Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Edi Be Yeana Kpekpeɖeŋu

Edi Be Yeana Kpekpeɖeŋu

Fia Nu Viwòwo

Edi Be Yeana Kpekpeɖeŋu

EDZƆ kpɔ be nènya ame aɖe si nɔ dɔ lém veviea?— Ðe nèdi vevie be yeakpe ɖe eŋu hafia?— Ke nenye be du bubu me tɔe wònye alo eƒe subɔsubɔ to vovo na tɔwò ya ɖe? Àgadi kokoko be yeakpe ɖe eŋu eƒe lãme nasẽa?— Nyɔnuvi aɖe si nɔ Israel anɔ ƒe 3,000 kloe nye esi va yi la wɔ esia. Mina míadzro nu si dzɔ ɣemaɣi la me kpɔ.

Zi geɖe la, aʋawɔwɔ yia edzi le blema Israel, du si me nyɔnuvi la nɔ, kple Siria du si te ɖe wo ŋu la dome. (1 Fiawo 22:1) Gbe ɖeka la, Siriatɔwo va Israel, eye wolé nyɔnuvi la dzoe. Wokplɔe yi Siria, eye wòzu Siria ʋafia Naeman srɔ̃ ƒe dɔla. Dɔléle vɔ̃ɖi aɖe si woyɔna be anyidɔ alo kpodɔ, si naa ame ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo nɔa nyinyim la, nɔ Naeman ŋu.

Dɔlanyɔnuvia gblɔ nu si Naeman awɔ bene eƒe dɔlélea navɔ nɛ la na Naeman srɔ̃. Egblɔ be: “Oo, ne nye aƒetɔ [Naeman] ade nyagblɔɖila [Elisa], si le Samaria gbɔ la! ayɔ dɔ eƒe anyi la nɛ.” Azɔ hã, ale si ɖevia ƒo nu tso Elisa ŋu na Naeman xɔe se be nyagblɔɖila la ate ŋu ada dɔa na ye vavã. Eya ta Naeman xɔ mɔɖeɖe tso Siria fia Ben-hadad gbɔ, eye woa kple eƒe dɔla aɖewo zɔ mɔ didi si anɔ abe kilometa 150 ene be yewoaɖadi Elisa.

Gbã la, wova Israel fia Yoram gbɔ. Wotsɔ lɛta si Fia Ben-hadad ŋlɔ tsɔ nɔ biabiam be woakpe ɖe Naeman ŋu la fiae. Gake Yoram mexɔ Yehowa alo nyagblɔɖila Elisa dzi se o. Yoram susui be ɖe Ben-hadad nɔ mɔnu dim be yeawɔ aʋa kple ye. Esi Elisa se nya sia la, egblɔ na Fia Yoram be: “Ðoe ɖe gbɔnye.” Elisa di be yeaɖee afia be ŋusẽ le Mawu si be wòada Naeman ƒe dɔléle vɔ̃ɖia nɛ.—2 Fiawo 5:1-8.

Esi Naeman kple eƒe sɔwo kpakple eƒe tasiaɖamwo va ɖo Elisa ƒe aƒe gbɔ la, Elisa dɔ ame ɖo ɖa be woaɖagblɔ nɛ be: “Yi ɖale tsi zi adre le Yordan me, ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo.” Naeman do dziku. Enɔ mɔ kpɔm be Elisa ado ava ye gbɔ, eye wòatsɔ eƒe asi alili ɖe teƒe siwo kpodɔa wɔ la ahana dɔa navɔ. Le ema teƒe la, ame koe wòdɔ ɖo ɖee! Eya ta Naeman bi dzi dzo, eye wòdze mɔ ɖo ta wo de.—2 Fiawo 5:9-12.

Nu kae nàwɔ nènye Naeman ƒe dɔlawo dometɔ ɖekae nènye?— Enyo, dɔlawo biae be: ‘Nenye nu sesẽ aɖee Elisa bia tso asiwò be nàwɔ la, màwɔe oa? Ekema nu ka tae màwɔ nu bɔbɔe sia—be nàyi aɖalé tsi ko be ŋuwò nakɔ—oa?’ Naeman ɖo to woƒe gbe. “Tete wòɖi abu yi ɖado ɖi ɖe Yordan me zi adre . . . , eye eƒe ŋutigbalẽ zu abe ŋutsuvi dza aɖe ƒe ŋutigbalẽ ene, eye eŋuti kɔ.”

Naeman trɔ yi Elisa gbɔ hegblɔ nɛ be: “Azɔ medze sii bena, [Mawu] aɖeke mele anyigba blibo la dzi o, negbe le Israel ko.” Edo ŋugbe na Elisa be, “[yemagasa] numevɔ kple akpedavɔ na mawu bubuwo azɔ o, negbe [na] Yehowa ko.”—2 Fiawo 5:13-17.

Àdi be yeakpe ɖe ame aɖe ŋu wòasrɔ̃ nu tso Yehowa kple nu si wòate ŋu awɔ ŋu, abe ale si nyɔnuvi la wɔe enea?— Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ŋutsu aɖe si nye kpodɔléla xɔ edzi se hegblɔ nɛ be: ‘Ne èdi vavã be yeakpe ɖe ŋunye la, àte ŋui.’ Ènya ale si Yesu ɖo eŋu nɛa?— “Melɔ̃.” Eye Yesu da dɔa nɛ abe ale si ko Yehowa da dɔ na Naeman ene.—Mateo 8:2, 3.

Ènya nu tso xexe yeye si Yehowa le wɔwɔ ge si me amewo katã anɔ lãmesẽ nyui me ahanɔ agbe mavɔ le la ŋua?— (2 Petro 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ne ènya nu tso eŋu la, àdi godoo be yeaƒo nu tso nu wɔnuku siawo ŋu na amewo!

Nyabiasewo:

○ Aleke nyɔnuvi sue aɖe kpe ɖe Naeman, ŋutsu si ƒe amewo ɖe aboyoe la, ŋu?

○ Nu ka tae Naeman medi gbã be yeawɔ ɖe Elisa ƒe nya dzi o, gake nu kae na wòtrɔ susu?

○ Nu ka tututue wòle be nàdi be yeawɔ ale be nàte ŋu asrɔ̃ nyɔnuvi sue la ƒe kpɔɖeŋu?

○ Nu kae Yesu di be yeawɔ, eye nu ka tae agbenɔnɔ avivi ŋutɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me?

[Nɔnɔmetata si le axa 25]