Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu ka tae Yudatɔwo dzea woƒe Sabat la ɖuɖu gɔme tso fiẽ me?

Esime Yehowa de se na eƒe amewo ku ɖe Avuléŋkekea ŋu la, egblɔ be: “Miawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke sia dzi o . . . Dzudzɔgbe blibo wòanye na mi . . . Tso fiẽ va se ɖe fiẽ miaɖu dzudzɔgbe sia.” (3 Mose 23:28, 32) Se sia ɖee fia be wobua ŋkeke ɖe sia ɖe be edzea egɔme tso fiẽ me le ɣeɖoto megbe, eye wòwua enu ɖe ŋufɔke ƒe ɣeɖoto. Eya tae Yudatɔwo bua ŋkekea tso fiẽ yi fiẽ ɖo.

Ŋkekea bubu alea wɔ ɖeka kple ale si Mawu ŋutɔ hã bui. Biblia gblɔ tso nuwɔwɔ ƒe kpɔɖeŋuŋkeke gbãtɔ ŋu be: “Eye fiẽ ɖo, eye ŋu ke: ŋkeke gbãtɔ.” Wobu “ŋkeke” siwo kplɔe ɖo hã nenema, be wodze egɔme tso “fiẽ” me.—1 Mose 1:5, 8, 13, 19, 23, 31, NW.

Menye Yudatɔwo koe bua ŋkekea nenema o. Dukɔ bubuwo abe Atenetɔwo, Numiditɔwo, kple Foiniketɔwo ene, hã bua ŋkekea tso fiẽ yi fiẽ. Blema Babilontɔwo ya bua ŋkekea tso ŋdi yi ŋdi, eye Egiptetɔwo kple Romatɔwo ya bua ŋkekea tso zãtiƒe yi zãtiƒe abe ale si ko míawo hã míebunɛ egbea ene. Ke hã, egbegbe Yudatɔwo gakpɔtɔ dzea woƒe Sabat ɖuɖu gɔme tso fiẽ hewua enu ɖe ŋufɔke ƒe fiẽ.

Nu kae nye “sabat ŋkeke ɖeka ƒe mɔzɔzɔ”?

Esi nusrɔ̃lawo kpɔ Yesu ƒe dziƒoyiyi teƒe le Amitoa dzi vɔ la, wotrɔ yi Yerusalem si anɔ “sabat ŋkeke ɖeka ƒe mɔzɔzɔ.” (Dɔwɔwɔwo 1:12) Mɔzɔla ate ŋu azɔ kilometa 30 le ŋkeke ɖeka me. Ke hã, Amitoa te ɖe Yerusalem ŋu. Ekema nu kae nye “sabat ŋkeke ɖeka ƒe mɔzɔzɔ” la?

Sabat la nye ŋkeke si dzi wònɔ na Israel viwo be woadzudzɔ tso woƒe gbe sia gbe dɔwo me. Womeɖe mɔ be woado dzo gɔ̃ hã le woƒe aƒewo me le ŋkeke ma dzi o. (2 Mose 20:10; 35:2, 3) Yehowa de se na wo be: ‘Ame sia ame natsi aƒe, eye ame aɖeke nagado go le aƒe me le ŋkeke adrelia dzi o!’ (2 Mose 16:29) Se sia ana mɔnukpɔkpɔ Israel viwo be woadzudzɔ tso woƒe gbe sia gbe dɔwo me, eye woakpɔ vovo ɖe mawusubɔsubɔ ŋu geɖe wu.

Esi gɔmeɖose siwo le Yehowa ƒe Sea me medze rabi siwo hea senya tikãa ŋu o ta la, woɖo mɔ ƒe didime si tututu ame ate ŋu azɔ le Sabat la dzi, le kpɔɖeŋu me ne eyina tadeaguƒe, la ɖi—evɔ menɔ te ɖe gɔmeɖose aɖeke dzi o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ tso nya sia ŋu be: “Le se kpaɖii siwo wode ku ɖe Sabat la ɖuɖu ŋu ta la . . . , wova ɖoe anyi koŋ be le Sabat dzi la, Israel vi aɖeke mekpɔ mɔ azɔ agbɔ didime ɖoɖi si woyɔna be Sabat ŋkeke ɖeka ƒe mɔzɔzɔ la ŋu o.” (Cyclopedia of Biblical, Theological, and Ecclesiastical Literature) Woɖo mɔzɔzɔa ƒe didime be wòanye abɔklugui 2,000, si anɔ abe meta 890 va se ɖe 1,110 ene ɖi.

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Ale si Yerusalem dzena tso amitoa dzi