Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ve Nunye Ŋutɔ

Mawu Ve Nunye Ŋutɔ

Mawu Ve Nunye Ŋutɔ

Abe Ale Si Bolfenk Moc̆nik Gblɔe Ene

“Fifia lé dzi ɖe ƒo.” Nya mawoe Dada gblɔ esime wòkpla asi kɔ nam. Asrafowo ma mía dome, eye ʋɔnudɔdrɔ̃a dze egɔme. Mlɔeba la, ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me: manɔ gaxɔ me ƒe atɔ̃. Ðewohĩ dzi anya ɖe le ame akpa gãtɔ ƒo vevie. Gake le nyateƒe me la, nye dzi dze eme le ememe mlɔeba. Mina magblɔ nu si dzɔ la na mi.

ƑE 1952 mee nya siwo dze le etame la dzɔ le Slovenia. * Gake le nyateƒe me la, nye ŋutinya ŋutɔ dze egɔme ƒe 20 kple edzivɔ do ŋgɔ le ƒe 1930 me. Ƒe ma mee Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi la, wɔ ɖoɖo ɖe ame gbogbo aɖewo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu zi gbãtɔ le mía de. Dzinyela siwo nye Berta kple Franz Moc̆nik hã nɔ ame siwo xɔ nyɔnyrɔ la dome. Mexɔ ƒe ade ɣemaɣi, eye nɔvinyenyɔnu Majda xɔ ƒe ene. Míaƒe aƒe le Maribor dua me, eye wònye teƒe vevi aɖe si Kristotɔwo wɔa woƒe dɔwo le ɣemaɣi.

Adolf Hitler xɔ ŋusẽ le Germany le ƒe 1933 me, eye wòte Ðasefowo yome titi. Germany Ðasefo geɖe ʋu va Yugoslavia bene yewoakpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Edoa dzidzɔ na dzinyelawo be yewoaxɔ nuteƒewɔla siawo amedzrowoe. Amedzroawo dometɔ ɖeka si dzi meɖoa ŋkui wue nye Martin Poetzinger, si va nɔ Nazitɔwo ƒe fuwɔamegaxɔwo me hena ƒe asieke sɔŋ emegbe. Le ɣeyiɣi didi aɖe megbe tso ƒe 1977 va se ɖe esime wòku le ƒe 1988 me la, esubɔ abe Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ ene.

Ne Martin va srã mí kpɔ la, emlɔa nye aba dzi, eye mía kple nɔvinyenyɔnu suea míemlɔa mía dzilawo gbɔ. Kotoku me numekugbalẽ sue dzeani aɖe nɔ Martin si si doa dzidzɔ nam ŋutɔ esime menye ɖevi. Agbalẽa me kpɔkpɔ dzɔa dzi nam ale gbegbe.

Yometiti Ƒe Ɣeyiɣi Aɖe

Le ƒe 1936 me, esime Hitler nɔ ŋusẽ geɖe xɔm la, dzinyelawo de dukɔwo dome takpekpe ɖedzesi aɖe si wowɔ le Lucerne, le Switzerland. Esi gbe nyui aɖe nɔ Papa si ɣemaɣi ta la, wotiae be wòaxlẽ Biblia me nuƒowo woalé ɖe mɔ dzi, eye emegbe la, wova nɔ wo ƒom na aƒemenɔlawo le Slovenia katã. Le takpekpe sia si womaŋlɔ be akpɔ o wɔwɔ vɔ megbe teti ko la, wote Ðasefo siwo nɔ Europa la yome titi vevie. Nɔvi geɖe kpe fu heku le Nazi fuwɔamegaxɔwo me.

Le September ƒe 1939 me la, Xexemeʋa II dze egɔme, eye kaka April ƒe 1941 naɖo la, Germany srafowo va kpɔ ŋusẽ ɖe Yugoslavia ƒe akpa aɖewo dzi. Wotu Sloveniatɔwo ƒe sukuwo. Womeɖe mɔ na mí be míado mía degbea le dutoƒo o. Esi Yehowa Ðasefowo medea akpa aɖeke dzi le dunyahehe ƒe aʋawɔwɔ aɖeke me o ta la, wogbe be yewomakpe asi ɖe aʋaa ŋu o. * Esia wɔe be wolé wo dometɔ geɖe, eye wowu bubuwo—siwo dome ɖekakpui si nye Franc Drozg si menya nyuie la hã nɔ. Nazitɔwo ƒe amewulawo wua amewo le teƒe aɖe si didi tso míaƒe aƒea gbɔ anɔ abe meta 91 ene. Megaɖoa ŋku ale si Dada tsɔa avɔwo nɔa to me xem bene yeagase tuawo ƒe ɖiɖi o la dzi kokoko. Nya mamlɛ siwo Franc gblɔ le kaklãlɛta aɖe si wòŋlɔ na exɔlɔ̃ vevi aɖe me lae nye, “Míado go le Mawu Fiaɖuƒea me.”

Afɔɖeɖe Aɖe Si Va Vem Vevie

Ɣemaɣi la mexɔ ƒe 19. Togbɔ be mekpɔ ŋudzedze ɖe Franc ƒe tenɔnɔ sesĩe la ŋu hã la, vɔvɔ̃ ɖom. Ðe nye hã makua? Nye xɔse mesesẽ o, eye mía kple Yehowa Mawu dome ƒomedodoa hã mede to o. Woyɔm be mava wɔ asrafodɔ. Vɔvɔ̃ si nɔ menye la nu sẽ wu xɔse si nɔ asinye, eya ta meyi.

Wokplɔm yi teƒe si asrafoawo kple Russiatɔwo kpe aʋa le. Eteƒe medidi o, mekpɔ hati srafowo nɔ kukum le ŋunye godoo. Aʋa la ɖi vɔvɔ̃ heyɔ fũu kple ŋutasẽnuwɔnawo. Nye dzitsinya yi edzi nɔ fu ɖem nam. Meɖe kuku na Yehowa be wòatsɔe akem, eye mebia ŋusẽ si akpe ɖe ŋunye be mazɔ mɔ dzɔdzɔea dzi hã. Esi futɔ gbogbo aɖewo va dze mía dzi eye wòna míaƒe asrafoawo tɔtɔ la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mesi dzo.

Menyae be ne asi tum la, woawum godoo. Le ɣleti adre siwo kplɔe ɖo me la, mebe ɖe teƒe vovovowo. Medze agbagba gɔ̃ hã ɖo agbalẽ aɖe ɖe Majda, si dzi meŋlɔ ɖo be: “Medzo le nye dɔtɔ gbɔ eye fifia mele dɔ wɔm na ame bubu.” Nya si gblɔm menɔ ye nye be, fifia meɖoe be mawɔ dɔ na Mawu, gake exɔ ɣeyiɣi aɖe hafi mete ŋu wɔ esia.

Le ƒe 1945 ƒe August me, ɣleti etɔ̃ do ŋgɔ hafi Germanytɔwo nava ɖe to ɖe Dukɔ Wɔɖekawo la, mete ŋu trɔ yi Maribor. Nukutɔe la, mí katã—fofonye, danye, kple nɔvinyenyɔnua—míetsi agbe le aʋa dziŋɔ ma me. Ke hã, ɣemaɣi la, Kɔmunisttɔwoe nɔ dukɔa dzi ɖum, eye wonɔ Yehowa Ðasefowo yome tim. Dziɖuɖua ɖo asi gbeƒãɖeɖedɔa dzi, gake Ðasefoawo nɔ woƒe dɔwo wɔm le adza me, eye woyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi.

Le ƒe 1947 ƒe February me la, wotso kufia na Ðasefo wɔnuteƒe etɔ̃ siwo nye Rudolf Kalle, Dus̆an Mikić, kple Edmund Stropnik. Ke hã, emegbe la, wova trɔ nyametsotsoa be woanɔ gaxɔ me hena ƒe 20. Nyakakamɔnuwo yi edzi nɔ nu ƒom tso nu siawo ŋu atraɖii, eye esia wɔe be ame geɖewo va nya nu tso ale si wonɔ funyafunya wɔm Ðasefowo madzemadzee la ŋu. Esi mexlẽ nu tso nudzɔdzɔ mawo ŋu le nyadzɔdzɔgbalẽwo me la, mese veve le keke dzi me ke. Menya nu si wòle be mawɔ hafi.

Ŋusẽ Ðo Ŋunye Le Mawusubɔsubɔ Me

Ete ɖe dzinye vevie esi mekpɔe be ɖe wòle be malé Biblia me nyateƒea me ɖe asi hafi. Eya ta meku kutri geɖe wu bene woazãm le gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole le adza me la me. Biblia xexlẽ movevieɖoɖotɔe na be ŋusẽ ɖo ŋunye le mawusubɔsubɔ me, eye meƒo asa na numame makɔmakɔ aɖewo abe atamanono ene.

Le ƒe 1951 me la, mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe dzi na Mawu; megadze agbenɔnɔmɔ aɖe si gbɔ megbe nu le ƒe 10 kloe nye ema va yi la zɔzɔ gɔme ake. Mlɔeba la, mete ekpɔkpɔ be Yehowa nye Fofo vavã aɖe, si nye nyateƒetɔ kple nuteƒewɔla, eye eƒe lɔlɔ̃ nu metsina o. Togbɔ be mewɔ nyametsotso si me susu menɔ o esime menye ɖekakpui hã la, kakaɖedzi si Biblia na be Mawu tsɔ kena la wɔ dɔ ɖe dzinye. Abe Fofo lɔ̃ame ene la, Mawu yi edzi tsɔ ‘lɔlɔ̃ka nɔ heyem.’—Hosea 11:4.

Le ɣeyiɣi sesẽ mawo me la, míewɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo le bebeme le Ðasefo vovovowo ƒe aƒewo me, eye míeyi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi to vomeɖaseɖiɖi me. Mede ƒe ɖeka le nye nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe o la, wolém. Hafi ne ʋɔnudɔdrɔ̃a nadze egɔme la, Dada yɔm gblɔ nya ʋɛ aɖewo nam. Abe ale si megblɔe le gɔmedzedzea me ene la, ekpla asi kɔ nam eye wòde dzi ƒo nam be: “Fifia lé dzi ɖe ƒo.” Esi wotso nya me be manɔ gaxɔ me hena ƒe atɔ̃ la, menɔ anyi kpoo heɖo tame kplikpaa.

Wotsɔm de gaxɔ sue aɖe si me ame etɔ̃ nɔ xoxo la me, eya ta metea ŋu gblɔa Biblia me nyateƒea na ame siwo anye ne nyemate ŋu aɖo wo gbɔ hafi o la. Togbɔ be Biblia alo Biblia srɔ̃gbalẽ aɖeke menɔ asinye o hã la, ewɔ nuku nam be metea ŋu ɖoa ŋku mawunyakpukpuiwo kple wo me ɖeɖe dzi le gaƒoƒo gbogbo siwo metsɔ srɔ̃ Biblia le ɖokuinye si va yi la ta. Megblɔna na hatigamenɔlawo be, ne wòanye be manɔ gaxɔa me hena ƒe atɔ̃ la, Yehowa ana ŋusẽm be matsɔ anɔ te ɖe enu. Gake ɖewohĩ aʋu ʋɔtru aɖe nam do ŋgɔ. Mebia ɖokuinye be, ne eʋui la, ke ame kae ate ŋu atui?

Subɔsubɔ Le Ablɔɖe Me

Le ƒe 1953 ƒe November me la, dziɖuɖua ɖe gbeƒãe be wotsɔ agɔdzedze ke ame sia ame; woɖe asi le Yehowa Ðasefo siwo katã nɔ gaxɔ me la ŋu. Meva see be ɣleti eve do ŋgɔ la, dziɖuɖua ɖe mɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ake. Enumake míete ɖoɖowɔwɔ ɖe hamea kple gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ake. Míekpɔ teƒe le xɔ aɖe si le Maribor dua titina ƒe xɔtexɔ me hena kpekpewo wɔwɔ. Míeŋlɔ klã ɖe glia ŋu be: “Yehowa Ðasefowo—Maribor Hame.” Dzidzɔ si míekpɔ le Yehowa subɔsubɔ le ablɔɖe me me la na míaƒe dziwo yɔ fũu kple akpedada.

Le ƒe 1961 ƒe gɔmedzedze la, mete mɔɖeɖedɔ si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ. Le ɣleti ade megbe la, wokpem be mava wɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Yugoslavia. Alɔdzedɔwɔƒea nɔ Zagreb, Croatia. Ɣemaɣi la, xɔ sue ɖeka kple dɔwɔla etɔ̃ koe nɔ alɔdzedɔwɔƒea. Hati Kristotɔ siwo te ɖe afi ma ŋu la vana le ŋkekea me va naa kpekpeɖeŋu mí le Gbetakpɔxɔ magazinewo tata le mía degbewo me me.

Mía nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo te ɖe alɔdzedɔwɔƒea ŋu hã va naa kpekpeɖeŋu. Dɔ siwo nɔvinyɔnuawo wɔna la dometɔ aɖewoe nye magazine gbalẽ ɖeɖewo tɔtɔ akpe ɖekae. Mewɔ dɔ vovovo, siwo dometɔ aɖewoe nye nuŋɔŋlɔwo me toto, gbegɔmeɖeɖe, dɔwɔwɔ le lɛtadɔwɔƒe, kple nyatakakawo nu ƒoƒo ƒu.

Dɔdeasi Bubu Xɔxɔ

Le ƒe 1964 me la, woɖom ɖe dzikpɔla mɔzɔzɔdɔa me, eye esia bia be masrã Ðasefowo ƒe hame geɖewo kpɔ eye mado ŋusẽ wo le mawusɔbɔsubɔ me. Mekpɔ dzidzɔ ɖe dɔ sia wɔwɔ ŋu ŋutɔ. Zi geɖe la, meɖoa bɔs alo keteke tsɔ zɔa mɔ yia hame vovovowo me. Be mate ŋu ayi hame siwo le kɔƒe suesuewo me la, medoa gasɔ, alo toa afɔ, eye metoa ba siwo ɖo afɔkɔe nu ke la me ɣeaɖewoɣi.

Ɣeaɖewoɣi la, nu ɖikokoe aɖewo hã dzɔna. Gbe ɖeka la, nɔvi Kristotɔ aɖe kɔm ɖe tasiaɖam aɖe si sɔ aɖe nɔ hehem la me yina ɖe hame aɖe me. Esime tasiaɖam la nɔ du dzi to mɔ ƒoɖi la dzi yina la, afɔtiawo dometɔ ɖeka me gbɔdzɔ eye wòdo le ete. Mí ame evea siaa míekpɔ mía ɖokuiwo le anyigba. Esi míenɔ anyi ɖe anyigba ƒoɖi la henɔ sɔa kpɔm la, eya hã fɔ ŋku ɖe mía dzi gãa abe ɖe nudzɔdzɔa wɔ nuku nɛ ene. Le ƒe geɖe megbe gɔ̃ hã la, míekoa nu ne míeɖo ŋku nu ma dzi. Nɔvi lɔlɔ̃tɔ mawo ƒe lɔlɔ̃ si me alakpa mele o la nye nu dodzidzɔname si ŋu made asixɔxɔe ɖaa.

Le dugã si woyɔna be Novi Sad me la, meva do go Marika, si nye mɔɖela aɖe. Ale si wòlɔ̃ Biblia me nyateƒea kple ale si wòtsɔa dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la wɔ dɔ ɖe dzinye ale be medi be maɖee. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, míeɖe mía nɔewo, eye míete hameawo subɔsubɔ ɖekae le mɔzɔzɔdɔa me.

Esime woɖo asi dɔa dzi la, nye ƒometɔwo hã to nɔnɔme sesẽwo me. Wotso fofonye nu alakpatɔe be ewɔ ɖeka kple futɔawo le aʋawɔɣi la, eye wonyae le dɔ me. Edze agbagba ɣeyiɣi didi aɖe be woagaxɔ ye ɖe dɔ me ake do kpoe, eye esia na dzi ɖe le eƒo vevie. Eƒe xɔse gbɔdzɔ hena ɣeyiɣi aɖe, gake ŋusẽ gaɖo eƒe xɔse ŋu hafi wòva ku. Enɔ gome kpɔm le hamea me dɔwo me vevie va se ɖe esime wòku le ƒe 1984 me. Danye si nye nyɔnu nuteƒewɔla kple ɖokuibɔbɔla aɖe la ku do ŋgɔ le ƒe 1965 me. Nɔvinyenyɔnu Majda kpɔtɔ le subɔsubɔm le hame si le Maribor la me.

Subɔsubɔ Le Austria

Le ƒe 1972 me la, wokpe mía kple Marika be míayi Austria aɖaɖe gbeƒã na Yugoslaviatɔ siwo ʋu tso wo de va nɔ dɔ wɔm le du ma me la. Esime míeva ɖo woƒe fiadu si nye Vienna me la, meva susu me na mí kura be du siae ava zu teƒe si míawɔ dɔ le ɖaa o. Ʋɛʋɛʋɛ la, wova ɖo hame kple ƒuƒoƒo siwo doa Yugoslaviagbewo la ɖe Austria dukɔ bliboa me.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mete dzikpɔla mɔzɔzɔdɔa wɔwɔ henɔ hame kple ƒuƒoƒo siwo ƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi la srãm kpɔ le dukɔ bliboa me. Emegbe la, wova kpe mí be míakeke míaƒe dɔa ɖe enu aɖanɔ hame siwo doa gbe siawo ke la srãm kpɔ le Germany kple Switzerland. Mete ŋu na kpekpeɖeŋu le ɖoɖowɔwɔ ɖe takpekpe sue kple takpekpe gã geɖewo ŋu le du siawo me me.

Esi míeyi takpekpe gã siawo tɔgbi aɖe wɔƒe la, Dziɖuha la me tɔwo hã va, eye mete ŋu do go Martin Poetzinger ake. Míegaɖo ŋku nu siwo dzɔ ƒe 40 aɖewo do ŋgɔ esime wòva dzea míaƒe aƒe me edziedzi la dometɔ aɖewo dzi. Mebiae be, “Èɖo ŋku ale si wò kotoku me numekugbalẽ sue la me kpɔkpɔ doa dzidzɔ nam la dzia?”

Egblɔ be, “Megbɔna,” eye wòdo go le xɔa me. Egbɔ va helé agbalẽa ɖe asi, eye wòtsɔe de asi nam hegblɔ be, “Xɔe abe xɔlɔ̃ aɖe ƒe nunana ene.” Agbalẽ sia gakpɔtɔ nye agbalẽ vevi aɖe le nye agbalẽdzraɖoƒe.

Dzo Kpɔtɔ Le Menye Togbɔ Be Lãmesẽkuxiwo Le Fu Ðem Nam Hã

Le ƒe 1983 me la, wokpɔ kansadɔ le ŋunye. Eteƒe medidi o, wogblɔ nam be nyemahaya o. Esia nye ɣeyiɣi sesẽ aɖe, vevietɔ na Marika, gake le eƒe beléname lɔlɔ̃tɔe kple nɔvi Kristotɔwo ƒe kpekpeɖeŋu me la, megakpɔtɔ le agbe eye dzo kpɔtɔ le menye.

Mía kple Marika míegakpɔtɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm le Vienna. Zi geɖe la, metsoa aƒe me yia alɔdzedɔwɔƒea le ŋdiwo me ɖawɔa gbegɔmeɖeɖedɔ, eye Marika hã nɔa gbeƒãɖeɖedɔa wɔm ŋkubiãtɔe le dua me. Dzidzɔ yɔa menye fũu ne mekpɔ ale si Yugoslaviatɔ siwo ʋu yi Austria, siwo va zu Ðasefowo la, ƒe ƒuƒoƒo sue la dzi ɖe edzi va wu ame 1,300 sɔŋ. Mɔnukpɔkpɔ su mía kple Marika si míesrɔ̃ Biblia me nyateƒea kple wo dometɔ geɖe.

Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye be mekpɔ gome le alɔdzedɔwɔƒe yeyewo ŋu kɔkɔ ƒe ɖoɖowo me le du si nye Yugoslavia tsã la me—ɖeka le Croatia le ƒe 1999 me, eye bubu le Slovenia le ƒe 2006 me. Menye gbeƒãɖela xoxotɔ siwo wobia gbee be woagblɔ ale si gbeƒãɖeɖedɔa dze egɔme ƒe 70 aɖewoe nye esi va yi la dometɔ ɖeka.

Yehowa nye Fofo lɔ̃ame si lɔ̃na faa tsɔa míaƒe nu vɔ̃ kple vodadawo kena geɖe vavã. Aleke gbegbe medaa akpee nye esi be meléa vodadawo ɖi o! (Psalmo 130:3) Nyateƒee enyo dɔme nam heve nunye. *

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Du nɔɖokuisi ade siwo me Slovenia hã nɔ lae ƒo ƒu wɔ Yugoslavia tsã.

^ mm. 9 Ne èdi Ŋɔŋlɔawo me numeɖeɖe ku ɖe susu siwo tae Yehowa Ðasefowo gbena be yewomayi aʋa o ŋu la, kpɔ nyati si nye “Exlẽlawo Bia Be” si dze le magazine sia ƒe axa 22 lia.

^ mm. 39 Bolfenk Moc̆nik ku le April 11, 2008 dzi esime wonɔ nyati sia me tom zi mamlɛtɔ hena tata.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Tso miame yi ɖusime: Dzinyelawo, Berta kple Franz Moc̆nik, Majda, kple nye ŋutɔ, le Maribor, Slovenia, ƒe 1940-awo me

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Mía kple srɔ̃nye Marika