Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yesu Na Eƒe Nyaselawo Ƒe Nu Ku

Yesu Na Eƒe Nyaselawo Ƒe Nu Ku

Na Sɔhɛwo

Yesu Na Eƒe Nyaselawo Ƒe Nu Ku

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be ye hã yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene. Na nudzɔdzɔa nanye nu ŋutɔŋutɔ na wò.

DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ LUKA 2:41-47.

Le wò susu nu la, nya kawo me dzromee wonɔ le dzeɖoɖo si dze le kpukpui 46 lia me?

․․․․․

WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆE.

Èsusu be nu ka gbɔe wòtso be Yesu te ŋu ɖo dze kple hakplɔlawo togbɔ be ɖevi dzaa ko wonye hã? Esi wònye ame deblibo ta koe loo alo nu bubu aɖe hã taea?

․․․․․

DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ LUKA 2:48-52.

Nɔnɔme kae nèsusu be Yesu ɖe fia esime wòbia be: “Nu ka tae wòle be mianɔ diyem?”

․․․․․

Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu meƒo nu na edzilawo dzikutɔe alo amemabumabutɔe o?

․․․․․

WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆE.

Nu ka tae wòsɔ be Yosef kple Maria tsi dzi ɖo?

․․․․․

Togbɔ be Yesu de blibo hã la, nu ka tae wòle be wòayi edzi abɔbɔ eɖokui na edzilawo?

․․․․․

Èsusu be eɖe fu na Yesu be wogbe nya na ye le ame siwo nɔ ŋudzedze kpɔm ɖe ye ŋu la ŋkumea?

․․․․․

TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI.

Ðokuibɔbɔ.

․․․․․

Vevienyenye si le Biblia me sidzedze ƒe amesisusu le ɖevime ŋu.

․․․․․

NU KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU LE NUŊLƆÐI SIA ME, EYE NU KA TAE?

․․․․․