Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mesrɔ̃ Ale Si Gbegbe Agbe Xɔ Asii

Mesrɔ̃ Ale Si Gbegbe Agbe Xɔ Asii

Mesrɔ̃ Ale Si Gbegbe Agbe Xɔ Asii

APRIL 16, 2007 ƑE ŊDI MEE. Esi mexatsa ɖokuinye ɖe Norris Hall dziƒoxɔ, si le Virginia Polytechnic Institute and State University, alo Virginia Tech sukua me la, ƒe dzisasrã etɔ̃lia ƒe xɔ aɖe ƒe dzogoe dzi la, megaɖo ŋku ale si gbegbe wòle be míakpɔ ŋudzedze ɖe agbenɔŋkeke xɔasi ɖe sia ɖe si míatso ɖo ŋu la dzi.

Menɔ nye dɔwɔƒe nɔ dzadzram ɖo be mayi dzisasrã evelia dzi aɖatsɔ nye lɛta. Nufialagã aɖe va bia tso asinye be mayi yeƒe dɔwɔƒe ava trɔ asi le yeƒe kɔmpiuta ŋu na ye. Esi míenɔ gegem ɖe eƒe dɔwɔƒea la, míese tudada si tra ɖe enu ƒe ɖiɖi le dzisasrã evelia dzi. Esi míenya nu si nɔ edzi yim o ta la, míeɖe abla ge ɖe xɔa me, do ʋɔa henɔ nu si adzɔ ɖe mía dzi le miniti ʋɛ siwo nɔ mía ŋgɔ me la lalam dzimaɖeɖitɔe. Mebe ɖe dzogoe aɖe dzi eye meʋu nye dzi me na Yehowa Mawu le gbedodoɖa me hebiae be wòafia mɔm matsɔ anɔ te ɖe nu sia nu si ava la nu.

Esi míenɔ lalam le afi ma la, meɖo ŋku nane si dzɔ ƒe 15 aɖewoe nye ma la dzi. Menye ʋudzraɖola le ʋudzraɖoƒe aɖe. Nye dɔwɔhati aɖe lé gagbɛ aɖe si me mɔmemi sue aɖe nɔ ɖe asi, tete wòlé dzo vla. Nublanuitɔe la, dzika si tso eƒo na wòtsɔe ƒu gbe ɖe nye mo enumake! Megbɔ dzudzɔ xɔdzoa eye dzoa fiãm baɖabaɖa tso ta gbɔ va se ɖe akɔta heɖo keke lãkusi me ke. Wotsɔ helikɔpta kɔm yi dɔnɔkɔdzi aɖe si kpɔa ame siwo dzo fiã la gbɔ hewɔ atike nam vevie ɣleti etɔ̃ kple afã, eye menɔ ʋiʋlim be matsi agbe. Le atikewɔwɔ nam ɣleti atɔ̃ megbe la, mete ŋu trɔ gbɔ va aƒe me, eye mekpɔ dzidzɔ be megakpɔtɔ le agbe ya teti. Mesrɔ̃e le nudzɔdzɔ ma me be ele be mabu ŋkeke ɖe sia ɖe nu xɔasii. Nudzɔdzɔ sia na nye si nye Ðasefo la megaɖoe kplikpaa wu tsã be mazã nye agbe atsɔ awɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa Mawu, ame si na agbe mam.—Psalmo 90:12; Yesaya 43:10.

Ale si afɔkua gblẽ nu le ŋunye la wɔe be nyemegate ŋu wɔa ʋudzadzraɖodɔ azɔ o, eya ta mesrɔ̃ kɔmpiuta ŋu dɔ, eye woxɔm mewɔa dɔ le Virginia Tech sukua me. Ema tae menɔ Norris Hall dziƒoxɔa dzi ŋdi ma ɖo.

Esi tudadaa nɔ edzi yim la, míenya kura be ame ɖeka pɛ ƒe tudada amewo dziŋɔtɔ kekeake si dzɔ kpɔ le United States ƒe ŋutinya me lae nye ema nɔ edzi yim le dzisasrã si le mía te ko la dzi o. Amewuwua wu enu esime tudalaa ŋutɔ wu eɖokui le ame maɖifɔ 32 wuwu vɔ megbe. Miniti 20 le nudzɔdzɔ siawo katã megbe la, míese kpovitɔwo zɔ to xɔmɔnu va yina. Míedo ɣli yɔ wo, eye wokplɔ mí yi dedienɔƒe.

Nudzɔdzɔ dziŋɔ ma na mekpɔ ale si gbegbe agbea nu va yina kabakaba eye kakaɖedzi aɖeke mele eŋu o la dze sii. (Yakobo 4:14) Aleke gbegbe wòle vevie be míaka ɖe Yehowa Mawu, ame si nye Agbenala la dzi ahanɔ ŋkeke ɖe sia ɖe bum be enye nunana xɔasi tso egbɔe nye esi!—Psalmo 23:4; 91:2.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 30]

AP Photo/The Roanoke Times, Alan Kim