tsiwo agbagba aɖe dugãwo abe New York kple Tokyo ene.

Anyigbaŋutinunyala siwo le nu srɔ̃m tso United States ƒe dzieheɣetoɖoƒe ƒe anyigba ƒe nɔnɔme ŋu la xɔe se be tsiɖɔɖɔ gblẽnu siwo ade 100 gblẽ nu le nuto mawo me kpɔ. Tsiɖɔɖɔ mawo dometɔ ɖeka sɔ gbɔ hekɔ meta 600, eye eƒe sisi nye kilometa 105 le gaƒoƒo ɖeka me—tsiɖɔɖɔa xɔ teƒe si ƒe kekeme, kɔkɔme, kple didime nye kilometa 2,000, eye eƒe kpekpeme wu tɔn miliɔn teƒe miliɔn eve. Woke ɖe nu siawo ƒomevi bubuwo ŋu siwo na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo xɔe se be anya wɔ be tsi naɖɔ axɔ anyigba katã dzi.

Gake le ame siwo xɔe se be Mawu ƒe Nyae Biblia nye gome la, menye ɖeko woxɔe se be anya wɔ be tsi naɖɔ axɔ anyigbaa katã dzi ko o, ke boŋ woka ɖe edzi be edzɔ ŋutɔŋutɔ hã. Yesu gblɔ na Mawu be: “Wò nya la nye nyateƒe.” (Yohanes 17:17) Apostolo Paulo ŋlɔ bena, Mawu “ƒe lɔlɔ̃nue nye be woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.” (1 Timoteo 2:3, 4) Aleke Paulo ate ŋu afia Biblia me nyateƒea Yesu yomedzelawo nenye be nyakpakpawoe le Mawu ƒe Nya la me?

Menye ɖeko Yesu xɔe se be Tsiɖɔɖɔa va ŋutɔŋutɔ o, ke boŋ exɔe se hã be exɔ anyigbaa katã dzi. Le Yesu ƒe nyagblɔɖi vevi si ku ɖe eƒe anyinɔɣi kple nuɖoanyia ƒe nuwuwu ŋu me la, etsɔ nu siwo adzɔ le ɣeyiɣi mawo me la sɔ kple Noa ƒe ɣeyiɣia me nudzɔdzɔwo. (Mateo 24:37-39) Apostolo Petro hã ŋlɔ nu tso Noa ƒe ŋkekea me tsiɖɔɖɔa ŋu ale: “Nu siawoe wotsɔ tsrɔ̃ xexe si nɔ anyi ɣemaɣi esime tsi ɖee.”—2 Petro 3:6.

Ne Noa menye ame si nɔ anyi ŋutɔŋutɔ kpɔ o, eye anyigba katã dzi tsiɖɔɖɔa hã nye nyakpakpa la, anye ne nuxlɔ̃ame siwo Petro kple Yesu na ame siwo le agbe le ŋkeke mamlɛawo me la anye nya ƒuƒluwo. Ne ele alea la, ekema le esi teƒe be Biblia me nya mawo nanye nuxlɔ̃ame na amewo la, ɖe woana amewo manɔ ŋudzɔ ɖe Biblia me nuxlɔ̃amewo ŋu o boŋ, eye woade woƒe agbetsitsi le xaxa, si lolo wu Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa, si gbɔna me la afɔku me.—2 Petro 3:1-7.

Mawu gblɔ le eƒe amenuveve si wòyi edzi le ɖeɖem fia eƒe amewo ŋu be: ‘Ale si meka atam be, Noa ƒe tsiɖɔɖɔ magaɖe anyigba akpɔ o la, nenema ke meka atam be, nyemagado dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye nyemagaka mo na wò azɔ o.’ Abe ale si kakaɖedzi le eŋu be Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa xɔ anyigbaa katã dzi ene la, nenema kee kakaɖedzi le eŋu be Mawu ƒe amenuveve anɔ ame siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu la dzi.—Yesaya 54:9.