Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ŋkɔ Si Mele Be Woayɔ O” Yea?

“Ŋkɔ Si Mele Be Woayɔ O” Yea?

“Ŋkɔ Si Mele Be Woayɔ O” Yea?

ŊKUÐODZIKPE si woyɔna be Gateway Arch si le tɔsisi aɖe to le St. Louis, Missouri, la kɔkɔ meta 192. Eyae nye ŋkuɖodzikpe kɔkɔtɔ kekeake le United States. Sɔlemexɔ aɖe si mekɔkɔ boo o, si wolɔ̃a yɔyɔ be, Old Cathedral, le exa.

Esi agbalẽ si nye The Story of the Old Cathedral, si sɔlemeha la ŋutɔ ta la, nɔ nu ƒom tso sɔlemexɔ sia ƒe mɔnu ƒe tutume ŋu la, egblɔ be: “Le kpe si woɖo ɖe akpata si le mɔa nu ƒe sɔtiwo tame ƒe domedome la, wotsɔ Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesiwo ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔ si mele be woayɔ o la ɖe edzi wòlolo gã.” Abe ale si wòdze le fotoa me ene la, àte ŋu akpɔ Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔ, יהוה (YHWH), la nyuie le kpea dzi.

Esime wotu bisiɔp ƒe sɔlemexɔ sia le ƒe 1834 me la, Katolikotɔ siwo nɔ St. Louis nuto bliboa me anya se le wo ɖokui me be, ele be woade asixɔxɔ gã aɖe ŋkɔ sia si wotsɔ Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene ŋlɔ la ŋu. Ekema nu ka tae wobu Mawu ƒe ŋkɔa ɣemaɣi be enye “ŋkɔ si mele be woayɔ o”?

Katolikotɔwo ƒe numekugbalẽ si woyɔna be, New Catholic Encyclopedia, ɖe nu si dzɔ ɣeaɖeɣi le Yudatɔwo ƒe gbɔgbɔ tso Babilon le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me megbe la me be: “Wote bubu tɔxɛ aɖe dede ŋkɔ Yahweh [Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔ si me wode ablɔɖegbeɖiɖiwo le] la ŋu, eye wote nya si nye ADONAI [Aƒetɔ] alo ELOHIM [Mawu] tsɔtsɔ ɖɔli ŋkɔa teƒee. . . . Nuwɔna sia va wɔe be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova ŋlɔ ale si tututu woyɔa ŋkɔ Yahweh la be.” Esia wɔe be amewo dzudzɔ Mawu ƒe ŋkɔ la yɔyɔ. Mlɔeba la, ale si tututu woyɔa ŋkɔa le blema la bu, eye Mawu ƒe ŋkɔa va zu ŋkɔ aɖe si ame mawo megate ŋu yɔna o.

Togbɔ be míenya ale si tututu woyɔa Mawu ƒe ŋkɔa le blema o hã la, nu vevitɔe nye be eƒe ŋkɔa zazã tea mí ɖe eŋu kplikplikpli wu. Àdi be ye xɔlɔ̃wo nanɔ ye yɔm be, “aƒetɔ” alo “aƒenɔa”? Alo ɖe nàdi boŋ be woanɔ yeƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ yɔm na ye? Nenye gbe bubu dolawoe wonye, eye womeyɔa wò ŋkɔa nyuie o gɔ̃ hã la, àdi kokoko be woayɔ yeƒe ŋkɔ na ye, alo menye nenemae oa? Nenema ke ko wòle le Mawu hã gome. Edi be míayɔ yeƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ si nye Yehowa na ye.

Le Eʋegbe me la, ŋkɔ si woyɔna na Mawue nye “Yehowa.” Ðe masɔ be ame siwo katã lɔ̃a Mawu la nayɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ ma nɛ ahato esia dzi ate ɖe eŋu kplikplikpli oa? Biblia gblɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.”—Yakobo 4:8.