Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ Doa Dzidzɔ Nam Le Nye Agbe Me Katã

Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ Doa Dzidzɔ Nam Le Nye Agbe Me Katã

Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ Doa Dzidzɔ Nam Le Nye Agbe Me Katã

Abe Ale Si Bill Yaremchuk Gblɔe Ene

Le March 1947 me si nye kwasiɖa ʋɛ aɖewo le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku si nɔ South Lansing, New York, U.S.A. ɣemaɣi ƒe klass enyilia nu wuwu vɔ megbe teti la, meɖo ta teƒe si woɖom ɖo la—keke Singapore ke.

WOTIA Dave Farmer, si hã nye Canadatɔ si wu Gilead suku ƒe klass adrelia nu la be wòawɔ dɔ kplim. Míeɖo Marine Adder si nye aʋawɔtɔdziʋu tsã la le San Francisco, California.

Melidzeƒe gbãtɔ si míetɔ ɖo le Ɣedzeƒenuto me ye nye Hong Kong. Nu siwo míekpɔ le afi ma la wɔ nublanui ŋutɔ. Xexemeʋa II ƒe nugbegblẽwo xɔ afi sia afi—dɔ wu amewo womlɔ anyi ɖe afɔtoƒewo, eye wodze abe ame siwo nɔ kukum ene. Eteƒe medidi o míegage ɖe tɔdziʋua me, eye míeɖo ta Manila, si nye Philippines ƒe fiadu la me.

Le afi ma hã la, míekpɔ aʋa la ƒe nugbegblẽ dziŋɔwo teƒe. Tɔdziʋu siwo me Dukɔ Wɔɖekawo ƒe asrafowo da bɔmb ɖo henyrɔ la ƒe abalatiwo kaka ɖe melidzeƒea, eye amewo katã da ahe kolikoli. Míedo go Yehowa Ðasefo ɖeka eve aɖewo, eye wokplɔ mí yi woƒe Fiaɖuƒe Akpata me. Dzi nɔ wo dzɔm togbɔ be wonɔ akɔ kpem kple kuxiwo hã.

Melidzeƒe bubu si míegava tɔ ɖo lae nye Batavia (si woyɔna fifia be Jakarta) le Indonesia. Wonɔ dukɔmeviʋa wɔm eye aʋa nɔ edzi yim le teƒe aɖe si te ɖe afi ma ŋu, eya ta womeɖe mɔ na mí míeɖi le tɔdziʋua me o. Esi ʋua gaho ɖo ta Singapore la, menɔ ɖokuinye biam be, nu ka tututue anɔ míalalam le afi ma? Nu siawo koe susɔ ɖe Ɣedzeƒenuto, si ŋu míexlẽ nu dodzidzɔnamewo tsoe le teƒewo ŋuti nyatakaka gbalẽwo me la, mea?

Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, nye ɖikeke mawo nu yi. Nu vevi aɖe le dzɔdzɔ ge si aɖo kpe edzi kɔte be Mawu da asi ɖe mía kple Dave ƒe dɔdeasia dzi.

Ale Si Woɖe Mɔ Na Mí Be Míanɔ Dua Me

Anɔ abe ɣleti ɖeka le míaƒe dzodzo le San Francisco megbe la, míaƒe tɔdziʋua va ɖo St. John Ƒukpo, si nye Singapore ƒe teƒe si tɔdziʋuwo lalana le va se ɖe esime woɖe mɔ na wo be woage ɖe melidzeƒea ŋutɔ, la dzi. Dutamɔzɔnyagbɔkpɔlawo ƒe amegãwo va be yewoalé ŋku ɖe ʋua ɖolawo ƒe mɔzɔgbalẽwo ŋu akpɔe ɖa be wode mahã, eye wotu nuŋɔŋlɔ si nye, “Woɖe Mɔ Be Wòaɖi” ɖe míaƒe mɔzɔgbalẽwo me. Le ŋufɔke la, wode ka míaƒe tɔdziʋua ɖe melidzeƒea. Esi ʋua me megã aɖe lé ŋku ɖe míaƒe agbalẽwo ŋu vɔ la, míeɖi.

Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, míeyi be míaɖado hedenyuie na dutanyanyuigblɔla siwo hã nɔ mɔa zɔm kpli mí. Wonɔ woƒe mɔzɔzɔa dzi yim ɖo ta du siwo nye India kple Ceylon (si woyɔna fifia be Sri Lanka). Esi ʋumefia la kpɔ mí la, eɖi va tɔ gbe mí. Edo dziku hedo ɣli gblɔ be, womeɖe mɔ be míado go le tɔdziʋua me o. Do ŋgɔ esime míenɔ tɔa dzi la, tɔdziʋu me mɔzɔnyawo gbɔ kpɔlawo ƒe amegã Aƒetɔ Haxworth de se nɛ be wòagaɖe mɔ míaɖi le ʋua me ne míeɖo melidzeƒea o. Míenya naneke tso sedede sia ŋu o, eye nenema kee wònɔ le amegã si ɖe mɔ míeɖi le tɔdziʋua me la hã gome.

Esi wokplɔ mí yi Aƒetɔ Haxworth gbɔ la, menɔ bɔbɔe na mí kura o. Eblu ɖe mía ta hegblɔ be womeɖe mɔ na mí be míage ɖe Singapore dua me o. Esi míenya naneke tso sedede be míagage ɖe dua me o ŋu o ta la, míetsɔ míaƒe mɔzɔgbalẽ siwo me wotu mɔɖeɖedzesi si le se nu si nye “Woɖe Mɔ Be Wòaɖi” ɖo la fiae. Ehe míaƒe mɔzɔgbalẽawo le mía si dzikutɔe, eye wòte fli ɖe nya mawo me. Gake etsi megbe akpa! Tɔdziʋua ho xoxo! Aƒetɔ Haxworth zi míaƒe mɔzɔgbalẽawo dzi hena ƒe ɖeka blibo, emegbe etu ɖe wo me be “Woɖe Mɔ Be Wòaɖi” hegbugbɔ wo na mí.

Gbeƒãɖeɖedɔ Kpɔdzidzedze Aɖe Wɔwɔ Le Singapore

Esi míeva ɖo Singapore le April 1947 me la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Joshua koe nye Ðasefo nɔ dua me. Ewɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ, alo mɔɖeɖedɔ, va se ɖe eƒe kugbe le ƒe 1970 ƒe gɔmedzedze. Eteƒe medidi o ame siwo srɔ̃ Biblia me nyateƒea te nu siwo wosrɔ̃ la gbɔgblɔ na amewo. Míete míaƒe gbedodoɖa be woaɖo dɔwɔla geɖewo ɖe gbɔgbɔmenuŋeŋedɔa me la ƒe ŋuɖoɖo kpɔkpɔ.—Mateo 9:37, 38.

Le ƒe 1949 me, esime Aƒetɔ Haxworth zɔ mɔ yi mɔkeke le England hena ɣeyiɣi didi aɖe la, woɖo dutanyanyuigblɔla siwo wu Gilead suku ƒe klass 11 lia nu la dometɔ ade ɖe Singapore. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Dave, si nye nye hadɔwɔla le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me la, va kpɔe be ehiã be yeaʋu adzo le Singapore le dɔlényawo ta. Eʋu yi Australia, afi si wòsubɔ le nuteƒewɔwɔtɔe va se ɖe esime wòdɔ alɔ̃ le ku me le ƒe 1973 me. Ame yeye ade siwo va la dometɔ ɖekae nye Aileen Franks, si meva ɖe le ƒe 1956 me.

Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, míesrɔ̃ Biblia kple ame geɖewo, eye woa kple wo viwo wova zu Ðasefowo. Egbea gɔ̃ hã la, wo dometɔ aɖewo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm le duta. Nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname siwo su mía si dometɔ ɖeka ku ɖe Lester kple Joanie Haynes, siwo nye srɔ̃tɔ Amerikatɔ, siwo nɔ Singapore la ŋu. Míete Biblia sɔsrɔ̃ kpli wo le ƒe 1950 me. Atsu kple asi sia wɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi kabakaba, eye woxɔ nyɔnyrɔ esi wotrɔ yi United States. Emegbe la, Lester kple Joanie kpɔ dzidzedze le woƒe subɔsubɔdɔa me. Wokpe ɖe ame geɖe ŋu wova zu Ðasefowo hekpe ɖe wo vi etɔ̃ ŋu.

Joanie ŋlɔ bena: “Ne meɖo ŋku ƒe ma si míetsɔ nɔ Singapore dzi la, míaƒe agbenɔnɔ trɔ tso ekema dzi vavã. Ne ɖe ‘mèxɔ mí abe viwo ene’ o la, anye ne míaganɔ tsatsam le xexea me fifia. Edzɔ dzi nam be wòe nye ame si fia nyateƒea Les, elabena tso gɔmedzedzea me ke la, èƒã lɔlɔ̃ na Yehowa kple lɔlɔ̃ na mía nɔvi Kristotɔwo ɖe eƒe dzi me. Eƒe lɔlɔ̃ ma nu metsi gbeɖe o.”

Subɔsubɔ Le Singapore

Le ƒe 1962 me la, nane dzɔ si wɔe be míeva nɔ mɔ kpɔm na ame bubu aɖe le míaƒe ƒomea me. Míaƒe ɖɔkta na Aileen nya be fu nɔ eƒo. Míedi be míayi dutanyanyuigbɔgblɔdɔa dzi, gake aleke míate ŋu anɔ dɔ sia wɔm aganɔ hehe nam mía via? Nathan H. Knorr si kpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le xexea me godoo ɣemaɣi la, ŋlɔ agbalẽ na mí tsɔ de dzi ƒo nam be, madi dɔwɔɖui aɖe ale be míakpɔtɔ anɔ Singapore. Esia he kuxi sesẽ aɖe vae.

Woxɔ amedzro akpa gãtɔ wonye dɔdzikpɔlawo le dutadɔwɔƒe siwo le du sia me. Dɔwɔwɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ aɖeke mesu asinye o, elabena mege ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me esime medo le suku teti ko ƒe 23 aɖewoe nye ema va yi. Eya ta mexe fe na dɔwɔƒe aɖe si le London si dia dɔ na amewo be wòanɔ te ɖe dɔ si mewɔ abe subɔsubɔha aɖe ƒe subɔla le duta ene la dzi awɔ dɔbiagbalẽ nam. Woɖo nye dɔbiagbalẽa ɖe dukɔwo dome dɔwɔƒe gã siwo le Singapore dometɔ geɖe.

Meyi edzi nɔ ŋuɖoɖowo xɔm be, “Eve mí ŋutɔ be míate ŋu akpɔ ɖoƒe aɖeke si sɔ kple nudidi siwo gbɔ nèɖo la o.” Wosusui be nudidi siwo gbɔ meɖo la kɔkɔ akpa! Ɣletiwo va yi, eye wova dzi mía vinyɔnu Judy. Ɣemaɣi la, Nɔviŋutsu Knorr ɖi tsa va Singapore eye wòyi ɖasrã mía vi Judy kple dadaa kpɔ le kɔdzi. Egblɔ na mí be, “Miate ŋu anɔ dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea me va se ɖe esime Bill kpɔ dɔ.”

Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, woxɔm mezu dukɔwo dome yameʋudɔwɔƒe aɖe ƒe nudzraƒe ƒe teƒenɔla. Míaƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo gbɔ koe fetua tea ŋu kpɔna. Ƒe eve megbe la, Amerikatɔwo ƒe yameʋudɔwɔƒe aɖe de dɔ aɖe asi nam, eye nye fetu dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve. Mlɔeba la, meva bi ɖe dɔwɔwɔ le dɔwɔƒe siwo kpɔa mɔzɔnyawo gbɔ la me, eye mete ŋu kpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe nye ƒomea kple Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu.

Míena Yehowa subɔsubɔ nye nu vevitɔ na mí le míaƒe agbe me, eye míetsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ. Esia wɔe be mɔnukpɔkpɔ geɖe te ŋu su asinye le habɔbɔa me. Aileen gadze ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔme ake. Le ɣeyiɣi ma me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa kpɔ dzidzedze le Singapore. Le ƒe 1960 ƒe domedome la, míeƒle dziƒoxɔ tuɖedzi eve nyui aɖe le asitsadua me, eye míezãnɛ abe Fiaɖuƒe Akpata ene. Hame enee kpena le afi ma.

Woɖo Asi Míaƒe Dɔa Dzi!

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, tsitretsiɖeŋu ƒe alilikpo gã aɖe nɔ ta dom ɖa. Le January 14, 1972, dzi la, míeva be míawɔ kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata me abe ale si míewɔnɛ ɖaa ene. Gake wode kɔsɔkɔsɔ kple klaɖoba agboa. Woŋlɔ nu ka ɖe afi ma be woɖe Yehowa Ðasefowo Ƒe Hame si le Singapore la ƒe ŋkɔ ɖa le agbalẽ me. Woɖo asi míaƒe dɔa dzi! *

Fiaɖuƒe Akpata la tutu mena be míedzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o, gake nya si menɔ ɖokuinye biamee nye be, ‘Nu kae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mía kple nye ƒomea?’ Nye susu nɔ wɔwɔm nam be, ne wonya mí le du sia me la, míagate ŋu atrɔ ava akpɔ mía xɔlɔ̃ siwo le Singapore la ɖa gbeɖegbeɖe o. Eya ta mebia míaƒe dɔwɔƒea ƒe amegã ne anya wɔ be wòaɖem mayi aɖawɔ dɔ le Kuala Lumpur, Malaysia. Esia awɔe be míaƒe ƒomea ate ŋu aɖi tsa ava afi sia agadzo bɔbɔe. Ewɔ nuku nam be, amegã la na dɔm be mayi aɖanye dɔdzikpɔla le míaƒe dɔwɔƒe si le Kuala Lumpur, esia awɔe be nye fetu adzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve, eye viɖe bubuwo akpe ɖe eŋu.

Emegbe mebia ɖokuinye be, ‘Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be míaʋu adzo le Singapore ahagblẽ mía nɔviwo ɖia?’ Mía kple nye ƒomea míedo gbe ɖa na Yehowa tso nya la ŋu. Míeƒo nya ta be Yehowa ye kplɔ mí va afi sia. Eya ta mewɔ nyametsotso mamlɛtɔ—míaʋu adzo o. Ewɔ mo yaa na nye dɔtɔ be megbe yeƒe dɔ si me makpɔ ga geɖe le la.

Agbenɔnɔ kple dɔwɔwɔ le mɔxeɖenu te na nu tena ɖe mía dzi ale gbegbe, elabena wodoa ŋɔdzi na mí ɣesiaɣi be woalé mí atu. Nudzɔdzɔ aɖewo koŋ na míekpɔ nya siwo le Psalmo 34:8 la ƒe nyateƒenyenye dze sii. Afi ma gblɔ be: ‘Yehowa ƒe dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe.’

Dɔdeasi Yeye Aɖe

Mlɔeba la, le ƒe 1993 me, esime míesubɔ le Singapore hena ƒe 46 kple edzivɔwo megbe la, wobia tso mía si be míayi New Zealand, afi si míate ŋu asubɔ le nuteɖeamedzi kple dzimaɖitsitsi fũu manɔmee. Dzodzo le mía xɔlɔ̃ vevi siwo le Singapore, siwo míeva lɔ̃ vevie la, gbɔ na míelé blanui. Ke hã, ede dzi ƒo na mí be míanyae be wotu woƒe xɔse ɖe gɔmeɖoanyi sesẽ si wotsɔ nu siwo dzo mate ŋu afia o tu la dzi. Esia kpe ɖe wo ŋu be wote ŋu nɔ te sesĩe le dodokpɔ, siwo me woyi edzi le dzi dom le, la me.—1 Korintotɔwo 3:12-14.

Le New Zealand nɔnɔ ƒe 14 kple edzivɔwo megbe, togbɔ be mía kple Aileen míetsi le ƒe me hã la, míekpɔtɔ le vivi sem le gbeƒãɖeɖedɔa me abe mɔɖela veviwo ene. Fonye eve—Mike, si xɔ ƒe 94, kple Peter, si xɔ ƒe 90, gakpɔtɔ le agbe, eye wole Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe le Canada.

Le ƒe 1998 me la, mía vinyɔnu, Judy, trɔ yi Ɣedzeƒenuto me, eye wòsubɔ le afi ma hena ƒe aɖewo. Eŋlɔ ɖe lɛta siwo wòɖo ɖe mí la dometɔ ɖeka me be: “Aleke gbegbe medaa akpe na Yehowa gbe sia gbe le mɔnukpɔkpɔ wɔnuku si su asinye be mawɔ dɔ le afi sia ta! Akpe na mi ame eveawo hã le ale si míena hehem lɔlɔ̃tɔe kple nu gbogbo siwo mietsɔ sa vɔ ɖe tanye, eye miegakpɔtɔ le edzi, si na be mɔnukpɔkpɔ sia te ŋu su asinye la ta.” Le ƒe 2003 me la, etrɔ gbɔ va New Zealand bene wòana kpekpeɖeŋu si mía kple Aileen míehiã la mí. *

Míedaa akpe na Yehowa ŋutɔ be míaƒe nɔnɔmewo ɖe mɔ na mí míewɔ ɖe Aƒetɔ la ƒe yɔyɔ be dɔwɔla geɖe nava nuŋeŋedɔa me la dzi. Esia wɔwɔ na be míekpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe. Eye ne ‘xexea nu va yi’ abe ale si Biblia gblɔe ene la, ŋugbe si Mawu do be ‘ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la anɔ anyi ayi mavɔmavɔ me’ la ava eme na mí.—1 Yohanes 2:17.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 25 Kpɔ, June 1, 1972, ƒe yevugbe me Gbetakpɔxɔ, axa 341-9.

^ mm. 32 Mía nɔvinyɔnu lɔlɔ̃a Aileen ku le January 24, 2008 dzi esime wonɔ nyati sia me tom zi mamlɛtɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Kimroy Photography

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Joshua ɖeka koe nye Ðasefo le Singapore esime míeva ɖo afi ma le ƒe 1947 me

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Mía kple Dave Farmer le Hong Kong, míele mɔ dzi yina ɖe Singapore le ƒe 1947 me

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Mía kple Aileen le ƒe 1958 me

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Mía kple mía vinyɔnu Judy

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Kimroy Photography

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Kimroy Photography