Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Manɔ Anyi Ðe Dzo Gbɔ Axlẽe Zã Sia Me”

“Manɔ Anyi Ðe Dzo Gbɔ Axlẽe Zã Sia Me”

Lɛta Aɖe Si Tso Australia

“Manɔ Anyi Ðe Dzo Gbɔ Axlẽe Zã Sia Me”

DZOGBE si ƒu kplakplakpla, dzoxɔxɔ gbãgbãgbã, kple anyigba gbadzaa ƒeƒlewo koe vaa susu me na amewo ne wose nu tso Australia ƒe saɖeaganutowo ŋu. Ke hã, ame 180,000 woe le dudomenuto sia me, eye Australiatɔ 1 le alafa me le du sia me.

Dzinyelawo, ame siwo nye Yehowa Ðasefowo, kplɔm yi ɖaɖe gbeƒã le nuto mawo me le nye ɖevime. Teƒea ƒe kekeme kple eƒe anidzedze naa nye susu nɔa edzi ɖaa. Nuto mawo me tɔ sesẽ mawo siwo ɖea dzi ɖi bɔkɔɔ la ƒe nu hã lé dzi nam. Azɔ esi ƒome si me ɖeviwo le va le asinye la, medi be nuteƒekpɔkpɔ ma nasu srɔ̃nye kple mía vi eveawo, siwo xɔ ƒe 10 kple 12, hã si.

Ðoɖowɔwɔ Ðe Mɔzɔzɔa Ŋu

Gbã la, míenɔ anyi hebu eŋukɔnta. Ðe ga si le mía si la ade na mɔzɔzɔa? Ɣeyiɣi didi kae míaxɔ le afi ma? Atsu kple asi aɖe kpakple ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela eve aɖewo siwo le míaƒe hamea me gblɔ be yewoayi kpli mí. Míelɔ̃ ɖe ɣeyiɣi si míadze mɔ la dzi—sukuviwo ƒe mɔkeɣi le ƒea ƒe domedome. Emegbe míeŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzewɔƒe si le Sydney, Australia, be woana anyigbamama mí míaɖe gbeƒã le eme. Wode dɔ asi na mí be míakpe saɖeaganuto aɖe si te ɖe Goondiwindi ŋu la ɖo; enye agbledu sue aɖe si le Brisbane ƒe ɣedzeƒe hedidi tso egbɔ kilometa 400 aɖewo. Goondiwindi ye nye afi si míeva dze.

Míese be Yehowa Ðasefowo ƒe hame sue aɖe le Goondiwindi. Esia ganye yayra bubu aɖe na mí. Gododo kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo nye míaƒe mɔzɔzɔa ƒe akpa vevi aɖe. Míena hamea nya do ŋgɔ be míegbɔna wo gbɔ. Dzidzɔ si dze le woƒe nyaŋuɖoɖoa me na míenya be wole mɔ kpɔm na míaƒe vava vevie.

Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na míaƒe dzodzo la, mí ame siwo le mɔa zɔ ge la, míedo go hedzro ale si míaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le saɖeaganuto mawo me la me. Míedi vevie be míade bubu Australia vidzidzi siwo míava do go le afi mawo la ƒe dekɔnuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, woƒe to aɖewo bua woƒe anyigba be enye yewoƒe aƒe. Eya ta ne womekpe ame hafi wòva woƒe anyigba dzi o la, wobunɛ be enye amemabula.

Le Saɖeaganutoawo Me

Ŋkeke gã la va ɖo mlɔeba. Amewo kple nuzazãwo yɔ míaƒe ƒome eveawo ƒe ʋuwo me fũu, eye míeɖo ta Goondiwindi. Gbã la, míeto agblewo ŋu, eye esi míeyi mɔzɔzɔa dzi la, míeva kpɔ tagba dama siwo dzi eucalyptus ti ʋɛ aɖewo le. Vuvɔŋɔlie, ŋdɔ klẽ le ya me si me kɔ nyuie la me. Le gaƒoƒo aɖewo megbe la, míeva ɖo Goondiwindi, eye míehaya xɔvi aɖe hetsi afi ma dɔ.

Le ŋufɔke, si nye Kwasiɖagbe la, ɣe dze ŋdi ma nyuie, eye ya me nɔ ʋeʋem lilili—esɔ ŋutɔ na gbeƒãɖeɖe. Le nuto sia me la, ya me xɔa dzo edziedzi va ɖona Celsius 40. Afi si míetɔ ɖo gbãe nye Australia vidzidziwo ƒe nuto aɖe me anɔ abe kilometa 30 ene. Woɖo mí ɖe Jenny, nyɔnu tsitsi ƒowɔ aɖe si nye nuto la ƒe ŋgɔnɔla la, gbɔ. Eɖo to míaƒe Ŋɔŋlɔawo me gbedeasia nyuie, eye wòxɔ agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ * kple dzidzɔ. Emegbe ekpe mí be míayi ɖe nutoa me tɔwo gbɔ aɖaɖe gbeƒã na wo.

Ðevi siwo nɔ nutoa me ƒu du do ŋgɔ va gblɔ míaƒe vava ŋu nya na amewo. Aƒemenɔla ɖe sia ɖe si míedo goe la ɖo to gbedeasi si míelé ɖe asi la bubutɔe hexɔ Biblia srɔ̃gbalẽwo. Eteƒe medidi o míaƒe agbalẽwo vɔ, eye ɣeyiɣi de be míatrɔ ayi dua me hena hamea ƒe kpekpe dede. Hafi míadzo la, míedo ŋugbe be míatrɔ ava ame siwo míete ŋu ɖo dze kple o la gbɔ.

Le ɣetrɔ ma me la, Fiaɖuƒe Akpataa me yɔ fũu kple dzeɖoɖo dodzidzɔnamewo, eye eteƒe medidi o, ame yeye siwo míedo go la va zu mía xɔlɔ̃wo. Ðasefo 25 siwo le afi ma la yi edzi nɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒegbedeasia na ame siwo ade 11,000 siwo le kɔƒenuto si ƒe lolome nye kilometa 30,000 togodo la me nuteƒewɔwɔtɔe. Ðasefo aɖe da akpe na mí be: “Akpe na mi be miedze agbagba va mía gbɔ va le kpekpeɖeŋu nam mí.” Le kpekpe dodzidzɔname aɖe wɔwɔ vɔ megbe la, mí katã míeyi ɖe teƒe aɖe ɖaɖu nu no nu. Hafi míaɖo xɔ zã ma me la, míena nuɖuɖu possum, siwo nye nutoa me lã aɖewo siwo kɔa wo viwo ɖe aŋɔ nu, siwo nɔ tsatsam le teƒea.

“Manɔ Anyi Ðe Dzo Gbɔ Axlẽe Zã Sia Me”

Le ŋkeke eve siwo kplɔe ɖo me la, míeva ɖo kɔƒe saɖeaga siwo didi tso wo nɔewo gbɔ le Queensland-New South Wales ƒe liƒo dzi la me. Kɔƒenuto siawo ƒe akpa gãtɔ nye teƒe siwo eucalyptus ti ƒuƒu siwo dome gbadzaƒewo tso la le. Alẽwo kple nyiwo ɖua gbe le gbadzaƒe siawo. Le mɔa dzi la, míekpɔ lã aɖewo siwo woyɔna be kangaroo, eye esi wose mía ŋkɔ la, wo katã wonɔ woƒe towo fɔm ɖe dzi. Emu, si nye golo ƒomevi aɖe, si dze ani ŋutɔ la ƒe hatsotso aɖe nɔ zɔzɔm atsyãtɔe to sɔwo ƒe duƒuƒe si ʋuʋudedi le la le didiƒe ɖaa.

Le Braɖa ŋdɔ la, míedo go nyiwo ƒe ha gã aɖe siwo nɔ zɔzɔm blewublewu le mɔa dzi. Tso gbe aɖe gbe kee lãkplɔla apadɔwɔlawo kplɔa lãwo le nuto sia me, vevietɔ le kuɖiɣiwo. Eteƒe medidi o míeva do go lãkplɔla aɖe si nɔ eƒe sɔ dzi. Metɔ ʋua ɖe mɔa to, do go le ʋua me hedo gbe nɛ. Exɔ gbe nam be ‘Ŋdɔ nɔvi.’ Ŋutsu tsitsia tɔ hete nuƒoƒo kplim eye eƒe nyikplɔvu tɔ ɖe exa.

Esi míeɖo dze tso kuɖiɖia ŋu vie vɔ la, meka míaƒe gbedeasia ta nɛ. Ŋutsua do ɣli be: “Ee, tso nye ɖevime ke la, nyemese nya aɖeke tso Biblia me kpɔ o!” Ebu fɔ subɔsubɔhakplɔlawo ɖe agbe nyui nɔnɔ ƒe to yiyi le xexea me ta. Ke hã, egakpɔtɔ dea bubu deto Biblia ŋu. Le Ŋɔŋlɔawo me dzeɖoɖo tuameɖo aɖe vɔ megbe la, menae agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? * Exɔ agbalẽa hetsɔe de eƒe dziwui ƒe kotoku me, eye wògblɔ be: “Ne agblɔ nu si nye Biblia ƒe nufiafia nam la, manɔ anyi ɖe dzo gbɔ axlẽe zã sia me.”

Míeɖo Ta Aƒe

Le zã ma me la, míegblɔ míaƒe nuteƒekpɔkpɔwo na míaƒe gbɔgbɔmenɔvi ŋutsuwo kple nyɔnuwo le Fiaɖuƒe Akpata me. Wodo ŋugbe na mí be yewoatrɔ ayi ame siwo míedo goe siwo ɖe ɖetsɔleme fia la gbɔ. Esime kpekpea wu enu la, menɔ bɔbɔe be míaklã nɔviawo ahadzo le wo gbɔ o. Lɔlɔ̃kadodo sẽŋu aɖe va ɖo mía kple wo dome. Ale si míede dzi ƒo na mía nɔewo le gbɔgbɔ me na be dzo yeye gaɖo mí katã me.—Romatɔwo 1:12.

Le ŋufɔke la, míeɖo ta aƒe. Esi míenɔ ŋugble dem tso míaƒe mɔzɔzɔa ŋu la, míelɔ̃ ɖe edzi be Yehowa yra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi geɖe. Ŋusẽ yeye gaɖo mía ŋu le mawusɔbɔsubɔ me. Esi míeva ɖo aƒe me la, mebia mía viawo be, “Afi kae miadi be yewoaɖu mɔkeke si gbɔna la le? Le towo dzia?” Woɖo eŋu be: “Ao, papa, na míayi aɖaɖe gbeƒã le saɖeaganutowo me ake.” Srɔ̃nye hã xɔ edzi gblɔ be: “Ɛ̃, mina míayi. Esiae nye mɔkeke nyuitɔ si míeyi kpɔ!”

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 11 Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 17 Yehowa Ðasefowoe tae.