“Ne Èɖo Coco Tɔsisia Gbɔ La To Ðusime”
Lɛta Aɖe Si Tso Nicaragua
“Ne Èɖo Coco Tɔsisia Gbɔ La To Ðusime”
“ÀHIÃ ʋu aɖe si ate ŋu ato mɔ glidzaglidzawo dzi kple nu si wozãna tsɔ ɖea ʋu le ba me, eye nàtsɔ mɔmemi agbɔsɔsɔme aɖe ɖe asi. Àto ba si aɖo lɔrifɔtiawo dome gakpoa gbɔ la me. Ne èɖo Coco tɔsisia gbɔ la to ɖusime.”
Nyateƒee, nya sia si hati dutanyanyuigblɔla aɖe gblɔ nam la na nye lãme fa vie. Ke hã, le Braɖa ŋdi aɖe la, medze nye mɔzɔzɔa gɔme ɖo ta Kristotɔwo ƒe takpekpe aɖe si woawɔ le Wamblán, du sue aɖe si le Nicaragua ƒe dziehe.
Medze mɔ fɔŋli, eye meku nye ʋu si do xoxo gake gale dɔ wɔm nyuie la to Pan-American Ʋumɔgã zɔzrɔ̃e la dzi. Esi meɖo Jinotega dua me la, meto mɔ si womedo o si dua me tɔwo yɔna be feo, si gɔmee nye mɔ dziŋɔ la, dzi. Hafi mado le dua me la, mede dzesi fiase eve, ɖeka ŋkɔe nye Mawu Ƒe Nukunu, eye evelia ŋkɔe nye Tsitretsitsi La.
Mɔa le gɔdɔgɔdɔ eye wòdze kpo dze ʋe. Meku ʋua ɖɔɖɔɖɔ to baliawo kple ʋeawo me. Meto ta legbe aɖe si le bali aɖe me la ŋu heto to aɖe si tame alilikpowo do ɖo la tame. Mekpɔ atiwo, seƒoƒo dzeaniwo, kple Spaniatɔwo ƒe gbeklɔwo wonɔ dzedzem le afua me.
Esi meva ɖo afi aɖe si mɔa xa zi ɖeka le la, esusɔ vie mekpe ŋgo kple bɔs aɖe si nɔ mɔa ƒe domedome zɔm la. Enɔ dzudzɔ tum gegege, eye eƒe tayawo na kpekuiwo nɔ dzodzom le mɔa dzi. Le Nicaragua afi sia la, àkpɔ woŋlɔ ʋukula siwo kua ʋu anyratɔe la ƒe megbeŋkɔwo ɖe woƒe ʋuwo ƒe ŋgɔgbehuhɔ̃eawo dzi, woƒe ɖewoe nye: Dziɖula, Dziɖegbe (Akekle), Ʋɔ, alo Adela.
Kaka wòaƒo ŋdɔ ga wuieve la, meɖo Pantasma Tagba. Le afi ma la, meto atixɔ aɖe, si ƒe xɔxɔnu wokplɔ nyuie, la ŋu. Nu siwo mekpɔ le afi ma dze abe agbalẽ xoxo aɖe me foto ene: Amegãɖeɖi aɖe nɔ anyi ɖe bentsi aɖe dzi, avu aɖe mlɔ ati aɖe te, wode kɔkuti nyitsu eve ɖe tasiaɖam si ƒe afɔtiwo nye ati la ŋu. Le du sue aɖe me la, mekpɔ ɖevi gbogbo aɖewo nɔ dodom tso suku aɖe me. Wonɔ woƒe sukuwu blɔwo me hexɔ mɔ gã la katã dzi, eye ɖeko wonɔ dzedzem abe ƒutsotsoe siwo va le gbagbam ɖe ƒuta ene.
Ŋdɔa nu sẽ ŋutɔ esime menɔ Wiwilí gogom, eye mekpɔ Coco tɔsisia zi gbãtɔ. Tɔsisi gã sia xɔ dua ƒe akpa gã aɖe, eye wònɔa sisim ɖaa ɖoa ta anyi me. Meɖo ŋku mɔfiame si wonam la dzi, eye medze to ɖusime helé Wamblán mɔ dziŋɔ si didi kilometa 37 la tsɔ.
Meku ʋua to kpewo dzi, ʋewo me, kple kpoƒewo heto tɔsisi sue enyi alo asieke aɖewo me. Esi menɔ agbagba dzem be maƒo asa na ʋe siwo nɔ baba ƒuƒuawo me la, ena be ʋuʋu bla teƒea kɔtɔɔ. Ɛ̃, “meɖu ʋuʋudedi” abe ale si afi ma tɔwo gblɔnɛ
ene. Mlɔeba la, meva ɖo mɔa ƒe seƒe, eye mekpɔ Wamblán, afi si yim menɔ la, le bali doviviti aɖe si me atiwo yɔ fũu la me ɖaa.Le ŋufɔke la, kaka fɔŋli 4:30 naƒo la, ɖeko wòdze abe ame sia ame fɔ xoxo ene. Koklowo ƒe atɔkuku atraɖii na menyɔ, eye mefɔ hezɔ yi mɔ gã la to. Ya si nɔ ƒoƒom tso toa dzi me yɔ fũu kple abolo siwo mem wonɔ le kpowo me la ƒe ʋeʋe lilili.
Paradiso ƒe nɔnɔmetata dzeani si nutala aɖe si le nutoa me ta la le gliwo ŋu le teƒeteƒewo keŋ. Woklã dzesiwo ɖe pulperías, alo fiase siwo le mɔwo ƒe dzogoewo dzi la ŋu, tsɔ doa boblo cola ha vivi vovovowo. Woklã boblodogbalẽ siwo ɖoa ŋku ŋugbe siwo dziɖuɖu etɔ̃ siwo va yi la do na dua me tɔwo dzi na wo la ɖe gliwo ŋu. Wotsɔ zingli dadzowo tu nugododeƒewo ɖe simintikpewo dzi.
Nyee ƒo nu na amewo gbã hedo gbe na wo be Adiós, si nye ale si Nicaraguatɔwo doa gbe na amee. Amewo ko alɔgbɔnu nam heƒo nu nam vividoɖeameŋutɔe. Míekɔ gbe dzi hafi nɔ dze ɖom, le sɔ kple tedzi siwo va nɔ yiyim la ƒe afɔzi ƒe ɖiɖi ta.
Le Fiɖa ɣetrɔ la, ƒomewo va ɖo hena ŋkeke eve takpekpea wɔwɔ. Wo dometɔ aɖewo to afɔ, ɖewo do sɔ, eye bubuwo ɖo ʋu. Ŋutsuvi kple nyɔnuvi sue aɖewo siwo do aŋetokota la zɔ afɔ gaƒoƒo ade sɔŋ. Wozɔ to tɔtsoƒe siwo woɖi tomebɔmbwo ɖo heto tɔ siwo me aguwo nɔ la me dzinɔameƒotɔe. Ame aɖewo siwo tso didiƒe la tsɔ nuɖuɖu vi aɖe—mɔlu si wotsɔ hami ɖa la—ko ɖe asi vae. Nu ka tae wo katã wova ɖo?
Wova be yewoado ŋusẽ etsɔme nyui ƒe mɔkpɔkpɔ si le yewo si la. Wova be yewoase Biblia me numeɖeɖewo. Wova be yewoadze Mawu ŋu.
Memleɖa va ɖo azɔ. Nyasela siwo wu 300 la nɔ anyi ɖe atizikpuiwo kple aŋezikpuiwo dzi le agbadɔ si wotsɔ zingli gbã la te. Vidadawo nɔ no nam wo viwo. Hawo nɔ gbe tem eye koklowo nɔ atɔ kum le agble si te ɖe afi ma ŋu la me.
Yame xɔ dzo gbãgbãgbã, eye eteƒe medidi o dzoxɔxɔa va wu tsɔtsɔ na mí kloe. Togbɔ be enɔ alea hã la, nyaselawo nɔ to lém ɖe aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiame siwo nam wonɔ la ŋu moveviɖoɖotɔe. Ne nuƒolawo le Biblia xlẽm la, woawo hã wonɔa wo tɔwo dzi kpɔm, wodzi ha siwo wotu ɖe Biblia dzi, eye ne ame aɖe le wo teƒe le gbe dom ɖa la, wonɔa to dzi bubutɔe.
Le kpakpã vɔ megbe la, mía kple ame bubuwo míefe kple ɖeviwo. Emegbe míeto nuŋlɔɖi siwo ɖeviawo wɔ la me. Metsɔ ɣletiviwo kple ɣletivihatsotsowo ƒe foto siwo nɔ nye kɔmpiuta dzi la fia wo. Ðeviawo nɔ nu kom, eye dzi dzɔ wo dzilawo hã.
Kasia, takpekpea wu enu eye ɣeyiɣia de be ame sia ame natrɔ ayi aƒe. Medzo le ŋufɔke ƒe ŋdi, nu dodzidzɔname geɖe xɔ susu me nam, eye nye dzi yɔ fũu kple lɔlɔ̃ na xɔ̃nye yeyeawo. Meɖoe kplikpaa be masrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu, eye masrɔ̃ ale si mana nu siwo le asinye la nadze ŋunye kple ale si makpɔ Mawu si nui.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]
Ƒomewo zɔ mɔ kilometa gbogbo aɖewo va takpekpea le Wamblán