Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Tae Mawu Ve Noa Nu—Nu Si Tae Míatsɔ Ðe Le Eme

Nu Si Tae Mawu Ve Noa Nu—Nu Si Tae Míatsɔ Ðe Le Eme

Nu Si Tae Mawu Ve Noa Nu—Nu Si Tae Míatsɔ Ðe Le Eme

MÍA dometɔ akpa gãtɔ míeɖoa ŋku ɣeyiɣi aɖe si me míese nya nyui aɖe le la dzi. Míeɖoa ŋku nya sia nya dzi—afi si míenɔ, nu si wɔm míenɔ, kple ale si míewɔ nui ɣemaɣi la hã dzi. Ðikekemanɔmee la, Noa meŋlɔ ŋkeke si wòxɔ nyatakaka tso xexea katã ƒe Dziɖulagã, Yehowa Mawu, gbɔ la be o. Eye nyatakaka kae agate ŋu anɔ vevie wu ema? Yehowa gblɔ be yeɖoe be yeatsrɔ̃ “amegbetɔwo katã.” Enɔ na Noa be wòakpa aɖakaʋu gã nyadri aɖe hena eya ŋutɔ, eƒe ƒomea, kple lã ƒomevi vovovowo ƒe agbe ɖeɖe.—1 Mose 6:9-21.

Aleke Noa wɔ nui? Ðe wòkpɔ dzidzɔ esime wòse nya sia, alo ɖe wòto nyatoƒoe? Aleke wògblɔ nya ma na srɔ̃a kple viawoe? Biblia megblɔe na mí o. Nya si wògblɔ na mí ye nye esi: “Eye Noa wɔe; ale si Mawu de se nɛ la, nenema pɛ wòwɔ.”—1 Mose 6:22.

Nya la ƒe akpa mae nye vevitɔ, elabena egblɔ susu aɖe si ta Mawu ve Noa nu la na mí; Noa lɔ̃ faa be yeawɔ nu si Mawu bia tso ye si. (1 Mose 6:8) Nu bubu ka hãe na Mawu ve Noa nu? Ŋuɖoɖoa le vevie, elabena ele be míanɔ abe Noa ene, hafi míate ŋu atsi agbe ne Mawu gatso be yeaɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa le anyigba la dzi ake. Gake gbã la, mina míakpɔ ale si agbea nɔ na Noa le ŋkeke siwo do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa me ɖa.

Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Va Anyigba Dzi

Noa nɔ agbe le amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze lɔƒo. Wodzii anɔ abe ƒe akpe ɖeka ene le ame gbãtɔ wɔwɔ vɔ megbe. Menye agadomenɔlawoe amewo nye ɣemaɣi abe ale si ame geɖe bunɛ ene o—womenye ame siwo ŋu fu nɔ kedzekedze, siwo ƒe nunya mede ŋgɔ o, siwo bina ɖe ŋgɔgbe nɔa zɔzɔm heléa kpowo ɖe asi o. Dɔwɔnu siwo wotsɔ gayibɔ kple akɔbli wɔ la nɔ anyi ɣemaɣi, eye Noa anya wɔ nu siawo ŋu dɔ le aɖakaʋua kpakpa me. Haƒonuwo hã nɔ anyi. Amewo nɔ srɔ̃ ɖem, wonɔ viwo dzim, wonɔ agble dem, eye wonɔ lã nyim hã. Amewo nɔ nu ƒlem eye wonɔ nu dzram. Le mɔ siawo nu la, ɖeko agbea nɔ ɣemaɣi abe ale si wòle egbea ene.—1 Mose 4:20-22; Luka 17:26-28.

Le go bubuwo me la, nuwo to vovo kura. Vovototo ɖekae nye be ɣemaɣi la, amewo nɔa agbe wòdidina wu fifia. Amewo tea ŋu nɔa agbe wòwua ƒe 800. Noa nɔ agbe ƒe 950; Adam nɔ agbe ƒe 930; eye Noa tɔgbui Metusala nɔ agbe ƒe 969. *1 Mose 5:5, 27; 9:29.

Vovototo bubu aɖe dze le 1 Mose 6:1, 2, si gblɔ be: “Ke esi amewo de asi agbɔsɔsɔ me le anyigba dzi, eye wodzi nyɔnuwo la, mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu.” ‘Mawu vi’ siawo nye mawudɔla siwo tso dziƒo va do amegbetɔwo ƒe ŋutilã, eye wova nɔ anyigba dzi abe amegbetɔwo ene. Menye Mawu ƒe mɔfiafia tee wova ɖo o; eye menye amegbetɔwo ƒe viɖewo ta hãe wova ɖo o. Ke boŋ “wogblẽ woawo ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi” le dziƒo heva anyigba dzi bene woanɔ agbe gbegblẽ kple anyigba dzi nyɔnu dzetugbewo. Wova trɔ zu gbɔgbɔ vɔ̃wo.—Yuda 6.

Gbɔgbɔ vɔ̃ dzeaglã gblẽku, siwo ƒe ŋusẽ kple susuŋutete kɔ boo wu amegbetɔwo tɔ la, kpɔ ŋusẽ gbegblẽ gã aɖe ɖe amegbetɔwo dzi. Anɔ eme be esiae na be wote ŋu ɖu ameƒomea dzi hekpɔ ŋusẽ ɖe edzi ɖo. Womewɔa nu le adza me abe ale si nu vlo wɔlawo ƒe amegãwo wɔa nu le bebeme la ene o. Ke boŋ wodze aglã ɖe Mawu ƒe ɖoɖowo ŋu gaglã ŋumakpemakpetɔe.

Mawudɔla siawo dɔ nyɔnuwo gbɔ, eye nyɔnuawo dzi vi siwo tsi va zu ame siwo si ŋusẽ manyagblɔ aɖe nɔ. Wova yɔ wo le Hebrigbe me be “Nefilimwo.” Míexlẽ be: “Le ŋkeke mawo me la ame dzɔtsuwo [Nefilimwo] le anyigba dzi; eye esi Mawu viŋutsuwo ɖe amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo, eye wodzi vi na wo megbe la hã wogale; woawo nye ame kako ŋkɔxɔla, siwo nɔ agbe le blema.” (1 Mose 6:4) Ŋɔdzi nɔ Nefilimwo ŋu ale gbegbe. Nya “Nefilimwo” gɔmee nye “Ameƒuanyilawo,” ame siwo ƒua ame bubuwo anyi. Wonye amewula siwo ƒe anyrawɔwɔ anya dze le blema nyakpakpawo kple xotutuwo me.

Ame Dzɔdzɔe La Ƒe Nuxaxa

Biblia gblɔ be nu fitifiti wɔwɔ bɔ heƒo ke ɖe dzidzime ma me ale gbegbe. Egblɔ be: “Amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa. . . . Nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi. . . . Amegbetɔwo katã ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi.”—1 Mose 6:5, 11, 12.

Xexe ma mee Noa nɔ agbe le. To vovo na ame siwo dome Noa nɔ la, ‘Noa nye ame dzɔdzɔe’ si “zɔ kple Mawu.” (1 Mose 6:9) Menɔ bɔbɔe na ame dzɔdzɔe ma be wòanɔ agbe le ameƒome madzɔmadzɔ ma dome o. Aleke amewo ƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo anya do nuxaxa na Noa ye nye esi! Anɔ eme godoo be ese le eɖokui me abe ale si Lot, ame dzɔdzɔe bubu aɖe si nɔ agbe le Tsiɖɔɖɔa megbe la, se le eɖokui me ene. “Sedzidalawo ƒe ŋukpenanuwɔwɔ atraɖii ɖe fu na” Lot ame si nɔ agbe le Sodomtɔ agbe ƒaƒã nɔlawo dome la vevie, “elabena nu si ame dzɔdzɔe ma kpɔna hesena gbe sia gbe esi wònɔ wo dome la nɔa fu wɔm eƒe luʋɔ dzɔdzɔe la le woƒe sedzimawɔmawɔ nuwɔnawo ta.” (2 Petro 2:7, 8) Eya ta nenema kee wòanya nɔ le Noa hã gome.

Ðe nu dovoɖiname siwo ŋu nya nèsena le nyadzɔdzɔwo me alo esiwo ame mavɔ̃mawu siwo dome nèle wɔna la doa nuxaxa na wòa? Ne nenemae la, ke àte ŋu ase ale si Noa se le eɖokui me la gɔme nyuie. Wò ya bu ale si gbegbe wòasesẽ na Noa be wòado dzi le xexe madzɔmadzɔ ma me hena ƒe 600 sɔŋ ŋu kpɔ, elabena ƒe mae wòxɔ esime Tsiɖɔɖɔa va. Aleke gbegbe wòadi vevie be yeakpɔ gbɔdzɔe nye esi!—1 Mose 7:6.

Dzi Nɔ Noa Ƒo Wòwɔ Nu Si To Vovo

Noa nye “ame maɖifɔ le eŋɔlimetɔwo dome.” (1 Mose 6:9) De dzesii be Biblia gblɔ be Noa nye ame maɖifɔ le eŋɔlimetɔwo dome, ke menye le eŋɔlimetɔwo ƒe nukpɔsusu nu o. Ne míagblɔe bubui la, enye ame maɖifɔ le Mawu ŋkume, gake le ame siwo nɔ agbe do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa ya ŋkume la, Noa nye ame tsibome. Míate ŋu aka ɖe edzi be melɔ̃ ɖe nukpɔsusu siwo nɔ anyi ɣemaɣi la dzi o, alo kpɔ gome le mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe nuwɔna kple hadomenuwɔna siwo yia edzi ɣemaɣi la me o. Kpɔ ale si amewo abui esime wòte aɖakaʋua kpakpa ɖa! Ðikeke mele eme o be wokoe heɖu fewu le eŋu. Womebu nya si gblɔm wònɔ la nya vevii o.

Gakpe ɖe eŋu la, Noa nye ŋutsu si si dzixɔse sẽŋu aɖe nɔ, eye megbe nuƒoƒo tso eŋu na amewo o. Biblia gblɔ be: ‘Noa, nye dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela.’ (2 Petro 2:5) Ðikeke mele eme o be, Noa nyae be woatsi tsitre ɖe ye ŋu. Tɔgbuia Henox, si nye ame dzɔdzɔe la, gblɔe ɖi be, Mawu ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava ame vɔ̃ɖiwo dzi. Edze ƒãa be esia na woti Henox yome, gake Mawu meɖe mɔ eƒe tsitretsiɖeŋulawo wui o. (1 Mose 5:18, 21-24; Hebritɔwo 11:5; 12:1; Yuda 14, 15) Ehiã be dzi nanɔ Noa ƒo eye wòaxɔ edzi ase be Yehowa ate ŋu akpɔ ye ta hafi wòate ŋu anɔ te ɖe Satana, eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo, Nefilimwo, kple ame akpa gãtɔ siwo metsɔ ɖeke le eƒe gbedeasia me o alo tsi tsitre ɖe eŋu la nu.

Ame siwo mesubɔa Mawu o la tia Mawu subɔlawo yome ɣesiaɣi. Wolé fu Yesu Kristo kura gɔ̃ hã, eye nenema kee wolé fu eyomedzelawo hãe. (Mateo 10:22; Yohanes 15:18) Dzi nɔ Noa ƒo wòsubɔ Mawu togbɔ be ame akpa gãtɔ mekpɔ ŋudzedze ɖe esia wɔwɔ ŋu o hã. Ekpɔe dze sii be Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu le vevie wu Mawu ƒe tsitretsiɖeŋulawo ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu. Eye Mawu ve Noa nu.

Noa Tsɔ Ðe Le Eme

Abe ale si míekpɔe ene la, Noa ɖe gbeƒã na amewo dzinɔameƒotɔe. Aleke wowɔ nu ɖe eƒe gbedeasia ŋui? Biblia gblɔ be, do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, amewo nɔ “nu ɖum, nɔ nu nom, ŋutsuwo nɔ srɔ̃ ɖem, eye wonɔ nyɔnuwo tsɔm na be woaɖe, va se ɖe ŋkeke si dzi Noa ge ɖe aɖakaʋu la me, eye wometsɔ ɖeke le eme o, va se ɖe esime tsiɖɔɖɔa va, eye wòkplɔ wo katã yii.” Womewɔ ɖe nuxlɔ̃amea dzi o.—Mateo 24:38, 39.

Yesu gblɔ be nenema pɛpɛpɛ wòanɔ le míaƒe ŋkekea hã me. Ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwoe nye esia si Yehowa Ðasefowo le nu xlɔ̃m amewo be Yehowa le afɔ vevi aɖewo ɖe ge kpata atsɔ ana ŋugbe si wòdo be yeahe xexe si me dzɔdzɔenyenye anɔ avae la nava eme. Togbɔ be anyigba dzi nɔla miliɔn geɖe wɔ ɖe nuxlɔ̃amea dzi hã la, ame miliɔn akpe geɖewo metsɔ ɖeke kura le eme o. “Le esi wodii nenema ta” la, wodo toku Tsiɖɔɖɔa ƒe nu ŋutɔŋutɔ nyenye kple nu si ate ŋu ado tso eme na wo la.—2 Petro 3:5, 13.

Ke hã, Noa tsɔ ɖe le eme. Eka ɖe nya si Yehowa Mawu gblɔ nɛ la dzi. Eƒe toɖoɖo ma na wòtsi agbe. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Le xɔse me Noa, esime Mawu na toklãe tso nu siwo womekpɔ kpɔ haɖe o ŋu la, eɖe mawuvɔvɔ̃ fia, eye wòkpa aɖakaʋu aɖe hena eƒemetɔwo xɔxɔ ɖe agbe.”—Hebritɔwo 11:7.

Kpɔɖeŋu Aɖe Si Wòle Be Míasrɔ̃

Aɖakaʋu si Noa kpa la lolo ŋutɔ—edidi wu bɔlƒoƒe, eye wòkɔkɔ abe dziƒoxɔ tuɖedzi etɔ̃ ene. Edidi wu tɔdziʋu si woyɔna be Wyoming, si wogblɔ be eyae nye atitɔdziʋu gãtɔ si wokpa kpɔ la meta 30 sɔŋ. Enye nyateƒe be menye tɔdziʋue aɖakaʋua nye o; ɖeko wowɔe be wòate ŋu anɔ tsi dzi. Ke hã, esia wɔwɔ bia tɔdziʋukpakpa ƒe aɖaŋu deŋgɔ. Eye ele be woatsɔ aŋɔ yibɔ atre eme kple ekɔgo. Ðewohĩ exɔ ƒe 50 kple edzivɔ hafi wowu ekpakpa nu.—1 Mose 6:14-16.

Nu bubuwo hã gahiã. Enɔ na Noa be woaƒo ƒe ɖeka ƒe nuɖuɖu nu ƒu na woa kple eƒe ƒomea kpakple lãwo siaa. Enɔ na wo be woaƒo lãwo nu ƒu ahakplɔ wo ayi ɖe aɖakaʋua me hafi Tsiɖɔɖɔa nadze egɔme. ‘Noa wɔe, abe ale si Yehowa de se nɛ ene.’ Gbɔdzɔe ka gbegbee nye esi wòanya nye na wo esi nu sia nu sɔ gbe, eye Yehowa do aɖakaʋua ƒe ʋɔtru la!—1 Mose 6:19-21; 7:5, 16.

Azɔ Tɔɖɔɖɔa va. Tsi dza ŋkeke 40 kple zã 40. Enɔ na wo katã be woanɔ aɖakaʋua me hena ƒe ɖeka blibo va se ɖe esime tsia mie. (1 Mose 7:11, 12; 8:13-16) Ame vɔ̃ɖiwo katã tsrɔ̃. Noa kple eƒe ƒomea koe tsi agbe ɖe anyigba si ŋu wokɔ la dzi.

Biblia gblɔ be xexea me katã ƒe Tsiɖɔɖɔ si va le Noa ƒe ŋkekea me la nye “nu siwo ava va la ƒe kpɔɖeŋu.” Le mɔ ka nu? Míexlẽ be: “Wodzra fifi dziƒo kple anyigba ɖo ɖi na dzo, eye wole wo ɖom ɖi na ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ƒe ŋkeke la.” Ke hã, abe ale si wònɔ le Noa ƒe ŋkekea me ene la, ame aɖewo atsi agbe. Kakaɖedzi nenɔ asiwò be “Yehowa nya ale si wòaɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na Mawu la tso tetekpɔ me.”—2 Petro 2:5, 6, 9; 3:7.

Noa nye ŋutsu si tsɔ eɖokui na Mawu bliboe, enye ame dzɔdzɔe le eŋɔlimetɔ vɔ̃ɖiwo dome. Eɖo to Mawu bliboe. Dzi nɔ eƒo wòwɔ nu si le eteƒe, togbɔ be enya be esia ana be ame siwo medi be yewoasubɔ Mawu o la nado vlo ye ahalé fu ye hã. Ne míesrɔ̃ Noa le mɔ siawo nu la, Mawu ave míawo hã mía nu, eye míanɔ mɔ kpɔm na ɖeɖekpɔkpɔ ayi ɖe xexe yeye si ava kpuie la me.—Psalmo 37:9, 10.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Kpɔ nyati si nye “Ðe Wonɔ Agbe Didi Nenema Ŋutɔŋutɔa?” si dze le Nyɔ!, July-September 2007, axa 30.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nefilimwo ƒe anyrawɔwɔ anya dze le blema xotutuwo me

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Alinari/Art Resource, NY

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ne míesrɔ̃ Noa ƒe xɔse la, míaƒe nu adze Mawu ŋu