Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mègaŋlɔ Tso Ʋɔtru Nu Yi Ʋɔtru Nu Dɔa Be Gbeɖe O”

“Mègaŋlɔ Tso Ʋɔtru Nu Yi Ʋɔtru Nu Dɔa Be Gbeɖe O”

“Mègaŋlɔ Tso Ʋɔtru Nu Yi Ʋɔtru Nu Dɔa Be Gbeɖe O”

Abe Ale Si Jacob Neufeld Gblɔe Ene

“Nu ka kee ɖadzɔ o, mègaŋlɔ tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa be gbeɖe o.” Menɔ nya mawo ŋu bum esi mezɔ abe kilometa 5 ene yina kɔƒe si te ɖe mía ŋu la me. Esi meva ɖo afi ma la, dzi menɔ ƒonye be mage ɖe aƒe gbãtɔ me o. Esi medze agbagba do kpoe la, meyi ave aɖe me hedo gbe ɖa na Mawu vevie be wòana dzi nanɔ ƒonye maɖe gbeƒã. Mlɔeba la, mete ŋu trɔ yi aƒe gbãtɔ me heɖi ɖase.

NU KAE kplɔm va kɔƒe ma si le Paraguay ƒe dzogbe aɖe dzi afi si nye ɖeka menɔ agbagba dzem be maɖe gbeƒã le la? Mina magblɔe tso gɔmedzedzea. Wodzim le November 1923 me le Ukraine le Kronstalʹ si nye Mennotɔ siwo tso Germany la ƒe nuto aɖe me. Ƒe 1700 ƒe nuwuwue Mennotɔwo ʋu tso Germany va Ukraine, eye wona mɔnukpɔkpɔ geɖewo wo, siwo dometɔ aɖewoe nye subɔsubɔblɔɖe (gake mele be woatrɔ dzi me na ame bubuwo o), fiawo ɖoɖo na wo ɖokuiwo, kple asrafodɔmawɔmawɔ.

Esi Kɔmiunist Dunyahehabɔbɔ la va zi dzi la, woxɔ mɔnukpɔkpɔ mawo katã le wo si. Le ƒe 1920 ƒe nuwuwu lɔƒo la, dziɖuɖua ɖo asi Mennotɔwo ƒe agble geɖewo dzi hexɔ amewo be woawɔ dɔ le agbleawo me. Wonaa dɔ wua amewo va se ɖe esime wobɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe dziɖuɖua te, eye wowɔa anyra le ame siwo tsi tsitre ɖe ɖoɖoa ŋu la ŋu. Le ƒe 1930-awo me la, KGB (Soviet Dua Ƒe Dedienɔnɔ Gbɔ Kpɔha) va nɔ ŋutsu geɖewo lém dzoe, zi geɖe le zã me, va se ɖe esime ŋutsu ʋɛ aɖewo koe susɔ ɖe kɔƒe geɖewo me. Aleae wòdzɔe be fofonye bu le ƒe 1938 me esime mexɔ ƒe 14, eye nyemegakpɔe alo se eŋkɔ gbeɖe o. Ƒe eve megbe la, wolé fonye hã dzoe.

Kaka ƒe 1941 naɖo la, Hitler ƒe asrafowo xɔ Ukraine. Esia na míekpɔ gbɔdzɔe tso Kɔmiunisttɔwo si me. Ke hã, Yudatɔwo ƒe ƒome enyi aɖewo siwo nɔ míaƒe kɔƒea me la bu le vo me. Nudzɔdzɔ mawo katã na meva nɔ nya geɖewo biam ɖokuinye. Nu ka tae nu siawo dzɔ kura ya?

Anukwareɖiɖi Xɔm Ðe Agbe

Le ƒe 1943 me la, Germany srafowo ʋu dzo hekplɔ ƒome siwo nye Germanytɔwo la ƒe akpa gãtɔ, siwo dome ƒonyemetɔ susɔeawo hã nɔ, ɖe ŋuti be woaɖana kpekpeɖeŋu le aʋaa me. Le ɣeyiɣi ma me la, wolém de Germany SS srafoha (Schutzstaffel, Hitler ƒe dzɔla ŋkutawo) me sesẽe xoxo le Romania. Nu sue aɖe dzɔ ɣemaɣi si kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe nye agbe dzi.

Míaƒe asrafohaa ƒe amegã di be yeado nye anukwareɖiɖi kpɔ. Edɔm be matsɔ yeƒe asrafowu ayi na awunyalawo. Etsɔ ga de kotokuawo dometɔ ɖeka me, eye mekpɔ gaa le kotokua me. Esi metrɔ ga la yi nɛ la, egblɔ be yemegblẽ ga aɖeke ɖe awua me o. Mete tɔ ɖe edzi be eƒe kotoku mee mekpɔe le. Le esia megbe kpuie la, woɖom eƒe kpeɖeŋutɔ, eye wotsɔ agbalẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ, dɔdede asi na dzɔlawo, kple míaƒe asrafohaa ƒe gawo dzi kpɔkpɔ de asi nam.

Le zã aɖe me la, Russia srafowo lé míaƒe asrafoha la me tɔwo katã dzoe, nye ɖeka koe menɔ eme o; wogblẽm ɖe megbe be mawu dɔ aɖe si míaƒe amegã de asi nam la nu. Nu si menyae nye be nye ɖeka koe womelé o, le esi nye anukwareɖiɖi wɔe be mexɔ dɔdeasi tɔxɛ ma ta. Ne menye nenemae o la, anye ne wolé nye hã dzoe.

Aleae wòdzɔe be le ƒe 1944 me la, mexɔ dzudzɔ le dɔ me hena ɣeyiɣi didi aɖe. Metrɔ yi aƒe be maɖakpɔ danye ɖa. Esime menɔ lalam hena dɔdeasi bubu xɔxɔ la, mete dɔsɔsrɔ̃ le gliɖola aɖe gbɔ, eye hehe ma va ɖe vi nam emegbe. Le April 1945 me la, Amerika srafowo va ƒo ɖe míaƒe du si te ɖe Magdeburg ŋu la dzi. Ɣleti ɖeka megbe la, woɖe gbeƒãe be aʋa la wu enu. Míetsi agbe. Edze abe etsɔme nyui aɖe nɔ mía ŋgɔ ene.

Gbe ɖeka le June me la, míese dua ƒe gbeƒãɖela wòɖe gbeƒã be, “Amerika srafowo dzo etsɔ zã me, eye Russia srafowo ava ɖo egbe ŋdi 11:00.” Míelulu esi míekpɔe be míava tsi nuto aɖe si dzi Kɔmiunisttɔwo aɖu me ake. Enumake mía kple tɔɖinye ƒe viŋutsu míete ɖoɖowɔwɔ ɖe ale si míawɔ asi ŋu. Kaka dzomeŋɔli ƒe domedome naɖo la, míetso de ge ɖe nuto si dzi ɖum Amerikatɔwo nɔ me. Emegbe le November me, togbɔ be menɔ bɔbɔe kura o hã la, míede míaƒe agbe afɔku gã aɖe me hetrɔ yi dua ƒe akpa si dzi Russiatɔwo nɔ ɖuɖum la me, eye míekplɔ míaƒe ƒometɔwo tso dea le adzame.

“Ðo To Nyuie, Eye Nàtsɔ Nuwo Asɔ Kple Wo Nɔewo”

Míeva nɔ teƒe si woyɔna ɣemaɣi be Ɣetoɖoƒe Germany. Esime ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, meva lɔ̃ Biblia xexlẽ vevie. Le Kwasiɖagbewo la, meyia avewo me ɖaxlẽa Biblia, gake nu siwo mexlẽna la dzea blemanya bubu sagaa aɖewo nam. Menɔ katekismo hã dem tsɔ nɔ dzadzram ɖo ɖe tsidede ta ava zu Mennotɔ ŋu. Ewɔ mo yaa nam ŋutɔ esi mexlẽ le katekismogbalẽa me be: “Fofo la nye Mawu, Vi la nye Mawu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nye Mawu,” eye wobia yi edzi be: “Mawu etɔ̃e lia?” Ŋuɖoɖo si woŋlɔ ɖe etee nye: “Ao, ame etɔ̃ siawo nye ame ɖeka.” Mebia míaƒe nunɔla la be, ‘aleke esia anya wɔe?’ Eɖo eŋu nam be: “Ðekakpui, mele be ame nabu nya sia ŋu fũu akpa o, ame aɖewo ƒe tagbɔ gblẽ esi wodze agbagba be yewoaku nya sia me ayi ŋgɔe akpa.” Enumake metso nya me be nyemagade tsi ta o.

Le ŋkeke aɖewo megbe la, mese amedzro aɖe nɔ dze ɖom kple tɔɖinye ƒe via. Didi be manya nya si gblɔm wonɔ na mede nu dzeɖoɖoa me, eye mebia nya ʋɛ aɖewo. Nyemenya amedzroa ŋkɔ ɣemaɣi o, gake emegbe hafi meva nya be eŋkɔe nye Erich Nikolaizig, ame aɖe si tsi agbe le Wewelsburg fuwɔamegaxɔa me. Ebiam nenye be madi be mase Biblia gɔme. Esi meɖo eŋu nɛ be ɛ̃ la, eka ɖe edzi nam be yeaɖo kpe nu sia nu si yeafiam la dzi tso nye ŋutɔ nye Biblia la me.

Le sasrãkpɔ ʋɛ aɖewo ko megbe la, Erich kpem na Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe, eye mesusu be ema anya nye esiwo wowɔ le aʋa la megbe ƒe gbãtɔwo dometɔ ɖeka. Takpekpea wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ, eye meŋlɔ mawunyakpukpui siwo katã nuƒolawo xlẽ alo yɔ la ɖi. Eteƒe medidi o, meva de dzesii be nu si Biblia fia la sɔsrɔ̃ daa agba aɖewo ɖe ame dzi, eya ta meɖoe be madzudzɔ nua sɔsrɔ̃. Esesẽ nam hã be maxɔe ase be subɔsubɔha vavã ɖeka koe li. Esi Erich kpɔe be meɖoe kplikpaa be matrɔ ayi sɔlemeha si me menɔ tsã me la, eɖo aɖaŋu sia nam be, “Ðo to nyuie, eye nàtsɔ nuwo asɔ kple wo nɔewo.”

Zi eve koe meyi míaƒe sɔlemeha ƒe nunɔlawo gbɔ, eye mede dzesii be womenya nya si gblɔm wonɔ o, eye wòdze ƒãa be womenya nyateƒea kura o. Meŋlɔ agbalẽ na subɔsubɔhakplɔla vovovowo eye mebia nya wo tso Biblia ŋu. Wo dometɔ ɖeka ɖo eŋu be, “Mèkpɔ mɔ anɔ Biblia me kum o, elabena womegbugbɔ wò dzi o.”

Ðetugbui aɖe si medo ŋugbe na be maɖe la zi dzinye be mawɔ tiatia sesẽ aɖe. Enye Mennotɔwo ƒe gbugbɔgadzi ƒe kɔmama aɖe me tɔ. Esi eƒe ƒometɔ siwo lé fu Yehowa Ðasefowo ƒo nya ɖe enu la, ena menya be ne nyemeɖe asi le subɔsubɔha yeye sia ŋu o la, míatso míaƒe ŋugbedodoa me. Ɣemaɣi la, nyateƒea me kɔ nam ale be mede dzesii be tiatia nyui ɖeka koe mate ŋu awɔ, eya ta mete fli ɖe ŋugbedodoa me.

Eteƒe medidi o, Erich gava srãm kpɔ. Egblɔ nam be wowɔ ɖoɖo be woanyrɔ amewo le kwasiɖa si akplɔe ɖo me, eye wòbiam nenye be madi be maxɔ nyɔnyrɔ. Mede dzesii xoxo be Yehowa Ðasefowoe fiaa nyateƒea, eye medi be masubɔ Yehowa Mawu. Eya ta melɔ̃ ɖe eƒe amekpekpea dzi, eye wona nyɔnyrɔm le tsilezɔ aɖe me le May 1948 me.

Le nye nyɔnyrɔxɔxɔ megbe kpuie la, ƒonyemetɔwo ɖoe be yewoaʋu ayi Paraguay, Anyiehe Amerika, eye Dada ɖe kuku nam be mayi kpli yewo. Menɔ hehem ɖe megbe, elabena megahiã Biblia nusɔsrɔ̃ kple hehexɔxɔ geɖe wu. Esi meɖi tsa yi Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Wiesbaden la, medo go August Peters. Eɖo ŋku agba si le dzinye be makpɔ nye ƒomea dzi la dzi nam. Egana nuxlɔ̃ame siam be: “Nu ka kee ɖadzɔ o, mègaŋlɔ tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa be gbeɖe o. Ne mèwɔe o la, ɖeko nàsɔ kple Kristodukɔa me tɔ bubuawo.” Va se ɖe egbe la, mekpɔa vevienyenye si le aɖaŋuɖoɖo ma kple gbeƒãɖeɖe “tso aƒe me yi aƒe me,” alo tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu ŋu la dzea sii.—Dɔwɔwɔwo 20:20, 21.

“Aʋatsonyagblɔɖila” Aɖe Va Ðo Paraguay

Esi medo go kple August Peters megbe kpuie la, mía kple ƒonyemetɔwo míeɖo tɔdziʋu aɖe ɖo ta Anyiehe Amerika. Mlɔeba la, míegava kpɔ mía ɖokui le Mennotɔwo ƒe nuto aɖe si nye Gran Chaco le Paraguay me. Kwasiɖa eve le míaƒe afi ma ɖoɖo megbee nye ɖeka meyi kɔƒe ma si te ɖe mía ŋu me hedze agbagba vevie be maɖe gbeƒã. Wobewobewo kaka kabakaba be “aʋatsonyagblɔɖila” aɖe le ame yeye siwo va la dome.

Ɣemaɣie gliɖodɔ si mesrɔ̃ la va ɖe vi nam ale gbegbe. Ƒome siwo ʋu va nutoa me dometɔ ɖe sia ɖe hiã aƒe, eye aƒe siawo nye esiwo wotu kple anyikpewo hetsɔ be gba. Le ɣleti ade siwo kplɔe ɖo me la, ame geɖe dea dɔ asi nam be matu xɔ na yewo, eye mɔnukpɔkpɔ geɖe su asinye meɖi vomeɖase na wo. Ameawo bua ame gake kaka mawu dɔa nu na wo ko la, dzi dzɔa wo be mele dzodzom le yewo gbɔ.

Le ɣeyiɣi mawo me la, tɔdziʋuwo gakɔ Mennotɔwo ƒe sitsoƒedila geɖewo tso Germany vae. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Katerina Schellenberg hã nɔ wo dome; ɖetugbui sia de ha kple Ðasefowo ɣeyiɣi kpui aɖe kpɔ, eye wòkpɔe dze sii enumake be ame siawoe fiaa nyateƒea. Togbɔ be mexɔ nyɔnyrɔ ɣemaɣi o hã la, eɖe eɖokui fia le tɔdziʋua me be, Yehowa Ðasefoe yenye. Le esia ta la, womeɖe mɔ nɛ be wòayi mɔzɔzɔa dzi age ɖe Germanytɔwo ƒe nutoa me o. Esi wogblẽ eya ɖeka ɖe Asunción si nye Paraguay ƒe fiadu me la, eva kpɔ dɔ hezu aƒemesubɔvi, srɔ̃ Spaingbe, di Ðasefowo yome mɔ, eye wòxɔ nyɔnyrɔ. Le October 1950 me la, ɖetugbui dzinɔameƒotɔ ma va zu srɔ̃nye. Enye ŋusẽdoame kple kpekpeɖeŋutsoƒe vevi aɖe nam le nɔnɔme siwo katã me míeto le ƒe siwo va yi me la me.

Le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, medzra ga aɖe ɖo tsɔ ƒle agbatsɔkeke kple sɔ eve, mezã esiawo le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye meɖoa ŋku Nɔviŋutsu Peters ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi ɣesiaɣi. Ɣemaɣi la, nɔvinyenyɔnu si hã va zu Ðasefo la ʋu va tsi mía gbɔ. Mí katã míefɔna fɔŋli 4:00, zɔa mɔ gaƒoƒo ene yi ɖaɖea gbeƒã gaƒoƒo eve alo etɔ̃, eye emegbe míetrɔ gbɔna va aƒe me.

Mexlẽ le míaƒe agbalẽwo me be woƒoa dutoƒonuƒowo, eya ta nye hã mewɔ ɖoɖo ɖe ɖeka ŋu. Nyemede hame ƒe kpekpe aɖeke kpɔ esime menɔ Germany o, eya ta mebu ale si ɖewohĩ woƒoa dutoƒonuƒoe ŋu le susu me, eye meƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Ame enyie va kpekpe ma, eye esia ɖeɖe dzaa na dzi ku Mennotɔwo ƒe Sɔlemeha la ƒe kplɔlawo. Wowɔ ɖoɖo yi amewo gbɔ ɖaxɔ Biblia srɔ̃gbalẽ ɖe sia ɖe si míena wo la le wo si, eye wode se na wo be woagado gbe na mí gbeɖe o.

Emegbe woyi ɖasamam na dɔwɔƒegã si kpɔa nutoa dzi, eye dɔdzikpɔlagã la kple subɔsubɔhakplɔla eve siwo tso Canada la bia gbem gaƒoƒo geɖe. Mlɔeba la, wo dometɔ ɖeka gblɔ nam be, “Ðekakpui, èkpɔ mɔ axɔ nu sia nu si nèdi la dzi ase, gake ele be nàdo ŋugbe na mí be yemaƒo nu tso yeƒe dzixɔsewo ŋu na ame aɖeke o.” Ema nye ŋugbe aɖe si nyemate ŋu ado o. Eya ta wogblɔ nam be madzo le nutoa me, elabena yewomele “aʋatsonyagblɔɖila” aɖeke dim le “nɔvi wɔnuteƒewo” dome o. Le esia megbe la, wogblɔ nam be yewoaxe mía kple nye ƒomea katã ƒe ʋuɖoga. Metɔ afɔ to sesĩe, eye megbe be nyemadzo o.

Le ƒe 1953 ƒe dzomeŋɔli ma la, mede takpekpe aɖe le Asunción. Le afi ma la, meƒo nu kple Nathan Knorr, si tso Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York. Eɖo aɖaŋu nam be maʋu ava atsi fiadua me ahawɔ dɔ kple dutanyanyuigblɔla ʋɛ siwo woɖo ɖe afi ma la, vevietɔ esi wònye be kutsetse boo aɖeke menɔ dodom tso gbeƒãɖeɖe le Mennotɔwo ƒe nutoa me me o ta.

Fiaɖuƒea Ðoɖo Nɔƒe Gbãtɔ

Ðasefo 35 aɖewo koe nɔ Paraguay bliboa katã ɣemaɣi. Metsɔ nya la ɖo srɔ̃nye ŋkume, eye togbɔ be mekpɔ dzidzɔ ɖe ʋuʋu ayi dugã me ŋu tututu o hã la, elɔ̃ faa be yeadze dugã me gbenɔnɔ gɔme ake. Le ƒe 1954 me la, mía kple Katerina ɖeɖe míetsɔ anyikpewo tso aƒe le míaƒe vovoɣiwo me. Míeda kpekpe aɖeke ƒu kpɔ o, eye míeƒoa nu na amewo tso Biblia ŋu le kwasiɖanuwuwuwo.

Mɔnukpɔkpɔ siwo su asinye la dometɔ ɖekae nye be mekplɔa nutome sue dzikpɔla, alo subɔla mɔzɔlaa, ɖo abe eƒe nyagɔmeɖela ene ne ele hamewo srãm kpɔ le Germanygbedolawo ƒe nuto siwo le Paraguay la me. Esi wònye be nyemese Spaingbe nyuie o ta la, zi gbãtɔ si meɖe nuƒo aɖe gɔme tso Spaingbe me yi Germanygbe me lae anya nye dɔdeasi sesẽtɔ kekeake si mexɔ kpɔ.

Le srɔ̃nye ƒe lãmesẽnyawo ta la, míeʋu yi Canada le ƒe 1957 me. Eye le ƒe 1963 me la, míeʋu yi United States. Afi ka kee míeɖayi o, míedzea agbagba tsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe vevitɔ le míaƒe agbe me ɣesiaɣi. (Mateo 6:33) Medaa akpe na Yehowa Mawu vevie be wòna mɔnukpɔkpɔ su asinye be mesrɔ̃ nyateƒe si le eƒe Nya, Biblia, me esime menye ɖekakpui dzaa ko. Ale si wotsɔ Biblia na hehem kpe ɖe ŋunye le mɔ geɖewo nu le nye agbe me katã!

Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe ŋutɔe wònye nam be mekpe ɖe ame bubuwo ŋu wosrɔ̃ Biblia me nyateƒe wɔnuku si he dzidzeme geɖe vae nam la. Nu si gado dzidzɔ nam wue nye be Biblia me hehenana la ɖe vi na vinyewo kple tɔgbuiyɔvinyewo katã tso woƒe ɖevime ke. Wo katã wole wɔwɔm ɖe aɖaŋu si Nɔviŋutsu Peters ɖo nam ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la dzi be, “Nu ka kee ɖadzɔ o mègaŋlɔ tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa be gbeɖe o.”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]

Nu si gado dzidzɔ nam wue nye be Biblia me hehenana la ɖe vi na vinyewo kple tɔgbuiyɔvinyewo katã tso woƒe ɖevime ke

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Mía kple Katerina do ŋgɔ teti na míaƒe srɔ̃ɖeɖe le ƒe 1950 me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Mía kple mía vi gbãtɔ le míaƒe aƒe me le Paraguay, le ƒe 1952 me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Mía kple ƒonyemetɔwo egbea

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Photo by Keith Trammel © 2000

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 19]

Photo by Keith Trammel © 2000