Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tel Arad Ƒe Ðaseɖiɖi Numaƒomaƒoe

Tel Arad Ƒe Ðaseɖiɖi Numaƒomaƒoe

Tel Arad Ƒe Ðaseɖiɖi Numaƒomaƒoe

Du aɖe si bu. Gbedoxɔ wɔnuku aɖe. Blema nuŋlɔɖiwo ɣlaƒe aɖe. Nya siawo adze abe sinima dzi fefe wɔdɔɖeamedzi aɖe ene. Le nyateƒe me la, nu siawo katã kple bubu geɖewo ɣla ɖe to me le dzogbe aɖe si le Tel Arad, Israel, hena ƒe alafa geɖe, va se ɖe esime tomenukulawo va te tomenukuku le afi ma.

EGBEA la, tsaɖila geɖe bua egbegbe Arad be enye egbegbe Israel du ŋutɔŋutɔ. Ame 27,000 aɖewoe le du sia me, eye wòle Yudea gbedadaƒo le Ƒu Kukua ƒe ɣetoɖoƒe gome. Ke hã, Arad du si nɔ blema Israel ya nɔ teƒe si didi tso afi sia gbɔ kilometa 8 aɖewo le eƒe ɣetoɖoƒe gome. Afi mae tomenukulawo tsɔ ŋuɖɔɖɔɖo lɔ ke gbogbo aɖewo ɖa heke ɖe blema glikpo kple nuŋlɔɖi gbogbo aɖewo ŋu le.

Anyinu kakɛwo dzie woŋlɔ nuŋlɔɖi siwo ŋu woke ɖo la ɖo. Nuŋɔŋlɔ ɖe anyinu kakɛwo dzi nye nuwɔna aɖe si bɔ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Woke ɖe anyinu kakɛ gbogbo aɖewo ŋu le Tel Arad, eye wogblɔ be eyae nye gbogbotɔ si ŋu woke ɖo kpɔ le Israel. Ke asixɔxɔ kae le tomenukuku sia ŋu?

Nu siwo ŋu woke ɖo le Tel Arad la ku ɖe Biblia me ŋutinya si xɔ ɣeyiɣi didi aɖe—tso ɣeyiɣi si me Ʋɔnudrɔ̃lawo ɖu Israel dzi va ɖo ɣeyiɣi si me Babilontɔwo va dze Yuda dzi le ƒe 607 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me—la ŋu. Eya ta nu siawo siwo ŋu woke ɖo la ɖo kpe Biblia me nyawo ƒe nyateƒenyenye dzi. Wona míekpɔ kpɔɖeŋu aɖewo siwo kɔ nu me ku ɖe ale si blema Israel viwo bua Mawu ƒe ŋkɔ lae ŋu.

Arad Si Ŋu Woƒo Nu Tsoe Le Biblia Me

Enye nyateƒe be nya ʋɛ aɖewo koe Biblia gblɔ tso Arad ŋu ya. Gake du vevi sia kpɔ ŋusẽ ɖe asitsamɔ gã aɖe dzi kpɔ. Eya ta mewɔ nuku o be ŋutinya me nuŋlɔɖiwo kple tomenukukuwo ɖee fia be le blema du sia ƒe ŋutinya katã me la, woɖua edzi enuenu, tsrɔ̃nɛ hegbugbɔnɛ tsona. Ale si wogbugbɔ dua tsona enuenu la na be wòva zu togbɛ, alo du si le kpo gã aɖe dzi.

Biblia ƒo nu tso Arad ŋu zi gbãtɔ esime wònɔ nu ƒom tso nu siwo dzɔ le Israel viwo ƒe ƒe 40 ƒe mɔzɔzɔ le gbea dzi ƒe nuwuwu ŋu. Le Mose fo Aron ƒe ku megbe teti la, Mawu ƒe amewo va to teƒe aɖe si te ɖe Ŋugbedodonyigbaa ƒe anyieheliƒo ŋu. Edze ƒãa be Kanaan fia si nɔ Arad dzi ɖum la susui be yeate ŋu aɖu Israel vi siwo nɔ tsa glãla tsam le gbea dzi la dzi bɔbɔe. Eho aʋa ɖe wo ŋu. Le Yehowa Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, Israel viwo hã ho ɖe wo ŋu kalẽtɔe, ɖu wo dzi keŋkeŋ, eye wotsrɔ̃ Arad togbɔ be edze ƒãa be du ma me tɔ aɖewo tsi agbe hã.—4 Mose 21:1-3.

Kanaantɔwo gbugbɔ woƒe du vevi la tso kaba. Esime Yosua va ɖo teƒe ma le ƒe aɖewo megbe eye wòho aʋa tso dziehe henɔ Kanaantɔ “siwo katã le towo dzi” kple Negeb tsrɔ̃m le ɖoɖo nu la, futɔ siwo tsi tsitre ɖe eŋu la dometɔ ɖekae nye ‘Arad fia.’ (Yosua 10:40; 12:14) Le ƒe aɖewo megbe la, Hobab Kenitɔ la ƒe dzidzimevi, siwo kpe asi ɖe Israel viwo ŋu esime wonɔ gbea dzi la, va tso aƒe ɖe Negeb ƒe nuto sia me.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 1:16.

Nu Siwo Ŋu Woke Ðo Le Tomenukukua Me

Nu siwo ŋu woke ɖo le Tel Arad ƒe glikpowo me la na nyatakaka vevi aɖewo mí ku ɖe nane siwo dzɔ emegbe siwo woŋlɔ ɖe Biblia me la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, tomenukulawo ke ɖe mɔ sesẽ aɖewo siwo wotu ɖe wo nɔewo yome la ŋu. Wo dometɔ aɖewo nɔ anyi tso Fia Salomo, ame si xɔ ŋkɔ le eƒe xɔtudɔ gãwo ta la, ƒe dziɖuɣi ke. (1 Fiawo 9:15-19) Tomenukuku siawo dometɔ ɖeka ɖo kpe edzi be dzo fiã nuwo keŋkeŋ, eye wogblɔ be esia dzɔ le ƒe alafa ewolia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli ƒe gɔmedzedze. Nu siwo ŋu woke ɖo anya dzɔ esime Egipte Fia Sisak va dze dua dzi, ƒe atɔ̃ aɖewo le Salomo ƒe ku megbe teti ko. Le Karnak si le Egipte ƒe anyiehe la, woɖo gli aɖe si ŋu wota nu ɖo hena ŋkuɖoɖo amedzidzedzea dzi heŋlɔ du siwo dzi woɖu siwo dome Arad hã nɔ la ƒe ŋkɔwo ɖe eŋu.—2 Kronika 12:1-4.

Eɖe dzesi ŋutɔ be Hebrigbe me ŋkɔ siwo dze le Biblia hã me la dze le anyinu kakɛ siwo anɔ abe 200 ene, siwo ŋu woke ɖo la, dometɔ geɖe dzi. Ŋkɔ siawo dometɔ aɖewoe nye: Pasxur, Meremot, kple Korax viwo. Viɖe gã aɖe ŋutɔ le agbalẽ siawo ŋu togbɔ be menye Biblia gbalẽwoe wonye o hã, elabena Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ dze le wo me. Mawu Ŋusẽkatãtɔ la koe wozãa Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo nye יהוה (YHWH), siwo wolɔ̃a yɔyɔ be Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo, la na. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, aʋatsodzixɔse na be ame geɖewo va xɔe se be Mawu ƒe ŋkɔa yɔyɔ alo eŋɔŋlɔ nye busunuwɔwɔ. Ke hã, nu siwo ŋu woke ɖo le Tel Arad kple bubu geɖewo ɖo kpe edzi be, le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, wozãa Mawu ƒe ŋkɔ la faa le gbe sia gbe gbenɔnɔ, gbedoname, kple yayranyawo me. Le kpɔɖeŋu me, nuŋlɔɖi aɖe xlẽ be: “Na nye aƒetɔ Eliaxib. Yahweh [Yehowa] nena eme nanyo na wò. . . . Ele Yahweh ƒe gbedoxɔ la me.”

Ke gbedoxɔ wɔnuku si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze ya ɖe? Glikpo aɖe si le Tel Arad si ŋu amewo gblɔ nya vovovowo le la nye gbedoxɔ aɖe, si me vɔsamlekpui nɔ, si nu wowu tso keke Yuda fiaɖuƒea ƒe ɣeyiɣia me ke. Togbɔ be ele sue wu gbedoxɔ si Salomo tu le Yerusalem hã la, nu geɖewo ɖi wo nɔewo le wo me. Ekema nu ka tae wotu gbedoxɔ si nɔ Arad la ɖo, eye ɣekaɣie wotui? Aleke wozãe? Ðeko tomenukulawo kple blemaŋutinyaŋlɔlawo ate ŋu asusu nya aɖe agblɔ.

Yehowa de se eme kɔ nyuie be, gbedoxɔ si nɔ Yerusalem la koe nye teƒe si dzi yeda asi ɖo be woaɖu azã siwo woɖuna ƒe sia ƒe la le ahasa vɔwo hã le. (5 Mose 12:5; 2 Kronika 7:12) Eya ta wotu gbedoxɔ si nɔ Arad la hezãnɛ le tsitretsitsi ɖe Mawu ƒe Se la ŋu me, eye ɖewohĩ wowɔ esia le ɣeyiɣi siwo me vɔsamlekpui tutɔwo kple kɔnu manyatalenuwo he amewo ƒe susu ɖa le tadedeagu dzadzɛ la ŋu me. (Xezekiel 6:13) Nenye be ele alea la, anya nye be, wotsrɔ̃ alakpatadeaguƒe sia le Xizkiya alo Yosiya ƒe ɣeyiɣiawo me le ƒe alafa enyilia kple ƒe alafa adrelia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me esime wogbugbɔ nuwo ɖɔ ɖo keŋkeŋ le Israel.—2 Kronika 31:1; 34:3-5, 33.

Edze ƒãa be nufiame vevi aɖewo le nu ʋɛ siwo ŋu woke ɖo le blema Arad siwo kpɔtɔ li la me na mí. Nu siwo nɔ anyi ƒe alafa geɖewoe nye esia siwo ŋu wova ke ɖo la ɖo kpe Biblia me nyawo ƒe nyateƒenyenye dzi, wona kpeɖodzi ku ɖe alakpasubɔsubɔ aɖe si ŋu wotrɔ asi le wòdze abe tadedeagu vavã ene la ƒe dodo kple eƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu, eye wona kpɔɖeŋuwo ku ɖe ale si wozãa Yehowa ƒe ŋkɔ bubutɔe le gbe sia gbe gbenɔnɔ me la ŋu.

[Map/​Picture on page 23]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

YERUSALEM

Ƒu Kukua

Arad

Tel Arad

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Gliŋutinutata aɖe si le Karnak, Egipte

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Nuŋlɔɖi sia ƒe akpa aɖe xlẽ be: “Yahweh [Yehowa] nena eme nanyo na wò”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Photograph © Israel Museum, Jerusalem; courtesy of Israel Antiquities Authority

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Gbedoxɔ si nɔ Tel Arad la ƒe akpa aɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Tel Arad ƒe mɔ sesẽ la ƒe ɣedzeƒekpa dzi

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 25]

Todd Bolen/Bible Places.com