Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Siwo Wogblɔ Kple Nu Va Zu Nuŋlɔɖi Kɔkɔewo Ðe Kristotɔ Gbãtɔwo Nya Nuŋɔŋlɔa?

Nya Siwo Wogblɔ Kple Nu Va Zu Nuŋlɔɖi Kɔkɔewo Ðe Kristotɔ Gbãtɔwo Nya Nuŋɔŋlɔa?

Nya Siwo Wogblɔ Kple Nu Va Zu Nuŋlɔɖi Kɔkɔewo Ðe Kristotɔ Gbãtɔwo Nya Nuŋɔŋlɔa?

XƆSETƆ gbogbo siwo nɔ anyi le ƒe geɖe siwo va yi me la zã ɣeyiɣi geɖe ɖe nuŋlɔɖi siwo xɔ ŋkɔ wu la dometɔ aɖewo xexlẽ, wo sɔsrɔ̃, kple wo me dzodzro ŋu—nuŋlɔɖi siawoe nye Hela Ŋɔŋlɔawo, siwo wolɔ̃a yɔyɔ be Nubabla Yeye la. Nuŋlɔɖi siawo kpakple Biblia ƒe akpa susɔea siaa kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe míaƒe xexea kple agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo dzi, eye nuŋlɔlawo kple nutalawo wɔ wo ŋu dɔ. Ƒo wo katã ta la, wokpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu be Mawu kple Yesu ŋuti sidzedze vavãtɔ su wo si, eye ɖewohĩ aleae wòle le wò hã gowòme.—Yohanes 17:3.

Menye Yesu ƒe ku megbe teti ye woŋlɔ Nya Nyui gbalẽawo kple Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa bubuawo o. Anɔ eme be Mateo ŋlɔ eƒe Nya Nyui gbalẽa ƒe 7 alo 8 megbe, eye Yohanes ŋlɔ etɔa anɔ abe ƒe 65 megbe ene. Aleke wote ŋu wɔ ŋlɔ nya siwo Yesu gblɔ kple nu siwo wòwɔ la ɖi pɛpɛpɛ? Eme kɔ ƒãa be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wɔ akpa vevi aɖe le mɔfiafia wo me. (Yohanes 14:16, 26) Gake aleke wowɔ be Yesu ƒe nufiafiawo va ɖo amewo gbɔ dedie, eye wova zu Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe akpa aɖe mlɔeba?

‘Ame Manyagbalẽwoe’ Wonyea?

Le ƒe alafa siwo va yi me la, ame aɖewo gblɔ be Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo meŋlɔ nu siwo Yesu fia kple nu siwo wòwɔ la ɖi o, ke nu koe wotsɔ gblɔnɛ na amewo. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽnyala aɖe gblɔ be: “Ƒe gbogbo aɖewo va yi le Yesu ƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔwɔ vɔ megbe hafi Nya Nyui gbalẽawo ŋlɔlawo va ŋlɔ eƒe nyawo ɖe agbalẽ me. Le ɣeyiɣi mawo me la, nu koe wotsɔ gblɔa nu siwo wonya tso Yesu ŋu na amewo.” Numekula aɖewo gblɔna gɔ̃ hã be Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo nye “ame manyagbalẽwo.” * Gakpe ɖe eŋu la, ame mawo gblɔ be le ƒe gbogbo siwo me wotsɔ nu ko gblɔa Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ŋu nyawo na amewo me la, wotsɔ nyawo kpee, gbugbɔ trɔ asi le ɖewo ŋu be woasɔ na ɣeyiɣia heɖe ami ɖee. Le esia ta wogblɔna be Yesu ƒe ŋutinya ŋutɔŋutɔ to vovo sãsãsã tso nu siwo woŋlɔ tso eŋu la gbɔ.

Nya bubu si numekula aɖewo lɔ̃a gbɔgblɔ ye nye be Yesu ƒe nusrɔ̃la kplikplikpli siwo nye Yudatɔwo la anya srɔ̃ rabiwo ƒe nufiafiamɔnu—nuwo léle ɖe tame ahagbugbɔ wo anɔ gbɔgblɔm—si na be wotsɔa nu gblɔa nyawo na amewo wodena pɛpɛpɛ. Nu koe nusrɔ̃lawo tsɔ gblɔa eƒe ŋutinya na amewoa? Alo ɖe wòanye be nuŋɔŋlɔ wɔ akpa vevi aɖe le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ŋuti nyawo ta kpɔkpɔ mea? Togbɔ be míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi blibo o hã la, ate ŋu anɔ eme be nuŋɔŋlɔ wɔ akpa aɖe le esia gome.

Nuŋɔŋlɔ Le Gbe Sia Gbe Dɔwo Me

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ame ɖe sia ɖe ƒomevi nya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. Hebrigbe kple Sem ƒe dzidzimeviwo ƒe gbegbɔgblɔwo ŋuti nunyalagã Alan Millard gblɔ tso esia ŋu be: “Nuŋɔŋlɔ le Helagbe, Aramgbe, kple Hebrigbe me keke ta, eye ame siwo le ɖoƒe vovovowo tea ŋu ŋlɔa nu.” Egblɔ kpee be: “Ame mawo domee Yesu wɔ dɔ le.”

Nufialagã Millard ŋlɔ ku ɖe nya si amewo nɔa gbɔgblɔm be “dukɔ aɖe si me tɔwo menya agbalẽ kura o” mee Nya Nyui gbalẽawo tso ŋu be: “Esia nye nukpɔsusu si mesɔ kura o, [elabena] anɔ eme godoo be amewo nya nuŋɔŋlɔ le afi sia afi . . . Le esia ta, zi geɖe la, ame aɖewo nɔa anyi siwo ate ŋu aŋlɔ nya aɖe si wose la ɖi, hena woawo ŋutɔwo ƒe zazã alo be woagblɔe afia ame bubuwo.”

Edze abe nuŋlɔkpe siwo ŋu wosi bosomi (anyĩgba) ɖo si dzi wowɔa nuŋlɔɖi kpuiwo ɖo la bɔ ɣemaɣi ene. Esia tɔgbi dze le Luka ta gbãtɔ me. Wobia Zaxariya, si zu mumu hena ɣeyiɣi aɖe la, be wòagblɔ ŋkɔ si wòdi be woatsɔ na viaŋutsuvia. Kpukpui 63 lia gblɔ be: “[Ebia] be woatsɔ nuŋlɔkpe na ye [edze abe dzesiwoe wòwɔ tsɔ bia esia ene], eye wòŋlɔ ɖe edzi be: ‘Yohanes ye nye eƒe ŋkɔ.’” Biblia gɔmeɖegbalẽwo gblɔ be, nya “nuŋlɔkpe” ate ŋu afia nuŋlɔʋuƒo gbabɛ aɖe si ŋu wosi bosomi ɖo. Nuŋlɔkpe anya nɔ ame aɖe si le afi ma eye wòtsɔe na Zaxariya wòŋlɔ nu ɖe edzi.

Kpɔɖeŋu bubu aɖe hã ɖee fia be kpeɖodzi li be nuŋlɔkpewo nɔ anyi ɣemaɣi eye wozãa wo. Míexlẽ le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me be Petro nɔ nu ƒom na ameha aɖe le gbedoxɔa me henɔ nu xlɔ̃m wo be: “Mitrɔ dzi me . . . ne woatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa.” (Dɔwɔwɔwo 3:11, 19) Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be: “Nu si dzi dɔwɔnya si dze le afi sia kple ɖewohĩ teƒe bubuwo he susu yi lae nye nuŋɔŋlɔwo tutuɖa le nuŋlɔkpe si dzi wosi bosomi ɖo la dzi bene woate ŋu aŋlɔ nu ɖe edzi ake.”—The New International Dictionary of New Testament Theology.

Nya Nyui gbalẽawo me nuŋlɔɖiwo hã ɖee fia be Yesu yomedzelawo kple eƒe nyasela aɖewo anya nye ame siwo ŋlɔa nu le woƒe gbe sia gbe dɔwo me. Le kpɔɖeŋu me, wo dometɔ aɖewoe nye nudzɔla Mateo kple Zaxeo (Mateo 9:9; Luka 19:2); ƒuƒoƒe dzi kpɔla aɖe (Marko 5:22); asrafomegã aɖe (Mateo 8:5); Yohana, si nye dziɖuɖumegã aɖe si wɔa dɔ le Herodes Antipa te la srɔ̃ (Luka 8:3); agbalẽfialawo, Farisitɔwo, Zadukitɔwo, kple Sanhedrin la me tɔwo siaa. (Mateo 21:23, 45; 22:23; 26:59) Ðikeke mele eme o be Yesu ƒe apostoloawo kple eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe nya nuŋɔŋlɔ—ne menye wo katãe o hã.

Wonye Nusrɔ̃lawo, Nufialawo, Kple Nuŋlɔlawo

Hafi nusrɔ̃lawo nate ŋu anye nufiala Kristotɔwo la, ehiã be woanya nu siwo Yesu gblɔ kple nu siwo wòwɔ, eye ele hã be woase ale si Se la kple nyagblɔɖi siwo le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la ku ɖe Kristo la ŋui la gɔme. (Dɔwɔwɔwo 18:5) Eɖe dzesi be Luka ŋlɔ nu tso kpekpe aɖe si Yesu wɔ kple eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo le eƒe tsitretsitsi vɔ megbe teti la ŋu. Nu kae Yesu wɔ? “Esi wòdze egɔme tso Mose kple Nyagblɔɖilawo katã dzi la, eɖe nu siwo katã ku ɖe eya ŋutɔ ŋu le Ŋɔŋlɔawo katã me la me na wo.” Ema megbe kpuie la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “‘Nya siawoe megblɔ na mi esime megakpɔtɔ nɔ mia gbɔ, be ele be nu siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe sea kple Nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋunye la nava eme.’ Azɔ eʋu woƒe susu nyuie, bene woase Ŋɔŋlɔawo gɔme.” (Luka 24:27, 44, 45) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nusrɔ̃lawo va ‘ɖo ŋku’ nu siwo me Yesu ɖe na wo la dzi.—Yohanes 12:16.

Nuŋlɔɖi siawo ɖee fia be anye be apostoloawo kple nusrɔ̃lawo tsɔa moveviɖoɖo nɔa Ŋɔŋlɔawo me dzrom henɔa wo srɔ̃m, si wɔe be wote ŋu va se nu siwo wokpɔ kple nu siwo wose le woƒe Aƒetɔ, Yesu Kristo, gbɔ la gɔme bliboe. (Luka 1:1-4; Dɔwɔwɔwo 17:11) Mawusubɔsubɔ ŋuti nufialagã, Harry Y. Gamble si fiaa nu le Virginia Yunivɛsiti gblɔ tso esia ŋu be: “Ðikeke aɖeke mele eme o be, tso gɔmedzedzea me ke la, Kristotɔwo, alo woƒe ƒuƒoƒowo, nɔ anyi siwo tsɔ wo ɖokuiwo ɖo anyi ɖe Hebri ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ kple wo gɔme ɖeɖe ŋu, eye wonɔa te ɖe wo me nyawo dzi tiaa mawunyakpukpui siwo ɖo kpe Kristotɔwo ƒe dzixɔsewo dzi heɖea wo ɖe go hena zazã le Kristotɔwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me.”

Nu siawo katã ɖee fia be menye nya siwo wogblɔ kple nu ŋu dɔ koe Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo wɔ o, ke woƒo wo ɖokuiwo ɖe nusɔsrɔ̃, nuxexlẽ, kple nuŋɔŋlɔ hã me vevie. Wonye nusrɔ̃lawo, nufialawo, kple nuŋlɔlawo. Ƒo wo katã ta la, wonye ame siwo doa vevie mawusubɔsubɔ, eye woɖoa ŋu ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu be wòafia mɔ yewo. Yesu na kakaɖedzi wo be, “nyateƒegbɔgbɔ” la ‘aɖo ŋku nu siwo katã yegblɔ na wo la dzi na wo.’ (Yohanes 14:17, 26) Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe wo ŋu woɖo ŋku nu siwo Yesu wɔ kple nya siwo wògblɔ la dzi—woɖo ŋku eƒe nuƒo legbewo, abe Todzimawunya ene, gɔ̃ hã dzi—eye woŋlɔ wo ɖi. (Mateo, ta 5-7) Gbɔgbɔ la kee fia mɔ Nya Nyui gbalẽawo ŋlɔlawo woŋlɔ nu tso ale si Yesu se le eɖokui me ɣeaɖewoɣi kple nya siwo wògblɔ le eƒe gbedodoɖawo me ŋu.—Mateo 4:2; 9:36; Yohanes 17:1-26.

Eya ta togbɔ be Nya Nyui gbalẽawo ŋlɔlawo wɔ nya siwo wogblɔ kple nu kpakple nuŋlɔɖiwo siaa ŋu dɔ hã la, nu siwo woŋlɔ ɖi la tso tsoƒe si ŋu kakaɖedzi le sãsãsã kple esi de ŋgɔ wu ɖe sia ɖe—eyae nye Yehowa Mawu ŋutɔ. Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me,” eye ate ŋu afia nu mí ahafia mɔ mí le nu siwo dzea Mawu ŋu la wɔwɔ me.—2 Timoteo 3:16.

[Etenuŋɔŋlɔ]

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

Yesu yomedzelawo dometɔ aɖewo anya nye ame siwo ŋlɔa nu le woƒe gbe sia gbe dɔwo me

[Nya si ɖe dzesi si le axa 15]

Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo ŋu woɖo ŋku nu siwo wòwɔ kple nu siwo wògblɔ la dzi heŋlɔ wo ɖi

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 15]

 Ame Manyagbalẽwoe Apostoloawo Nyea?

Esime Yerusalem ƒe dziɖulawo kple ametsitsiwo kpɔ “Petro kple Yohanes ƒe dzinɔameƒo, evɔ wonya be ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwo ye wonye la, woƒe mo wɔ yaa.” (Dɔwɔwɔwo 4:13) Ame manyagbalẽwoe apostoloawo nye nyateƒea? Biblia gɔmeɖegbalẽ si nye The New Interpreter’s Bible gblɔ tso nya sia ŋu be: “Edze abe mele be woase nya siawo gɔme le nya la ŋutɔŋutɔ nu abe ɖe Petro [kple Yohanes] meɖo afɔ sukuxɔ me kpɔ o, eye womate ŋu aŋlɔ nu alo axlẽ nu o ene. Ðeko nya mawo ɖe vovototo gã si nɔ ɖoƒe si ʋɔnudrɔ̃laawo nɔ kple esi apostoloawo nɔ dome la fia.”

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

“[Ebia] be woatsɔ nuŋlɔkpe na ye, eye wòŋlɔ ɖe edzi be: ‘Yohanes ye nye eƒe ŋkɔ’”

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Nuŋlɔkpe si dzi wosi bosomi ɖo kple nuŋlɔti siwo wozãna le ƒe alafa gbãtɔ alo evelia M.Ŋ. me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© British Museum/Art Resource, NY