Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Didi Be Yeanya Nu Sia Nu Wɔ Eŋu Dɔ Nyuie

Didi Be Yeanya Nu Sia Nu Wɔ Eŋu Dɔ Nyuie

Didi Be Yeanya Nu Sia Nu Wɔ Eŋu Dɔ Nyuie

“Amegbetɔ lɔ̃a nyawo biabia. Tso esime wodzi mí kee míete nyawo biabia . . . Woate ŋu agblɔ gɔ̃ hã be amegbetɔwo ƒe ŋutinya la nye nyabiabiawo kple ŋuɖoɖo siwo tso amegbetɔwo ŋutɔ gbɔ la ƒe ŋutinya.” —Octavio Paz, Mexicotɔwo ƒe hakpanyaŋlɔla.

NU KAE ʋãa ame si ɖaa nu le amedzrodzeƒe wòtoa nuɖuɖu yeyewo vanɛ? Nu kae ʋãa tsaɖila be wòɖia tsa yia teƒe didiwo? Nu kae naa ɖeviwo bia nya gbogbowo nenema gbegbe ɖo? Zi geɖe la, enye didi be woanya nu sia nu.

Ke wò ya ɖe? Ðe susu yeyewo alo didi be yeake ɖe nyabiase wɔdɔɖeamedziwo ƒe ŋuɖoɖo ŋu nana nèdina be yeanya nu sia nua? Le kpɔɖeŋu me, afi kae agbe dzɔ tso? Nu ka tae míele afi sia ɖo? Ðe Mawu li ŋutɔŋutɔa? Tso míaƒe ɖevime ke la, didi be míanya nu sia nu naa mía dometɔ geɖe biaa nya siawo ale be míanya nu si tae nuwo le nenema ɖo. Ne nya aɖe wɔ dɔ ɖe mía dzi la, míedina be míanya nu sia nu si míate ŋui la tso eŋu. Eya ta nu nyui geɖe ate ŋu ado tso didi be míanya nu sia nu me na mí. Gake ate ŋu ahe kuxiwo, alo afɔkuwo kura gɔ̃ hã avae na mí.

Ŋuɖɔɖɔɖo Kple Dadasɔ Hiã

Ne míewɔ didi si le mía me be míanya nu sia nu la ŋu dɔ nyuie o la, ate ŋu ahe afɔku avae na mí. Le kpɔɖeŋu me, didi be yeanya nu sia nu ate ŋu ana ɖevi aɖe naka asi mlekpui xɔdzo ŋu, eye esia ate ŋu ahe afɔku avae nɛ. Le go bubu me la, didi be míanya nu sia nu ate ŋu aʋã mí míana míaƒe sidzedze nade to ɖe edzi, eye míaku nu sia nu gɔme tsitotsito. Gake ɖe nunya anɔ eme be míadi be míaku nu sia nu me afɔku siwo ate ŋu anɔ eme la ŋu mabumabuia?

Edze ƒãa be sidzedze aɖe li si menyo o, elabena egblẽa nu le ame ŋu. Didi be míanya nu sia nu ku ɖe amamaɖeɖenuwɔnawo, gbɔgbɔyɔyɔ, vivimehawo alo zazɛ̃nyahelawo ƒe nufiafiawo ŋu ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu bɔbɔe. Le go siawo kple bubuwo me la, anyo be míasrɔ̃ Hebritɔ hakpala si do gbe ɖa be: “Ðe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu.”—Psalmo 119:37.

Sidzedze aɖe hã li si megblẽa nu le ame ŋu le eɖokui si o, gake le nyateƒe me la, enye nu dzodzro si mehiã o. Le kpɔɖeŋu me, viɖe kae le sinima dzi fefewɔla xɔŋkɔwo alo ame xɔŋkɔ bubuwo ƒe agbemenya ɣaɣlawo nyanya, nunyanya tso lãmesẽfefewɔha kple lãmesẽfefewɔla ɖe sia ɖe ŋu, alo nunyanya tso nutovɛ yeyewo kple ʋu yeye siwo to la ŋu me? Le ame akpa gãtɔ gome la, “bibi” ɖe nu mawo nyanya me mehea viɖe aɖeke vanɛ na wo o.

Kpɔɖeŋu Ʋãme Aɖe

Enye nyateƒe be, nu nyuiwo tea ŋu dona tso didi be woanya nu sia nu me. Bu Germanytɔwo ƒe nu gbagbewo ŋuti nusrɔ̃la kple du yeye dila Alexander von Humboldt, si nɔ anyi ƒe 200 aɖewoe nye esi va yi, ame si ŋkɔ woda ɖe Humboldt Current, si le Anyiehe Amerika ƒe ɣetoɖoƒeƒuta, dzi la ŋu kpɔ.

Ɣeaɖeɣi le Humboldt ƒe agbe me la, egblɔ be: “Tso nye sɔhɛmenɔɣi ƒe gɔmedzedze kee didi vevi aɖe nɔ menye be maɖi tsa ayi nuto siwo le didiƒe ʋĩ, siwo me ƒãa hafi Europatɔwo ɖia tsa yina, la me.” Egblɔ be didi sia nyɔ ɖe ye me esime “dzodzro sẽŋu aɖe si nu womate ŋu alé o la nɔ fu ɖem na yeƒe susu.” Esime wòxɔ ƒe 29 la, eɖi tsa yi Titina kple Anyiehe Amerika, eye eƒe mɔzɔzɔ sia xɔ ƒe atɔ̃. Ezã nyatakaka siwo nu wòƒo ƒu la tsɔ ŋlɔ eƒe mɔzɔzɔa ŋuti gbalẽ si woma ɖe akpa 30 me.

Nu sia nu si Humboldt kpɔ—atsiaƒua ƒe dzoxɔxɔ, tɔmelã siwo nɔ tsia me, kple ati siwo wòkpɔ le mɔa dzi—he eƒe susu. Elia towo, eɖi tsa ɖakpɔ tɔsisiwo, eye wòzɔ mɔ to atsiaƒu dzi. Wowɔa nu siwo ŋu Humboldt ke ɖo la ŋu dɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe hatsotso vovovowo me egbea. Nu siawo katã dze egɔme kple didi vevi si nɔ eme be yeanya nu sia nu, eye le eƒe agbe me katã la, didi vevi aɖe nɔ eme be sidzedze geɖe wu nasu ye si. Le Amerikatɔwo ƒe nuŋlɔla Ralph Waldo Emerson ƒe nya nu la, “Humboldt nye ame siwo wɔ nu wɔnukuwo . . . ame siwo dona tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi, abe ɖe wodi be yewoafia nu mí ku ɖe nu si gbegbe amegbetɔwo ƒe susu ate ŋu awɔ, tamebubu ƒe ŋutete ƒe ŋusẽ kple nu vovovo siwo gbegbe wòate ŋu awɔ ŋu la ene, . . . la dometɔ ɖeka.”

Numekuku Aɖe Si Ŋu Viɖe Le

Enye nyateƒe be, mía dometɔ ʋɛ aɖewo ko sie mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu be míazɔ mɔ ayi aɖasrɔ̃ nu tso nuwo ŋu alo ake ɖe nane siwo aɖe vi na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo la ŋu. Ke hã, sidzedzetsoƒe aɖe li si ŋuti míate ŋu awɔ míaƒe susuŋutete ŋu dɔ le, eye esia ana míakpɔ viɖe siwo lolo sãsãsã wu nu bubu ɖe sia ɖe si ŋu míadi be míasrɔ̃ nu le. Yesu Kristo tɔ asi esia dzi le gbe aɖe si wòdo ɖa na Fofoa si le dziƒo la me be: “Esiae nye agbe mavɔ la: be woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la, ŋuti sidzedze xɔm.”—Yohanes 17:3.

Sidzedze Mawu vavã, si ƒe ŋkɔe nye Yehowa, kple Via, Yesu Kristo, ate ŋu ahe viɖe geɖe avae na ame siwo dina vevie be yewoanya nu geɖe la le mɔ aɖe si nyatakaka bubu aɖeke mate ŋu ahe avae na wo o nu. Ðo ŋku nyabiase siwo ku ɖe agbe ŋu, siwo dze le nyati sia ƒe gɔmedzedze la, dzi. Míate ŋu atsɔ nyabiase siawo akpee be: Nu ka tae fukpekpe bɔ ɖe xexea me alea gbegbe ɖo? Ðe amegbetɔwo agblẽ anyigba la, alo atsrɔ̃e gɔ̃ hã? Eye nu kae Mawu awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be nu ma nagadzɔ ɖe ameƒomea dzi o? Ŋuɖoɖowo kpɔkpɔ na nyabiase siawo ana míakpɔ viɖe geɖe, ke menye ɖeko woaɖi kɔ na míaƒe didi be míanya nu sia nu o. Yesu gblɔ be, “Esiae nye agbe mavɔ la.” Nu ka tae míate ŋu aka ɖe nya sia dzi?

Biblia la nye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me. Apostolo Paulo gblɔ tso eŋu be: “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia, na nyagbename, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nadze bliboe, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—2 Timoteo 3:16, 17.

Bu eŋu kpɔ ko—apostoloa gblɔ be, sidzedze si ate ŋu ana míanɔ dzadzraɖoɖi alo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu sia nu si nyo la le Biblia me. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ nuwo ŋu bum abe ale si Mawu bua wo ŋui ene. Eye míenyae be Mawu ƒe sidzedze kple eƒe nunya kɔ boo wu ame bubu ɖe sia ɖe tɔ. Gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Yesaya wòŋlɔ Mawu ƒe nya wɔdɔɖeamedzi sia ɖi be: ‘Nye susuwo menye miaƒe susuwo o, eye miaƒe mɔwo menye nye mɔwo o; ke boŋ ale si dziƒo kɔ boo wu anyigbae la, nenema nye mɔwo kɔ wu miaƒe mɔwo kple nye susuwo wu miaƒe susuwoe.’—Yesaya 55:8, 9.

Àdi be yeanya nu tso Mawu ƒe mɔwo kple eƒe susu kɔkɔwo ŋua? Ðe didi si le mewò be yeanya nu sia nu ʋãa wò be nèdina be yeanya nu si Mawu ƒe Nya, Biblia, gblɔ tso Mawu ƒe mɔwo kple eƒe susuwo ŋu la ŋua? Ðe nèdina vevie be yeanya nu tso nu si Mawu gbɔna wɔwɔ ge atsɔ atsi fukpekpewo katã nu kple nu nyui siwo wòdzra ɖo ɖi na ameƒomea me tɔ toɖolawo la ŋua? Biblia kpe wò be: ‘Ðɔe kpɔ, eye nàkpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo; woayra ŋutsu, si sii tso.’—Psalmo 34:9.

Mawu ƒe Nya la me nyateƒe sẽŋu la ate ŋu akpɔ ŋusẽ geɖe ɖe dzi anukwaretɔwo dzi abe ale si ko kekeli ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame aɖe si kpɔ kekeli zi gbãtɔ la dzi ene. Esia ʋã apostolo Paulo wògblɔ be: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kpakple sidzedze me goglo loo! Aleke seɖoƒe meli na eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me o ye nye esi!” (Romatɔwo 11:33) Nyateƒeae nye be ahiã be míanɔ agbe tegbee hafi ate ŋu anya nu tso Mawu ƒe sidzedze kple eƒe nunya ƒe kesinɔnuwo ŋu bliboe. Agbe dodzidzɔname si mati ame o si me míate ŋu anɔ kekem ɖe nu yeyewo ŋu le ɣesiaɣi ye le mía ŋgɔ.

Mègana Didia Nu Natsi O!

Enye nyateƒe be mía dometɔ akpa gãtɔ mazu ame siwo toa nu yeyewo vanɛ kple numekula xɔŋkɔwo gbeɖe o. Eye ɖewohĩ míate ŋu ase nu sia nu si gɔme míadi be míase la gɔme le míaƒe agbenɔɣi kpui sia me o. Ke hã, mègana didi be yeanya nu sia nu ƒe ŋutete si le mewò la nu natsi o. Na agbe nakpɔtɔ anɔ didi vevie be sidzedze nasu mía si ƒe ŋutete si Mawu de mía me lɔlɔ̃tɔe la ŋu.

Wɔ nunana wɔnuku sia si tso Mawu gbɔ la ŋu dɔ nyuie, eye nàtu Mawu ƒe Nya, Biblia, si tso gbɔgbɔ me la ƒe gɔmesese vavã ɖo. Ne èwɔe alea la, àkpɔ dzidzeme kple dzidzɔ le agbe me fifia, eye àte ŋu anɔ mɔ kpɔm na esia wɔwɔ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Biblia gblɔ be: ‘Mawu wɔ nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi, eye wòde mavɔmavɔ dzi me na wo, negbe ɖeko amegbetɔ menya mɔnu le nu siwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ kple tagbɔ ŋu o.’—Nyagblɔla 3:11.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Ènya Be ...

• Ƒe alafa geɖewo do ŋgɔ hafi Columbus kple Magellan nava na amewo nanya nu tso anyigba la ƒe nɔnɔme ŋu la, Biblia gblɔ be anyigba mele gbadzaa o, ke boŋ be ele godoo alo nogooa?—Yesaya 40:22.

• Ƒe gbogbo aɖewo do ŋgɔ hafi dzinudzidelawo nakpɔe be ɖeko anyigba la le ya me la, Biblia gblɔe xoxoxo be anyigba la meku ɖe naneke ŋu oa?—Hiob 26:7.

• Ƒe 2,500 ya teti do ŋgɔ hafi ne Eŋlisiawo ƒe atikewɔla William Harvey nava ke ɖe ale si ʋu sina toa amegbetɔ ƒe ŋutilã me ŋu la, Biblia ƒo nu tso dzi la ŋu be enye agbedzɔtsoƒe, alo be eya mee agbe tsona?—Lododowo 4:23.

• Ƒe 3,000 aɖewo nye esi va yi la, Biblia ɖe ale si tsi dzana eye ɣea ƒe dzoxɔxɔ nana be wògayia dzi gagbugbɔ dzana si naa be agbe nya nɔna le anyigba dzi la me le mɔ bɔbɔe aɖe nua?—Nyagblɔla 1:7.

Ðe mewɔ nuku ŋutɔ be Biblia ƒo nu tso nyateƒenya siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va ke ɖo la ŋu ɣeyiɣi didi aɖe hafi amegbetɔwo va se wo gɔme alo va ke ɖe wo ŋu oa? Le nyateƒe me la, nyatakaka xɔasi geɖe siwo le vevie le agbe me la le eme; wò ya di wo ko, àke ɖe wo ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Alexander von Humboldt