Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu ka tae woɖoe be woana klosalo 30 Yuda be wòade Yesu asi?

Esi Yuda Iskariot yi ɖado go kple nunɔlawo ƒe tatɔwo be yeanya ga home si woana ye ne yede Yesu asi na wo la, woɖoe be yewoana “klosalo blaetɔ̃e.” (Mateo 26:14, 15) Ga home ma ɖe ale si gbegbe wolé fu Yesu, kple ale si womebunɛ ɖe naneke me o la fia.

Anye be gaku si ŋu nya gblɔm wonɔ lae nye klosalo sekel, si nye ga si Yudatɔwo ɖuna ɣemaɣi. Nu kae woate ŋu atsɔ sekel 30 aƒle? Le Mose ƒe Sea nu la, esia nye ga si wotsɔ ƒlea kluvi. Woate ŋu atsɔ sekel 30 aƒle anyigba hã.—2 Mose 21:32; Mateo 27:6, 7.

Esi nyagblɔɖila Zaxariya bia Israel vi mawɔnuteƒeawo be woaxe Mawu ƒe amewo kpɔkplɔdɔ si yewɔ la ƒe fe na ye la, woda “klosalo sekel blaetɔ̃” nɛ. Esia nye nane si woɖo koŋ wɔ be yewoatsɔ aɖi gbɔ Mawu ƒe nyagblɔɖila lae, eye nuwɔna ma ɖee fia be ɖeko wobui abe kluvi ene. Eya ta Yehowa gblɔ na Zaxariya be: “Tsɔ fetu gbogbo ma, si wobe, yewotsɔ de bubu ŋunye la, ƒu gbe ɖe nudzraɖoƒe la me.” (Zaxariya 11:12, 13) Ale si Zaxariya wɔ ɖe sedede sia dzi la ɖo ŋku nu si Yuda tsɔ ga si wòxɔ esi wòde Ame si Yehowa tia be wòanye Israel ƒe kplɔla la asi la dzi na mí.—Mateo 27:5.

Nu kae ‘srɔ̃gbegbalẽ’ si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la nye?

Mose ƒe Sea gblɔ be: ‘Ne ame aɖe ɖe nyɔnu wòzu srɔ̃a, emegbe eƒe nu meganyo eŋu o, le esi wòwɔ ŋukpenanu ta la, ekema ŋutsua naŋlɔ kaklãgbalẽ [srɔ̃gbegbalẽ] nɛ, eye wòatsɔe de esi, eye wòanyae le eƒe aƒe me.’ (5 Mose 24:1) Taɖodzinu kae nɔ agbalẽ sia ŋu? Ŋɔŋlɔawo megblɔ nya siwo nɔa agbalẽ sia me la na mí o, gake ɖikeke mele eme o be ekpɔa nyɔnu si wogbe la ƒe gomenɔamesi kple nunɔamesiwo ta.

Le ƒe 1951-1952 me la, woke ɖe blemanu gbogbo aɖewo ŋu le agadowo me le Wadi Murabbaat, si nye tɔʋu ƒuƒu aɖe le Yudea dzogbe ƒe dziehe. Asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbogbo siwo ŋu woke ɖo le afi ma dometɔ ɖekae nye srɔ̃gbegbalẽ aɖe si le Aramgbe me si woŋlɔ le ƒe 71 alo ƒe 72 Mía Ŋɔli me. Egblɔ nu si dzɔ le ɣleti si nye Marheshvan ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, le Yudatɔwo ƒe aglãdzedze ɖe Roma ŋu ƒe ƒe adelia me. Yosef, Naksan viŋutsu, si le Masada, gbe Miriam, Yonatan vinyɔnu si tso Hanablata. Evo tso ɣemaɣi aɖe Yuda ŋutsu ɖe sia ɖe si wòlɔ̃. Yosef gbugbɔ nu siwo Miriam ƒe ƒometɔwo na ɖe eta la nɛ eye wògbugbɔ ɖo nunɔamesi siwo dome wògblẽ la teƒe nɛ zi gbɔ zi ene. Yosef ŋutɔ kple ɖasefo etɔ̃ siwo nye Eliezer, Malka viŋutsu; Yosef, Malka viŋutsu; kple Eleazar, Hanana viŋutsu ye de asi ete.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Agado Siwo Le Wadi Murabbaat

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Srɔ̃gbegbalẽ Si Woŋlɔ Le Ƒe 71/72 Mía Ŋɔli Me

[Picture Credit Lines on page 25]

Agadowo: Todd Bolen/Bible Places.com; ɖaseɖigbalẽ: Clara Amit, Courtesy of the Israel Antiquities Authority