Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Noa Ƒe Tsiɖɔɖɔa—Nu Ŋutɔŋutɔe, Menye Gli Ye O

Noa Ƒe Tsiɖɔɖɔa—Nu Ŋutɔŋutɔe, Menye Gli Ye O

Noa Ƒe Tsiɖɔɖɔa—Nu Ŋutɔŋutɔe, Menye Gli Ye O

XEXE aɖe si nyo wu, si me amewo anɔ ŋutifafa me kple wo nɔewo, si me aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ, kple ameteteɖeanyi manɔ o, me nɔnɔ dzroa wò veviea? Ne nenemae la, àte ŋu akpɔ dzideƒoname tso Biblia me nuŋlɔɖi aɖe si ɖewohĩ nènya nyuie la me. Eyae nye nuŋlɔɖi si ku ɖe Noa, ame si nye ame nyui aɖe ŋutɔ si kpa aɖakaʋu aɖe si xɔ woa kple eƒe ƒomea ɖe agbe esime tsiɖɔɖɔ aɖe si me wotsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo le la va anyigba katã dzi la, ŋu.

Ŋutinya ʋɛ aɖewo ko ŋue amewo nya nu tsoe le xexea me godoo. Nuŋlɔɖi si ku ɖe nu siwo me Noa to ŋu la dze le Biblia gbalẽ si nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 6 va se ɖe ta 9 lia me, eye wogbugbɔ gblɔe le Koran la kple xotutu geɖe me le anyigba dzi godoo. Nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔe Tsiɖɔɖɔa nyea, alo nufiame ƒe gli aɖe si dea dzi ƒo na amewo be woawɔ nu dzɔdzɔe dzro aɖe koea? Mawunyaŋutinunyalawo kple dzɔdzɔmeŋutinunyalawo he glãka le nya sia ŋu ƒe alafa geɖe. Ke hã, Mawu ƒe Nya, Biblia, ya gblɔe eme kɔ ƒãa be, enye nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ, ke menye nyakpakpae o. Bu nya siawo ŋu kpɔ:

Nuŋlɔɖi si le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me la yɔ ƒe, ɣleti, kple ŋkeke si tututu dzi Tɔɖɔɖɔa dze egɔme, afi si tɔdziʋua va tɔ ɖo, kple teƒe si wòtɔ ɖo, kpakple ɣeyiɣi si me tsia mie vɔ le anyigbaa dzi. Woƒo nu tsitotsito tso ale si aɖakaʋua nɔ ŋu—eƒe tutume, kekeme, kɔkɔme, kple didime, kpakple nu siwo wozã tsɔ tui. To vovo na esia la, nyakpakpawo ya menaa numeɖeɖe gobi aɖeke o.

Biblia me dzidzime ŋuti nuŋlɔɖi eve ɖo kpe edzi be ame ŋutɔŋutɔ si nɔ anyi kpɔ ye Noa nye. (1 Kronika 1:4; Luka 3:36) Ezra kple Luka, ame eve siwo ŋlɔ dzidzimegbalẽ siawo, nye ame siwo kua nuwo katã me tsitotsito. Luka yɔ dzidzime si me Yesu Kristo dzɔ tso ʋuu va ɖo Noa dzi.

Nyagblɔɖila siwo nye Yesaya kple Xezekiel, kpakple apostolo siwo nye Paulo kple Petro he susu yi Noa alo Tɔɖɔɖɔa dzi.—Yesaya 54:9; Xezekiel 14:14, 20; Hebritɔwo 11:7; 1 Petro 3:19, 20; 2 Petro 2:5.

Yesu Kristo he susu yi Tsiɖɔɖɔa dzi hegblɔ be: “Abe ale si wòdzɔ le Noa ƒe ŋkekeawo me ene la, nenema kee wòanɔ le Amegbetɔvi la ƒe ŋkekeawo hã me: wonɔ nu ɖum, wonɔ nu nom, ŋutsuwo nɔ srɔ̃ ɖem, wonɔ nyɔnuwo tsɔm na be woaɖe, va se ɖe ŋkeke ma si dzi Noa ge ɖe aɖakaʋu la me, eye tsiɖɔɖɔa va, eye wòtsrɔ̃ wo katã.” (Luka 17:26, 27) Nenye be Tɔɖɔɖɔa meva o la, ke gɔmesese aɖeke manɔ Yesu ƒe nya si wògblɔ ku ɖe “Amegbetɔvi la ƒe ŋkekeawo” ŋu la ŋu o.

Apostolo Petro gblɔe ɖi be “fewuɖulawo” ava, ame siwo aɖe ɖeklemi Biblia me nyawo. Petro ŋlɔ bena, “le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu” la, “womete ŋu de dzesi nyateƒenya sia” si nye be, wotsrɔ̃ ‘xexe si nɔ anyi ɣemaɣi le Noa ŋɔli esime tsi ɖee’ la o. Ðe wòle be míagbe dzesidede “nyateƒenya” sia? Kura o! Petro yi edzi be: “Wodzra fifi dziƒo kple anyigba ɖo ɖi na dzo, eye wole wo ɖom ɖi na ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ƒe ŋkeke la.”—2 Petro 3:3-7.

Mawu agatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ake, gake ame aɖewo agatsi agbe ake. Ne míedze Noa ƒe kpɔɖeŋua yome la, míanɔ ame dzɔdzɔe siwo woaɖe ayi xexe aɖe si nyo wu me la dome.